Luka 11:1-54

  • Ale si míado gbe ɖa (1-13)

    • Kpɔɖeŋugbedodoɖa (2-4)

  • Gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya to Mawu ƒe asibidɛ dzi (14-23)

  • Gbɔgbɔ vɔ̃ la trɔ gbɔ (24-26)

  • Dzidzɔ vavãtɔ (27, 28)

  • Yona ƒe dzesi la (29-32)

  • Ameti la ƒe akaɖi (33-36)

  • Baba na subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo (37-54)

11  Gbe ɖeka Yesu le gbe dom ɖa le teƒe aɖe, eye esi wòwu enu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes hã fia eƒe nusrɔ̃lawoe ene.”  Eya ta egblɔ na wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be: ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.+ Wò Fiaɖuƒe nava.+  Na abolo si asu mía nu gbe sia gbe la mí.+  Eye tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí,+ elabena míawo ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu;+ eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’”*+  Egblɔ na wo be: “Le kpɔɖeŋu me, ne xɔlɔ̃ le mia dometɔ aɖe si, eye wòyi egbɔ le zãtiƒe gblɔ nɛ be: ‘Xɔ̃nye, do abolo etɔ̃ nam,  elabena xɔ̃nye aɖe tso mɔ dzi va gbɔnye fifi laa, gake naneke mele asinye matsɔ aɖo ekɔme o.’  Ke ame ma aɖo eŋu nɛ tso xɔa me be: ‘Dzudzɔ fuɖeɖe nam. Metu ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ana naneke wò o.’  Mele egblɔm na mi be: Ne mafɔ ana nanekee le esi wònye exɔlɔ̃ ta o la, afɔ godoo le esi wòle ebiam atraɖii ta,+ eye wòatsɔ nu siwo hiãe la anɛ.  Eya ta mele egblɔm na mi be, minɔ ebiabia dzi,+ eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.+ 10  Elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ;+ ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ. 11  Le nyateƒe me la, vifofo kae le mia dome si ne via bia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi ɖe tɔmelã teƒe?+ 12  Alo ne ebia koklozii la, wòatsɔ dziɖegbe* anɛ? 13  Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”+ 14  Emegbe enya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si na ame aɖe zu mumu la do goe le amea me.+ Esi gbɔgbɔ vɔ̃a do le amea me ko la, amea ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.+ 15  Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul* dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+ 16  Ke ame bubuwo doe kpɔ hebiae be wòawɔ dzesi+ tso dziƒo yewoakpɔ. 17  Esi wònya woƒe susuwo ta la,+ egblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna, eye aƒe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna. 18  Nenema kee ne Satana hã ma ɖe eɖokui ŋu ɖe, aleke eƒe fiaɖuƒe awɔ ali ke? Elabena miebe Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe. 19  Ne Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema ame ka dzie mia viwo* ya tona nyaa wo doa goe? Esia tae mia viwo adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖo. 20  Ke ne Mawu ƒe asibidɛ+ dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema Mawu Fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi ŋutɔŋutɔ.+ 21  Ne ame sesẽ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo katã hele eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nunɔamesiwo nɔa dedie. 22  Ke ne ame si sesẽ wui va dze edzi heɖu edzi la, etsɔa eƒe aʋawɔnu blibo si ŋu wòle dzi ɖom ɖo la dzonɛ, eye wòmaa eƒe nu siwo wòlɔ le egbɔ la. 23  Ame si mele dzinye o la, tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa amewo nu ƒu kplim o la kaa wo hlẽna.+ 24  “Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le ame aɖe me la, etsana le teƒe siwo ƒu nɔa gbɔɖemeƒe dim, eye ne mekpɔ ɖeke o la, egblɔna be, ‘Matrɔ ayi nye aƒe si me medzo le la me.’+ 25  Eye ne etrɔ va aƒea me la, ekpɔna be wokplɔ eme heɖo atsyɔ̃ nɛ. 26  Azɔ eyina ɖakplɔa gbɔgbɔ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye woyina ɖe eme henɔa afi ma. Eye ame ma ƒe nɔnɔme mlɔetɔwo va gblẽna ɖe edzi wu gbãtɔwo.” 27  Ke esi wòle nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe do ɣli le ameha la dome gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye nyɔnu si ƒe vidzidɔ me nènɔ kple no si nèno!”+ 28  Ke egblɔ be: “Ao, ke boŋ dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”+ 29  Esi amehawo va le ƒu ƒom la, ede asi gbɔgblɔ me be: “Dzidzime vɔ̃ɖie dzidzime sia nye; ele dzesi dim, ke womele dzesi aɖeke na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.