Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 72

Míana Woanya Fiaɖuƒe Nyateƒe La

Míana Woanya Fiaɖuƒe Nyateƒe La

(Dɔwɔwɔwo 20:20, 21)

  1. 1. Ɣeaɖeɣi la, míenya ’le si

    Dze Kristotɔ be wòazɔ o.

    Kekeli Yehowa na,

    Fiaɖuƒe nyateƒea me kɔ.

    Míenya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu

    Be míasubɔ Teokrasia te,

    Ana woanya Yehowa,

    Be eƒe ŋkɔ gã la míakafu ɖaa.

    Ðase míaɖi na ’me sia ’me

    L’ablɔ dzi kple aƒewo me.

    Dzigbɔɖi me, míafia Biblia

    Me nyateƒe si naa ’blɔɖe.

    Dukɔ’o katã me la míafia

    Tadedeagu vavãtɔ la.

    Míawɔ ɖeka asubɔ

    Se ɖe Yehowa nagblɔ be dɔa vɔ.