1 Petro 2:1-25

  • Mina nya la nadzro mi (1-3)

  • Kpe gbagbe siwo wotsɔ le gbɔgbɔmexɔ tum (4-10)

  • Agbenɔnɔ abe amedzrowo ene le xexea me (11, 12)

  • Ðokuibɔbɔ nyuitɔ (13-25)

    • Kristo gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí (21)

2  Eya ta miɖe vɔ̃ɖinyenye+ katã, beble, alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa.  Abe vidzĩwo ene la,+ mina nya la ƒe notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, ale be miato edzi atsi ahakpɔ ɖeɖe,+  esi mieɖɔe kpɔ hekpɔ be Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo.  Azɔ esi mieva eya, si nye kpe gbagbe si amewo gbe+ gake wòhenye kpe tiatia xɔasi na Mawu ya gbɔ la,+  miawo ŋutɔwo hã miezu kpe gbagbe siwo wotsɔ le gbɔgbɔmexɔ+ tum hena nunɔlanyenye kɔkɔe, ale be miato Yesu Kristo dzi asa gbɔgbɔmevɔ+ siwo dzea Mawu ŋu.+  Elabena Ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele kpe tiatia aɖe ɖom anyi le Zion, si nye gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe xɔasi, eye ame sia ame si xɔa edzi sena la maɖu ŋukpe akpɔ o.”+  Eya ta miawoe wòxɔ asi na, elabena miexɔe se; ke ame siwo mexɔna sena o la, “kpe si xɔtulawo gbe+ la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ,”+  eye wònye “nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe.”+ Wokpɔa nuɖiaɖia elabena womeɖoa to nya la o. Alea tututue woƒe nuwuwu anɔ.  Ke miawo la, mienye “dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe,+ dukɔ si nye Mawu ƒe nunɔamesi tɔxɛ,+ be miaɖe gbeƒã” Ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua+ me la “ƒe nɔnɔme nyuiwo.”*+ 10  Elabena mienye dukɔ tsã o, ke azɔ mienye Mawu ƒe dukɔ;+ tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.+ 11  Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi amedzrowo,+ ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe, be miatsri ŋutilã ƒe nudzodzro+ siwo le avu wɔm kpli mi* la.+ 12  Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome,+ ale be ne wotso mia nu be mienye vɔ̃wɔlawo hã la, woawo ŋutɔwo woava de dzesi miaƒe nu nyui wɔwɔwo,+ eye woakafu Mawu le eƒe kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi. 13  Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe nuɖoanyiwo katã te+ le Aƒetɔ la ta, eɖanye fia+ si le ɖoƒe kɔkɔ, 14  alo nutodziɖula siwo wòdɔna be woahe to na nu vɔ̃ wɔlawo gake woakafu nu nyui wɔlawo, la o.+ 15  Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be miawɔ nu nyui atsɔ atsi ame mabutamewo ƒe nuƒoƒo numanyamanyatɔe la nu.+ 16  Minɔ abe ablɔɖemewo ene,+ ke migazã miaƒe ablɔɖe la abe taflatsɛdonu ene anɔ nu vɔ̃ɖi wɔm o,+ ke boŋ mizãe abe Mawu ƒe kluviwo ene.+ 17  Mibu ame ƒomeviwo katã,+ milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã,+ mivɔ̃ Mawu,+ mibu fia la.+ 18  Subɔviwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na woƒe aƒetɔwo ahatsɔ bubu si wodze na la na wo,+ menye wo dometɔ siwo nye ame nyuiwo kple nugɔmeselawo ko o, ke esiwo ŋu nu medzena o hã. 19  Elabena enye nu nyui ne ame aɖe doa dzi le xaxawo me, eye wòkpea fu madzemadzee le esi wòdi be dzitsinya nyui nanɔ ye si le Mawu gbɔ ta.+ 20  Elabena ne woƒo mi le nu vɔ̃ wɔwɔ ta eye miedo dzi tsɔe la, viɖe kae wònye?+ Gake ne miekpea fu le nu nyui wɔwɔ ta, eye miedo dzi tsɔe la, esia dzea Mawu ŋu.+ 21  Le nyateƒe me la, agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, elabena Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã kpe fu le mia ta,+ eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.+ 22  Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o,+ eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.+ 23  Esi wodzui+ la, medzu ame ɖe eteƒe o.+ Esi wòle fu kpem+ la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na Ame si drɔ̃a ʋɔnu+ dzɔdzɔe la. 24  Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo+ ɖo eƒe ŋutilã dzi le ati la ŋu,+ ale be míaku na nu vɔ̃ wɔwɔ ahanɔ agbe na nu dzɔdzɔe wɔwɔ.* Eye “woto eƒe abiwo dzi yɔ dɔ mi.”+ 25  Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ ene,+ ke azɔ mietrɔ va miaƒe luʋɔ* ƒe kplɔla+ kple dzikpɔla la gbɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, dɔwɔna nyuiwo.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “be míadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ahanɔ agbe le dzɔdzɔenyenye me.”
Alo, “agbe.”