Psalmowo 37:1-40

  • Nu adze edzi na ame siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu

    • Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ta o (1)

    • “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò vevie” (4)

    • “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me” (5)

    • “Ame fafawo anyi anyigba la dome” (11)

    • Womagblẽ ame dzɔdzɔe ɖi wòaɖo abologbe o (25)

    • Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba la dzi tegbee (29)

David ƒe ha. א [Alef] 37  Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ta o,Eye mègaʋã ŋu nu tovo wɔlawo o.+   Elabena woayrɔ kaba abe gbe ene+Eye woayrɔ abe aŋgba fẽ ene. ב [Bet]   Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nu nyui;+Nɔ anyigba la dzi, eye nàwɔ nuteƒe.+   Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò vevie,Ekema ana nu siwo wò dzi di la wò. ג [Gimel]   Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me;*+Ðo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.+   Ana wò dzɔdzɔenyenye naklẽ abe ŋdikekeli ene,Kple wò nya dzɔdzɔe abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene. ד [Dalet]   Zi kpi le Yehowa ŋkume kpoo,+Eye nànɔ esinu kpɔm.* Dzi megaku wò ɖe ame siƑe mɔ vɔ̃wo dzea edzi nɛ la ŋu o.+ ה [He]   Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo;+Dzi megaku wò ne nàtrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu o.*   Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo,+Ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa lae anyi anyigba la dome.+ ו [Waw] 10  Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o;+Àdi wo le wo nɔƒe,Ke womaganɔ afi ma o.+ 11  Ke ame fafawo anyi anyigba la dome,+Eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.+ ז [Zayin] 12  Ame vɔ̃ɖi le nugbe ɖom ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu;+Eye wòle aɖukli ɖum ɖe eŋu. 13  Ke Yehowa akoe,Elabena enyae be eƒe ŋkeke li gbɔna.+ ח [Het] 14  Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi ɖe go, eye wovu woƒe da me*Be yewoaƒu wɔnamanɔŋutɔ kple ame dahe anyi,Ne woawu ame siwo ƒe mɔ dzɔ la. 15  Gake woawo ŋutɔwo ƒe yi aƒo ɖe woƒe dzi;+Eye woƒe datiwo aŋe. ט [Tet] 16  Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔe si la nyo wuNu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖi geɖewo si.+ 17  Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ aŋe,Ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ya ɖe te. י [Yod] 18  Nu siwo me tom ame maɖifɔwo le la* le nyanya na Yehowa,Eye woƒe domenyinu anɔ anyi ɖaa tegbee.+ 19  Ŋu makpe wo le vɔ̃dzɔgbewo o;Eye nu abɔ ɖe wo si taŋ le dɔŋɔli. כ [Kaf] 20  Ke ame vɔ̃ɖiwo ya atsrɔ̃;+Yehowa ƒe futɔwo nu ayi abe gbeɖuƒe damawo ene,Woabu vĩ abe dzudzɔ ene. ל [Lamed] 21  Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o,Ke ame dzɔdzɔe nyoa dɔme* henaa nu ame.+ 22  Ame siwo Mawu yra la, anyi anyigba la dome,Ke ame siwo wòƒo ƒi de la, woatsrɔ̃ wo.+ מ [Mem] 23  Yehowa fiaa mɔ ame ƒe afɔɖeɖewo*+Nenye be amea ƒe mɔwo dze eŋu.+ 24  Ne edze anyi hã la, maɖo baba ɖi o,+Elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.*+ נ [Nun] 25  Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi,Ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo,+Alo be viawo ɖo abologbe* kpɔ o.+ 26  Edoa nu gbana na amewo faa ɣesiaɣi,+Ale yayra le mɔ dzi na viawo. ס [Samek] 27  Te ɖa tso nu vɔ̃ɖi gbɔ eye nàwɔ nu nyui,+Ekema ànɔ anyi tegbee. 28  Elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe,Eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.+ ע [Ayin] Akpɔ wo ta tegbee;+Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.+ 29  Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome,+Eye woanɔ edzi tegbee.+ פ [Pe] 30  Nunya dona tso ame dzɔdzɔe nu,*Eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe.+ 31  Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me;+Eƒe afɔ magli o.+ צ [Tsade] 32  Ame vɔ̃ɖi le ame dzɔdzɔe la ɖiam,Eye wòle didim be yeawui. 33  Ke Yehowa maɖe asi le eŋu nɛ o+Eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, maɖi fɔ o.+ ק [Kof] 34  Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nànɔ eƒe mɔ dzi,Ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome. Ne wole ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m la,+ àkpɔ eteƒe.+ ר [Res] 35  Mekpɔ ame vɔ̃ɖi ŋutasẽla,Evu eɖokui dranyi abe ati dama si dzɔ kple ke ene.+ 36  Kaka makpɔ ko enu yi, eye megali o;+Medii gadii, ke nyemekpɔe o.+ ש [Shin] 37  Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ* la ŋu,Eye nàkpɔ ame dzɔdzɔe+ la ɖa,Elabena eƒe etsɔme anye ŋutifafa sɔŋ.+ 38  Ke woatsrɔ̃ sedzidalawo katã;Eye etsɔme aɖeke manɔ anyi na ame vɔ̃ɖiwo o.+ ת [Taw] 39  Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ;+Eyae nye woƒe mɔ́ sesẽ le xaxaɣi.+ 40  Yehowa akpe ɖe wo ŋu, eye wòaxɔ na wo.+ Axɔ na wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye wòaɖe wo,Elabena wosii tso.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mli wò mɔwo ɖo Yehowa dzi.”
Alo, “Eye nàkpɔ esinu dzigbɔɖitɔe.”
Agate ŋu afia, “Dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nàyi wɔwɔ ge.”
Alo, “wode ka dati ŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame maɖifɔwo ƒe ŋkekewo.”
Alo, “vea ame nu.”
Alo, “nana ame ƒe afɔɖeɖewo lia ke.”
Alo, “Yehowa tsɔa eƒe asi lénɛ ɖe te.”
Alo, “nuɖuɖugbe.”
Alo, “Nunya dona le ame dzɔdzɔe ƒe nu me blewu.”
Alo, “ame si wɔa nuteƒe.”