Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo le Dedienɔƒe Dim

Amesiwo le Dedienɔƒe Dim

Amesiwo le Dedienɔƒe Dim

“Ʋukɔkɔɖi kple yometiti si naa amewo sina ɖe woƒe agbe ta la nu meva yi kple ƒe Alafa 20 lia o. Ƒe akpe yeyea va tu ame miliɔn nanewo le sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo kple ametakpɔƒe bubuwo me, elabena wole vɔvɔ̃m be ne yewoka tse trɔ yi aƒe la, woawu yewo.”—Bill Frelick, si le United States Dɔwɔha si Kpɔa Sitsoƒedilawo ƒe Nyawo Gbɔ.

DIDI aɖe nɔ Jacob me. Edzroe be yeanɔ teƒe aɖe si amewo te ŋu nɔa anyi le ŋutifafa me, afisi womedaa bɔmbwo wua eƒe ƒomea ƒe gbɔ̃wo le o, kple afisi wòate ŋu ade suku le.

Wo detɔwo gblɔ nɛ be teƒe aɖe li nenema, ɖeko afima didi tso wo gbɔ. Fofoa gblɔ nɛ be afɔku le mɔa dzi akpa, elabena tsikɔ kple dɔ wua amewo le mɔa dzi wokuna. Gake esi woƒe aƒelika si srɔ̃ŋutsu wowu dze mɔ kple via eveawo la, Jacob tso nya me be ye ɖeka yeayi.

Jacob metsɔ nuɖuɖu alo nudodo aɖeke ɖe asi o, gbemagbe la du dzi ko wònɔ ʋuu. Mɔ si ɖo ta dedienɔƒe la dzi yɔ kple ame kukuwo. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, eva tu nyɔnu aɖe si tso wo de si gblɔ nɛ be ate ŋu akplɔ ye kple ye tɔwo ɖo. Wozɔ ŋkeke geɖe to kɔƒe siwo zu aƒedo me. Eva ɖo ɣeyiɣi aɖe si wo dometɔ ɖeka ku esi wole afisi woɖi tomebɔmbwo ɖo dzi zɔm. Amagbewo koe nye nusi woɖuna.

Ŋkeke ewo megbe la, dɔwuame kple ɖeɖiteameŋu wu ame aɖewo woku. Eteƒe medidi o yameʋuwo va nɔ tu dam ɖe wo dome. Mlɔeba la, Jacob tso dea eye wòge ɖe sitsoƒedilawo ƒe asaɖa aɖe me. Edea suku fifia eye yameʋu ƒe gbeɖeɖe megatsoa dzika ƒo nɛ o. Nuɖuɖu koe yameʋu siwo katã wòkpɔna fifia la tsɔna ɖe bɔmbwo teƒe. Gake ele eƒe ƒomea me tɔwo ƒe nu xam eye wòle edzrom be yeatrɔ ayi aƒe.

Ame miliɔn geɖe siwo ƒe nya le abe Jacob tɔ ene la le xexeame godoo. Aʋawɔwɔ do ŋɔdzi na wo dometɔ geɖe eye tsikɔ kple dɔ wua wo. Wo dometɔ ʋɛ aɖe koe nya alesi ƒomegbenɔnɔ le, eye wo dometɔ geɖe magatrɔ ayi aƒe akpɔ gbeɖe o. Wonye amesiwo da he kolikoli le hiãtɔ siwo le xexeame katã la dome.

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Teƒenɔlagã na Sitsoƒedilawo bua tsatsala dahe siawo ɖe hatsotso eve me. Wobua sitsoƒedila be enye amesi si le wo de le vɔvɔ̃ na yometiti si dze ƒã alo na ʋunyaʋunyawɔwɔ aɖe ta. Amesi wonyã de gbe tso aƒe hã nye amesi dzi aʋawɔwɔ alo afɔku dziŋɔ bubu aɖe zi be wòaʋu le aƒe, gake wògakpɔtɔ nɔa wo dedukɔ me. *

Ame aɖeke menya sitsoƒedila kple amesiwo wonyã de gbe ƒe agbɔsɔsɔ siwo kua kutri le woƒe asaɖa si wowɔ ɖewoɖewoe la me o alo nya ame nenie tsana nublanuitɔe tsoa teƒe ɖeka yia bubu henɔa dedienɔƒe dim la o. Nyatakaka aɖewo ɖee fia be sitsoƒedila siwo katã le xexeame ƒe xexlẽ anɔ miliɔn 40, eye wo dometɔ afã nye ɖeviwo. Afikae wo katã tso?

