Dɔwɔwɔwo 27:1-44

  • Paulo ɖo tɔdziʋu yi Roma (1-12)

  • Ya sesẽ aɖe lɔ tɔdziʋua ɖe enu (13-38)

  • Tɔdziʋua gbã (39-44)

27  Ke esi woɖoe be míaɖo tɔdziʋu ayi Italia+ ta la, wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asrafomegã aɖe si ŋkɔe nye Yulio, si tso Augusto ƒe asrafoha me la si.  Míeɖo tɔdziʋu aɖe si tso Adramitio, si adze ɖe ʋudzeƒe vovovowo le Asia nutoa me, eye míeho. Aristarko,+ si nye Makedoniatɔ tso Tesalonika, hã yi kpli mí.  Esi ŋu ke eye míeɖi go ɖe Sidon la, Yulio nyo dɔme na Paulo ŋutɔ, eye wòɖe mɔ nɛ be wòayi exɔlɔ̃awo gbɔ ne woakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ.  Esi míeho tso afi ma la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí, eya ta míeto teƒe si awɔe be Kipro naxe ya la na mí.  Eye míeto Kilikia kple Pamfilia ƒugo ŋu, eye míedze ɖe Mira le Likia.  Ke asrafomegã la kpɔ tɔdziʋu aɖe le afi ma si tso Aleksandria yina Italia, eye wòna míeɖoe.  Azɔ míaƒe ʋua zɔ blewu eye le ŋkeke geɖe megbe la, míewɔ ɖɔɖɔɖɔ va ɖo Knido. Esi ya la mena mɔ mí be míayi ŋgɔ o ta la, míeto teƒe si awɔe be Kreta naxe ya la na mí, eye míeva ɖo Salmone kasa.  Eye míewɔ ɖɔɖɔɖɔ va to ƒugo ma ŋu va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be Ʋudzeƒe Nyui la, si te ɖe Lasea dua ŋu.  Ŋkeke geɖe va yi, eye le ɣeyiɣi sia me la, afɔku anɔ ƒudzimɔzɔzɔ me, elabena Avuléŋkeke+ ƒe nutsitsidɔ la hã va yi xoxo, eya ta Paulo ɖo aɖaŋu 10  na wo be: “Mía tɔwo, mekpɔe be nu geɖewo le gbegblẽ ge le ƒudzimɔzɔzɔ sia me, eye nu geɖewo abu, menye agbawo kple ʋua ko o, ke míaƒe agbewo* hã.” 11  Gake asrafomegã la xɔ tɔdziʋukulaa kple ʋua tɔ dzi se wu nya siwo gblɔm Paulo nɔ. 12  Esi ʋudzeƒe la manya nɔ le vuvɔŋɔli o ta la, ame akpa gãtɔ ɖo aɖaŋu be míaho adzo, kple susu be ɖewohĩ míate ŋu aɖo Foinike, si nye ʋudzeƒe aɖe le Kreta, ne míanɔ afi ma le vuvɔŋɔli la. Ʋudzeƒe sia dze ŋgɔ dzieheɣedzeƒe kple anyieheɣedzeƒe. 13  Esi anyieheya nɔ ƒoƒom blewu ta la, wosusu be yewoƒe tameɖoɖoa adze edzi, eya ta woho seke la, eye míedze mɔ heto Kreta ƒugo la ŋu. 14  Ke eteƒe medidi kura o, ya sesẽ si woyɔna be Eurakilo* la ƒo kpe ʋua. 15  Esi ya la le tɔdziʋua nyamam vevie, eye ʋua de ŋgɔ yi ge do kpoe ta la, míeɖe asi wòkɔ mí dzoe. 16  Azɔ míetrɔ to teƒe si ana ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda la, naxe ya la na mí, ke hã, bebli hafi míete ŋu he tɔdziʋu sue si wotsi ɖe ʋua megbe la ɖe ʋua ŋu. 17  Ke esi wohee ɖe dzi vɔ la, wotsɔ ka to ʋua te blae sesĩe be wòagaʋã o; eye esi wole vɔvɔ̃m be ʋua ava si ke le Sirte* ta la, woɖiɖi abala la, ale ya la kɔ mí ɖe nu. 18  Le ŋufɔke esi ahom la le mía nyamam vevie ta la, wote ʋua me nuwo fɔfɔ ƒu gbe be ʋua nanɔ wodzoe. 19  Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woawo ŋutɔwo fɔ ʋua me dɔwɔnuwo ƒu gbe. 20  Ke esi ɣe alo ɣletivi aɖeke medze o ŋkeke geɖe eye ahom sesẽ la nɔ mía nyamam ta la, míebu mɔkpɔkpɔ na agbetsitsi kura. 21  Eye esi ameawo nɔ anyi numaɖumaɖui eteƒe didi la, Paulo tsi tsitre ɖe wo dome gblɔ na wo be: “Mía tɔwo, ɖe wòle be miaɖo to nye aɖaŋuɖoɖo be miagaho tso Kreta o hafi, anye ne nu magblẽ le mía ŋu, eye míabu nu geɖewo alea o.