Lododowo 27:1-27

  • Xɔlɔ̃ ƒe mokaname ɖea vi (5, 6)

  • Vinye, do dzidzɔ na nye dzi (11)

  • Ga nyrea ga (17)

  • Nya wò alẽawo ƒe nɔnɔme (23)

  • Kesinɔnuwo menɔa anyi tegbee o (24)

27  Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o,Elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.*+   Na ame bubu nekafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nu o;Ame bubuwo* nekafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nuyiwo o.+   Kpe la, nu kpekpee, eye ke la, agba kpekpee,Ke bometsila ƒe dzikudoname kpena wu evea siaa.+   Dziku sẽa ŋuta, eye dɔmedzoe nyrana,Ke ame kae ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?+   Mokaname le gaglãgbe nyo wu amelɔlɔ̃ le adzame.+   Xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu nye nuteƒewɔwɔ,+Gake futɔ ya ƒe nugbugbɔname sɔa gbɔ.*   Ƒoɖilae* doa vlo anyitsi,*Ke dɔwuitɔ* la, nu veve gɔ̃ hã vivina nɛ.   Ame si tra tso eƒe aƒe gbɔ laLe ko abe xevi si tra tso eƒe atɔ gbɔ* ene.   Ale si ami kple lifi doa dzidzɔ na dzii la,Nenemae aɖaŋuɖoɖo si tso dzi me nana wozua xɔlɔ̃ veviwoe.+ 10  Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o,Eye mègayi nɔviwò ƒe me le gbe si gbe afɔku dzɔ ɖe dziwò o;Aƒelika si tsɔ ame gbɔ la nyo wu ame nɔvi si le adzɔge ʋĩi.+ 11  Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi,+Ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye.+ 12  Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui,+Ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua. 13  Xɔ ame si da megbe na ame tutɔ la ƒe awu le esi;Eye ne dutanyɔnue* wòda megbe na la, ekema xɔ awɔbanu le esi.+ 14  Ame si le ehavi yram ŋdi kanya kple ɣli la,Woabui be enye ɖiŋudodo. 15  Srɔ̃nyɔnu dzrewɔla* le abe xɔ si le ɖuɖum atraɖii le tsidzagbe ene.+ 16  Ame si ate ŋu aɖo asi edzi la, ate ŋu aɖo asi yaƒoƒo dzi,Eye wòate ŋu aku ami ɖe eƒe nuɖusi. 17  Ale si wotsɔa ga nyrea gae la,Nenemae ame nyrea nɔviae.*+ 18  Ame si léa be na gboti la, eyae aɖu eƒe kutsetse,+Eye ame si léa be na eƒe aƒetɔ la, woade bubu eŋu.+ 19  Ale si ame ƒe mo dzena le tsi mee la,Nenemae ame ƒe dzi ɖea ame bubu tɔ fianae. 20  Tsiẽƒe kple tsɔtsrɔ̃ƒe* meɖia ƒo gbeɖe o,+Nenema kee amegbetɔ ƒe ŋku hã meɖia ƒo o. 21  Sonu li ɖe klosalo ŋu, eye kpo ɖe sika ŋu,+Nenema kee wodoa ame kpɔna ne wokafui.* 22  Ne ètsɔ bometsila de to me hetsɔ tati toeAbe bli ene hã la,Eƒe bometsitsi la maɖe ɖa le eŋu o. 23  Wò alẽwo ƒe nɔnɔme nenɔ nyanya na wò nyuie. Lé be na wò lãhawo nyuie,*+ 24  Elabena kesinɔnuwo menɔa anyi tegbee o,+Eye fiakuku hã menɔa anyi na dzidzimeawo katã o. 25  Gbe mumuwo vɔna, eye gbe fẽwo miena,Eye woƒoa nu miemie siwo le towo dzi la nu ƒu. 26  Alẽtsuiawo ana nudodo wò,Eye gbɔ̃tsuawo ana agbleƒlega wò. 27  Gbɔ̃notsi sɔgbɔ anɔ asiwò be nàkpɔ nuɖuɖu,Be nàkpɔ nuɖuɖu na wò aƒemetɔwo, kple nunyiame na wò dɔlanyɔnuwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “mènya nu ka dzi ge ŋkeke la le o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame tutɔ.”
Agate ŋu afia, “nye alakpanuwɔwɔ; ameŋkumenuwɔwɔ.”
Alo, “Luʋɔ si ɖi ƒo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “zɔa anyitsi me.”
Alo, “luʋɔ si dɔ le wuwum.”
Alo, “xevi si le sisim.”
Alo, “amedzro.”
Alo, “fuɖenamela.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nyrea exɔlɔ̃ ƒe moe.”
Alo, “Sheol kple Abadon.”
Alo, “Nenemae ame le ɖe eƒe kafukafu ŋu.”
Alo, “Wò dzi nenɔ wò lãhawo ŋu.”