Nyaɖeɖefia 3:1-22

  • Gbedeasi na Sardes (1-6), na Filadelfia (7-13), na Laodikea (14-22)

3  “Ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Sardes la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo+ kple ɣletivi adreawo+ le la, gblɔe nye esi: ‘Menya wò dɔwɔwɔwo, èxɔ ŋkɔ be èle agbe, gake èku.+  Nɔ ŋudzɔ,+ eye nàdo ŋusẽ nu siwo susɔ siwo le kukum la, elabena nyemekpɔe be èwɔ wò dɔwo bliboe le nye Mawu ŋkume o.  Eya ta nɔ ŋku ɖom nu si nèxɔ kple nu si nèse la dzi, eye yi edzi nàlé eme ɖe asi, eye nàtrɔ dzi me.+ Ke ne mènyɔ o la, mava abe fiafitɔ ene,+ eye mànya gaƒoƒo si dzi mava do ɖe dziwò la kura o.+  “‘Ke hã, ame* ʋɛ aɖewo le mewò le Sardes, siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o,+ eye woazɔ kplim le awu ɣiwo me,+ elabena wodze.  Ame si ɖu dzi la,+ woado awu ɣiwo nɛ,+ eye nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽ la me akpɔ o,+ ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye ŋkume kple eƒe dɔlawo ŋkume.+  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’  “Ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Filadelfia la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si le kɔkɔe,+ ame si nye nyateƒetɔ,+ ame si si David ƒe safui la le,+ ame si ʋunɛ ale be ame aɖeke metunɛ o, eye wòtunɛ ale be ame aɖeke meʋunɛ o la, gblɔe nye esi:  ‘Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru aɖe si le ʋuʋu+ ɖi la ɖo ŋkuwòme, si ame aɖeke mate ŋu atu o. Eye menya be ŋusẽ vi aɖe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o.  Kpɔ ɖa, mana Satana ƒe ƒuƒoƒe me tɔ siwo gblɔna be Yudatɔwo yewonye,+ evɔ womenyee o ke boŋ aʋatso kam wole la, nava bɔbɔ ɖe wò afɔnu ade bubu ŋuwò, eye mana woanyae be melɔ̃ wò. 10  Esi nèlé nye dzidodo+ ŋuti nya la me ɖe asi* ta la, nye hã makpɔ tawò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo+ si gbɔna anyigbadzinɔlawo katã dzi be wòado ame siwo katã le anyigba dzi kpɔ la me. 11  Megbɔna kpuie.+ Lé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ, ale be ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.+ 12  “‘Ame si ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye Mawu ƒe gbedoxɔ la me, eye magado le eme akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ+ kple nye Mawu ƒe du si nye Yerusalem Yeye,+ si le ɖiɖim tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ la ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eŋu.+ 13  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’ 14  “Ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Laodikea+ la ƒe dɔla be: Nya siwo Amen+ la, ɖasefo+ nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ,+ ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la, gblɔe nye esi:+ 15  ‘Menya wò dɔwɔwɔwo, be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Ðe madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi. 16  Eya ta esi nèle yɔyrɔe, mèxɔ dzo+ o eye mèfa+ hã o ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me. 17  Elabena ègblɔna be, “Kesinɔtɔ+ menye, eye kesinɔnuwo le asinye, eye naneke mehiãm kura o,” ke mènya be hiãtɔ, nublanuitɔ, ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple amamanɔla yenye o; 18  mele aɖaŋu ɖom na wò be nàƒle sika si wolólo le dzo me hedza eŋu la le asinye be nàzu kesinɔtɔ. Ƒle awu ɣiwo, ne awu nanɔ ŋuwò, be màganɔ amama eye ŋu nakpe wò o.+ Eye nàƒle ŋkutike be nàsi ɖe wò ŋkuwo+ ne nàkpɔ nu.+ 19  “‘Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, mekaa mo na wo, eye mehea to na wo.+ Eya ta do vevie nu eye nàtrɔ dzi me.+ 20  Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu le ʋɔa ƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eƒe aƒe me, eye maɖu fiẽnuɖuɖu kplii, eye eya hã aɖui kplim. 21  Ame si ɖu dzi la,+ maɖe mɔ nɛ wòabɔbɔ anɔ nye fiazikpui+ la dzi kplim, abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ+ Fofonye ƒe fiazikpui dzi kplii ene. 22  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkɔ.”
Agate ŋu afia, “nèdze nye dzidodo ƒe kpɔɖeŋu la yome.”