Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mɔ Etɔ̃ Siwo Nu Míaɖee Afia Le Be Míeɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Mɔ Etɔ̃ Siwo Nu Míaɖee Afia Le Be Míeɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Esi David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta, eɖu Goliat dzi. (1Sa 17:45) Yehowa di be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ akpe ɖe ye subɔlawo katã ŋu. (2Kr 16:9) Aleke míaɖee fia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe míaƒe ŋutetewo kple nuteƒekpɔkpɔwo ŋu o? Mɔ etɔ̃ aɖewoe nye esi:

  • Do gbe ɖa edziedzi. Menye ne èda vo koe nàdo gbe ɖa abia tsɔtsɔke o, do gbe ɖa hã be Yehowa nado ŋusẽ wò nànɔ te ɖe tetekpɔwo nu. (Mt 6:12, 13) Menye ne ètso nya me le nane ŋu vɔ koe nàdo gbe ɖa be Yehowa nayra ɖe edzi o, do gbe ɖa nàbiae nunya kple mɔfiame hafi nàtso nyaa me.—Yak 1:5

  • Wɔ ɖoɖo ɖe Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu. Xlẽ Biblia gbe sia gbe. (Ps 1:2) De ŋugble le kpɔɖeŋu siwo le Biblia me ŋu, eye nàwɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ tso wo mea dzi. (Yak 1:23-25) Dzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu; mègaɖo ŋu ɖe nuteƒekpɔkpɔ siwo su asiwòa ŋu o. Be hame ƒe kpekpewo naɖe vi na wò bliboea, srɔ̃ nu siwo míavae srɔ̃a do ŋgɔ

  • Wɔ nu aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Nɔ ŋudzɔ ɖe mɔfiame yeye siwo habɔbɔa na ŋu eye nàwɔ wo dzi enumake. (4Mo 9:17) Ðo to hamemetsitsiawo ne wona mɔfiamewo alo ɖo aɖaŋu na wò.—Heb 13:17

MIKPƆ VIDEO SI NYE SUSU AÐEKE MELI SI TA MÍAVƆ̃ NA YOMETITI O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

• Nu kawoe na nɔviawo vɔ̃ ŋutɔ?

• Nu kawoe kpe ɖe wo ŋu be womegavɔ̃ azɔ o?