Yohanes 3:1-36

  • Yesu kple Nikodemo (1-21)

    • Gbugbɔgadzi (3-8)

    • Mawu lɔ̃ xexea (16)

  • Ðase mamlɛ si Yohanes ɖi tso Yesu ŋu (22-30)

  • Ame si tso dziƒo va (31-36)

3  Ame aɖe tso Farisitɔwo dome, eŋkɔe nye Nikodemo,+ eye wònye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka.  Ame sia va egbɔ le zã me,+ eye wògblɔ nɛ be: “Rabi,+ míenya be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi+ siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.”+  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi*+ o la, mate ŋu akpɔ Mawu Fiaɖuƒe la o.”+  Nikodemo biae be: “Aleke woawɔ adzi ame si nye ame tsitsi? Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe?”  Yesu ɖo eŋu be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, ne wometsɔ tsi+ kple gbɔgbɔ+ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me o.  Nu si wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nu si wodzi tso gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ wònye.  Megawɔ moyaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o.  Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eŋkɔ, ke mènyaa afi si wòtso kple afi si wòyina o. Nenema kee ame sia ame si wodzi tso gbɔgbɔ me la hã le.”+  Nikodemo biae be: “Aleke nu siawo ate ŋu adzɔe?” 10  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nufialae nènye le Israel, aleke wɔ mènya nu siawo o? 11  Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, nu si míenya la ŋue míeƒoa nu le, eye nu si míekpɔ la ŋue míeɖia ɖase le, ke miexɔa ɖase si míeɖina la o. 12  Ne meƒo nu le anyigbadzinuwo ŋu na mi, eye miexɔe se o ɖe, aleke miawɔ axɔe ase ne meƒo nu le dziƒonuwo ŋu na mi? 13  Azɔ hã ame aɖeke melia yi dziƒo o,+ negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko,+ si nye Amegbetɔvi la. 14  Abe ale si Mose kɔ da la ɖe dzi le gbea dzi ene la,+ nenema kee woakɔ Amegbetɔvi la hã ɖe dzii,+ 15  ale be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.+ 16  “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi+ la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.+ 17  Elabena Mawu medɔ Via ɖo ɖe xexea me be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexea o, ke boŋ be woaɖe xexea to edzi.+ 18  Ame si xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o.+ Ame si mexɔa edzi sena o la, wodrɔ̃ ʋɔnui xoxo, elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi la ƒe ŋkɔ dzi se o.+ 19  Ke nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃m ɖo lae nye esi: kekeli la va xexea me,+ ke amewo lɔ̃ viviti la wu kekeli la, elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. 20  Elabena ame si wɔa nu gbegblẽwo la léa fu kekeli la, eye mevaa kekeli la gbɔ o, be woagaklo nu le eƒe dɔwɔwɔwo dzi o. 21  Ke ame si wɔa nu nyui la vaa kekeli la gbɔ,+ ne eƒe dɔwɔwɔwo nadze ƒãa be wowɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.” 22  Le nu siawo megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi Yudea ƒe kɔƒenutoa me, eye wònɔ afi ma kpli wo ɣeyiɣi aɖe, eye wònɔ amewo nyrɔm.+ 23  Ke Yohanes hã le amewo nyrɔm le Aenon, si te ɖe Salim ŋu, elabena tsi gbogbo aɖe le afi ma,+ eye amewo vana eye wònyrɔa wo;+ 24  elabena womede Yohanes gaxɔ me haɖe o.+ 25  Eye nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Yudatɔ aɖe dome le ame ɖokui ŋu kɔkɔ ƒe nya ŋuti. 26  Emegbe wova Yohanes gbɔ eye wogblɔ nɛ be: “Rabi, kpɔ ɖa, ŋutsu si wò kplii mienɔ Yordan godo, si ŋu nèɖi ɖase le+ lae nye ema le amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.” 27  Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ naneke o, negbe ɖe wonae tso dziƒo. 28  Miawo ŋutɔwoe nye nye ɖasefo be megblɔ be, ‘Menye nyee nye Kristo la o,+ ke boŋ be, ɖe wodɔm ɖe ame ma ŋgɔ.’+ 29  Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃.+ Ke ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ si le tsitre ɖi le to ɖomee la kpɔa dzidzɔ gã ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Eya ta nye dzidzɔ la zu blibo. 30  Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.” 31  Ame si tso dziƒo+ va la ƒo ame bubuwo katã ta. Ame si tso anyigba dzi la, anyigba dzi wòtso, eye anyigbadzinuwo ŋue wòƒoa nu le. Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta.+ 32  Nu si wòkpɔ kple nu si wòse la ŋue wòɖia ɖase le,+ ke ame aɖeke mele eƒe ɖaseɖiɖi la xɔm o.+ 33  Ame si xɔ eƒe ɖaseɖiɖia la, eya ɖo kpe edzi* be Mawu nye nyateƒetɔ.+ 34  Elabena ame si Mawu dɔ la gblɔa Mawu ƒe nyawo,+ elabe Mawu mevea nu le gbɔgbɔ la nana me o.* 35  Fofo la lɔ̃ Vi+ la, eye wòtsɔ nuwo katã de esi.+ 36  Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi;+ ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o,+ ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “ne womedzi ame tso dziƒo.”
Alo, “etsɔ eƒe nutrenu ɖo kpe edzi.”
Alo, “medzidzea gbɔgbɔ la hafi nana o.”