+ 30  Elabena ale si ko Yona+ zu dzesi na Niniwetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la hã anye dzesi na dzidzime siae. 31  Woafɔ anyiehefianyɔnu+ la ɖe tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia me tɔwo ŋu, eye wòabu fɔ wo; elabena etso keke anyigba seƒe ke va be yease Salomo ƒe nunyanyawo. Ke kpɔ ɖa, ame si lolo wu Salomo la le afii!+ 32  Niniwetɔwo afɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ dzi me le nya siwo Yona ɖe gbeƒãe la ta.+ Kpɔ ɖa, ame si lolo wu Yona la le afii! 33  Ame aɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo kusi* te o, ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ,+ be wòaklẽ na ame siwo vaa aƒea me la. 34  Wò ameti la ƒe akaɖie nye wò ŋku. Ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu* la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ, ke ne wò ŋku biãa ŋu* la, wò ameti blibo la katã hã me ado viviti.+ 35  Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la nagazu viviti o. 36  Eya ta ne wò ameti blibo la me kɔ, eye eƒe akpa aɖeke medo viviti o la, ekema ameti bliboa me akɔ abe ale si akaɖi ƒe keklẽ naa kekeli wòe ene.” 37  Esi wògblɔ nya siawo la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu kpli ye. Eya ta eyi, eye wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38  Ke ewɔ moyaa na Farisitɔ la be meklɔ asi* gbã hafi be yeaɖu nua o.+ 39  Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Mi Farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋu, ke miaƒe dzi me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi.+ 40  Mi movitɔwo! Menye ame si wɔ eŋuti la kee wɔ eme hã oa? 41  Ke mitsɔ nu siwo le eme la nyo dɔme na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nu bubuwo katã ŋu akɔ na mi! 42  Ke baba na mi Farisitɔwo, elabena mienaa ahamɛ kple ƒãglo kpakple amagbe bubuwo katã ƒe ewolia,+ gake mieŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ya dzi! Ele be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.+ 43  Baba na mi Farisitɔwo, elabena mielɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi* nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo me!*+ 44  Baba na mi, elabena miele abe yɔdo* siwo mele dzedzem nyuie o,+ eye amewo zɔa wo dzi, evɔ womenyana o la ene!” 45  Eya ta ame siwo nya Sea nyuie la dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Nufiala, esi nègblɔ nya siawo la, èdzu míawo hãe.” 46  Eye wògblɔ be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la hã, elabena miedoa agba kpekpe siwo manya tsɔ o la na amewo, ke miawo ŋutɔwo mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka pɛ hã kaa agbaawo ŋu o!+ 47  “Baba na mi, elabena miedzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo* ɖo, evɔ wònye mia tɔgbuiwoe wu wo!+ 48  Nyateƒee, mienye ɖasefowo le mia tɔgbuiwo ƒe nuwɔnawo ŋu, gake mieda asi ɖe wo dzi, elabena ame siawoe wu nyagblɔɖilawo,+ eye miawo miele woƒe yɔdowo dzram ɖo. 49  Esia ta Mawu ƒe nunya gblɔ hã be: ‘Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe wo, woawu wo dometɔ aɖewo eye woati bubuwo yome, 50  bena woabia nyagblɔɖila siwo katã ƒe ʋu wokɔ ɖe anyi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la tso dzidzime sia si me,+ 51  tso Abel+ ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya, ame si wowu ŋutasesẽtɔe le vɔsamlekpui la kple xɔ* la dome ƒe ʋu dzi.’+ Ɛ̃, mele egblɔm na mi be: Woabu fɔ dzidzime sia ɖe woƒe ʋu ta. 52  “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe. Miawo ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye miedina be yewoaxe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!”+ 53  Esi wòdo go le afi ma la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tsi tsitre ɖe eŋu vevie hele nya geɖewo biamee tsɔ le aɖe dem nu me nɛ, 54  eye wole eɖiam, be yewoalée le eƒe nuƒoƒo me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “kpe ɖe mía ŋu be míagana ta le tetekpɔ me o.”
Alo, “akekle, aganɛ.”
Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana.
Alo, “nusrɔ̃lawo.”
Alo, “nudokusi.”
Alo “wò ŋku dzi dza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku vɔ̃ɖi.”
Efia, ame ɖokui ŋuti kɔkɔ le Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi nu.
Alo, “bubunɔƒewo.”
Alo, “asiwo me.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”
Alo, “gbedoxɔ.”