Kuxi si le Miaƒe Ɣeyiɣiawo Me

Sitsoƒedidi ƒe kuxia trɔ bubui le xexemeʋa gbãtɔ ƒe nuwuwu. Le aʋa ma megbe teti la, wotsrɔ̃ fiaɖuƒewo eye woti gbeɖekadola siwo le ʋɛ wu yome. Esia na be Europatɔ geɖe di sitsoƒe le dukɔ bubuwo me. Xexemeʋa evelia—si gblẽ nu wu esi do ŋgɔ nɛ la—na ame miliɔn geɖe wu si le wo de. Tso ƒe 1945 dzi la, nuto suewo me koe aʋa nɔna, gake wodzia ŋɔ na dumevi dzro siwo wòlɔ ɖe eme abe bubu ɖesiaɖe ene.

Gil Loescher gblɔ le agbalẽ si nye Beyond Charity—International Cooperation and the Global Refugee Crisis, si wòta le ƒe 1993 me la me be: “Togbɔ be aʋawɔwɔe naa sitsoƒedilawo nɔa anyi ɣesiaɣi hã la, ƒe alafa blavelia sia me koe dukɔwo dome ʋa gblẽ nu le dukɔ blibo me tɔwo ŋu alea gbegbe kpɔ. Vovototo si womegadea asrafowo kple dumevi dzrowo dome o na sitsoƒedila siwo tsina dzodzodzoe be yewoasi le nu gbegblẽ si ʋunyaʋunyawɔwɔ ahe va yewo dzi la va dzi ɖe dzi ale gbegbe.

Gakpe ɖe eŋu la, aʋa siwo yia dzi egbea nye dukɔmeviʋa siwo menye ŋutsu siwo dea aʋa ɖeɖe ko ŋue wògblẽa nu le o, ke egblẽa nu le nyɔnuwo kple ɖeviwo hã ŋu. Gbe bubu dodo kple subɔsubɔha bubu me tɔ nyenye si ƒo ke ɖe to le wo me si dea mama wo dome na wòdze abe womate ŋu atsi aʋa siawo dometɔ aɖewo nu o ene. Le Afrika dukɔ aɖe si “dukɔmeʋã si li egbea” le edzi yim ƒe 18 sɔŋ enye esia me la, ame miliɔn ene bu woƒe aƒewo eye ame akpe alafa geɖe si yi duta.

Zi geɖe la, mɔ si dzi dumevi dzro siwo ŋu aʋawɔwɔ na nu te ate ŋu asi le koe nye be woaʋu le aƒe. Agbalẽ si nye State of the World’s Refugees 1997-98 gblɔ be: “Menye ɖe sitsoƒedilawo ʋuna le wo denyigba dzi be woaxɔ yewo ɖe dukɔ bubu me be wòanye teƒe si wotia alo le nudzedziname ta o, ke boŋ esi wɔna vɔ le wo ŋu keŋkeŋ tae.” Gake be woaxɔ ame aɖe ɖe du bubu me egbea mele bɔbɔe kura o.

Le ƒe 1990-awo me la, sitsoƒedilawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ tso miliɔn 17 va ɖo miliɔn 14. Gake ŋgɔyiyi sia si le dzedzem ƒã la flua ame. Le ƒe mawo ke me la, amesiwo bu woƒe aƒe ƒe xexlẽme anɔ ame miliɔn 25 va ɖo ame miliɔn 30. Nya kae le dzɔdzɔm?