+ 22  Ke azɔ la, mele dzi dem ƒo na mi be mialé dzi ɖe ƒo, elabena mia dometɔ aɖeke mabu eƒe agbe* o, negbe tɔdziʋua koe agbã. 23  Elabena le zã sia me la, Mawu, ame si tɔ menye, si mesubɔna la, ƒe dɔla+ va tɔ ɖe gbɔnye 24  gblɔ be: ‘Paulo, mègavɔ̃ o. Àtsi tsitre ɖe Kaisaro+ ŋkume, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ ame siwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.’ 25  Eya ta nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se be ava eme pɛpɛpɛ abe ale si wògblɔe nam ene. 26  Ke hã, míava si ke le ƒukpo aɖe dzi.”+ 27  Ke le ŋkeke wuienelia ƒe zãtiƒe esi ya le mía nyamam le Adria-ƒua dzi la, ʋua me dɔwɔlawo bu be yewogogo anyigba aɖe. 28  Eya ta woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ meta blaetɔ̃ vɔ ade;* wogate yi ŋgɔ vie, eye wogada dzidzeka ake hekpɔ meta blaeve vɔ adre.* 29  Esi wole vɔvɔ̃m be míava dze go ɖe kpewo dzi ta la, woda seke ene le megbe lɔƒo henɔ mɔ kpɔm vevie be agu nadze. 30  Ke esi ʋua me dɔwɔlawo di be yewoasi le ʋua me, eye woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe ƒua dzi hewɔ abe seke da gee woyina ɖe ʋua ƒe tagbɔ ene la, 31  Paulo gblɔ na asrafomegã la kple asrafoawo be: “Ne ame siawo mele ʋua me o la, miatsi agbe o.”+ 32  Eya ta asrafoawo tso tɔdziʋu sue la ƒe kawo, eye ƒua kɔe dzoe. 33  Le fɔŋli la, Paulo de dzi ƒo na wo katã be woadi nane aɖu, eye wògblɔ na wo be: “Ŋkeke wuiene sɔŋ ye nye esi mietsi dzodzodzoe, eye mieɖu naneke o. 34  Eya ta meɖe kuku na mi be midi nane ɖu, ne mianɔ dedie, elabena mia dometɔ aɖeke ƒe taɖa ɖeka hã mabu o.” 35  Esi wògblɔ esia la, eya ŋutɔ tsɔ abolo, eye wòda akpe na Mawu ɖe eta le wo katã ŋkume, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me. 36  Ale dzi ɖo wo katã ƒo, eye woawo hã woɖu nu. 37  Ke mí ame siwo katã nɔ tɔdziʋua me la míele ame* alafa eve blaadre vɔ ade. 38  Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wofɔ lugba si wodo ɖe ʋua me la ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe.+ 39  Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba la dze sii o,+ gake wonɔ adɔ̃ aɖe si ŋu ƒuta le la kpɔm ɖaa, eye woɖoe be ne yewoate ŋui la, yewoaku ʋua ayi afi ma. 40  Eya ta wotso sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã zi ɖeka, eye wodo abala la kpe ya la heɖo ta ƒuta. 41  Esi ʋua va lɔ kekpo aɖe le ƒua me eye wòsi ke la, eƒe tagbɔ xaxa eye megate ŋu le ʋaʋãm o, ale ƒu tsotsoeawo gbã ʋua te kakɛkakɛe le megbe lɔƒo.+ 42  Eya ta asrafoawo ɖoe be yewoawu gamenɔlawo, ale be wo dometɔ aɖeke nagaƒu tsi asi o. 43  Ke asrafomegã la di be yeakpɔ Paulo ta, eya ta egblẽ woƒe tameɖoɖo la me. Eye wòɖe gbe na ame siwo ate ŋu aƒu tsi la be woadzo adze ƒua me gbã, ne woayi gota, 44  eye ame susɔeawo hã naku ɖe ʋuƒowo alo tɔdziʋua ƒe kakɛwo ŋu aɖi go. Ale ameawo katã de gota dedie.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔwo.”
Efia, dzieheɣedzeƒeya.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “fatom 20.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “fatom 15.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “luʋɔ.”