Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 2

Ŋkɔwòe Nye Yehowa

Ŋkɔwòe Nye Yehowa

(Psalmo 83:18)

  1. 1. Nuwo katã Wɔla,

    Wòe nye Mawu gbagbe la

    Le dzidzime’o katã me;

    Wò ŋkɔe nye Yehowa.

    Bubu gã kae nye ’si

    Be míenye wò amewo!

    Míeɖea gbeƒã wò ŋkɔ gã

    Na dukɔwo katã.

    (HAXE)

    Yehowa, Yehowa,

    Wò koe nye Ma’u vavã.

    Mawu’aɖeke mele dziƒo

    Alo anyigba dzi

    Si de nuwò o, Yehowa;

    Ame’o katã nanya.

    Yehowa, Yehowa,

    Wò ɖeka hɔ̃ koe míasubɔ.

  2. 2. Wòe nana míeva nyea

    ’Me si nèdi be míanye,

    Be míawɔ nu si nèdi;

    Wò ŋkɔe nye Yehowa.

    Wò Ðasefo’o míenye;

    Wòe tsɔ ŋkɔ nyui sia na mí.

    Bubu gã kae nye esi

    Be wò ŋkɔ le mía ŋu!

    (HAXE)

    Yehowa, Yehowa,

    Wò koe nye Ma’u vavã.

    Mawu’aɖeke mele dziƒo

    Alo anyigba dzi

    Si de nuwò o, Yehowa;

    Ame’o katã nanya.

    Yehowa, Yehowa,

    Wò ɖeka hɔ̃ koe míasubɔ.