Be woabu ame aɖe sitsoƒedila le se nu va le sesẽm le susu vovovo ta. Dukɔwo malɔ̃ be yewoaxɔ sitsoƒedila o, ɖewohĩ esi womate ŋu akpɔ ameha gbogbo siwo gbɔna la gbɔ dzidzedzetɔe o ta alo wokpɔe be sitsoƒedila gbogboawo ate ŋu ahe ganyawo kple dunyahenyawo ƒe dediemanɔmanɔ vɛ ta. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, ŋusẽ, nuɖuɖu, alo ga gɔ̃ hã menɔa dumevi dzro si vɔvɔ̃ ɖo la si wòatsɔ azɔ mɔ didi aɖo dea dzi o. Nusi woate ŋu awɔ koe nye be woaʋu ayi teƒe si le dedie wu le dukɔa me.

Ʋuʋula Siwo le Dzidzim ɖe Edzi

Hiãtɔ miliɔn bubu geɖe le sitsoƒedila ŋutɔŋutɔ miliɔn geɖeawo dome, siwo le agbagba dzem be yewoƒe agbenɔnɔ naka ɖe eme le mɔ ɖeka pɛ si wonya la nu—to ʋuʋu yi dukɔ si me ganyawo ka ɖe eme me.

Le February 17, 2001 dzi la, tɔdziʋu xoxoe aɖe va ɖi go ɖe Franse-ƒuta. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi siwo anɔ akpe ɖeka siwo nɔ tsi dzi kwasiɖa ɖeka kloe numaɖumaɖui la nɔ eƒe agbawo dome. Wo dometɔ ɖesiaɖe xe United States $2,000 ɖe mɔzɔzɔ sia si me afɔku le la ta esime womenya du si me woɖo tae gɔ̃ hã o. Tɔdziʋumemegã kple ʋua me nɔlawo bu enumake si ʋua va ɖi go. Gake dzidzɔtɔe la, woxɔ na ʋuɖolaawo, eye Franse-dziɖuɖua do ŋugbe be yeabu wo xɔxɔ ƒe biabiaa ŋu na wo. Ame miliɔn siwo le abe woawo ene la tea mɔzɔzɔ sia tɔgbe kpɔna ƒe sia ƒe.

Ʋuʋula siawo lɔ̃na faa toa nɔnɔme sesẽwo kple nɔnɔme manyatana me. Wokpea fu ƒoa ga aɖe nu ƒu na ʋuʋu elabena hiãkame, ŋutasesẽ, nazãbubu ɖe ame ŋu alo ŋutasẽ dziɖuɖu—ɣeaɖewoɣi eneawo katã ƒo ƒu—ɖe kpe na wo le aƒe eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo.

Wo dometɔ geɖe tsrɔ̃na le woƒe agbagbadzedze be yewoake ɖe agbe si ɖɔʋu wu la nɔnɔ ŋu. Le ƒe ewo siwo va yi me la, ʋuʋula siwo anɔ 3,500 nyrɔ ɖe tsi me alo bu esime wonɔ agbagba dzem be yewoatso Gibraltar ƒe Tɔdomekpo tso Afrika age ɖe Spain. Le ƒe 2000 me la, gbɔgbɔtsixe wu Chinatɔ blaatɔ̃-vɔ-enyi siwo woɣla ɖe ʋu si tsɔ wo tso Belgium yina England me. Tsikɔ wu mɔzɔla miliɔn gbogbo aɖewo woku le Sahara esime ʋu gbagba si me wonɔ si wodo agba na akpa la gblẽ le dzogbenyigba la titina.

Togbɔ be afɔku le eme alea hã la, ʋuʋulawo le dzidzim ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe. Wokplɔa amesiwo anɔ miliɔn afã vaa Europa le adzame ƒe sia ƒe; eye wokplɔa 300,000 bubu yia United States. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Alɔdze si Kpena Ðe Dukɔ Dahewo Ŋu bu akɔnta le ƒe 1993 me be ʋuʋulawo ƒe xexlẽme anɔ miliɔn 100, eye wo dometɔ siwo sɔ gbɔ wu eƒe akpa etɔ̃lia va nɔa Europa kple United States. Vaseɖe fifia la, xexlẽmea dzi ɖe dzi ɖikekemanɔmee wòdze ƒã.

Ʋuʋula siawo dometɔ geɖe mekpɔa dedienɔnɔ si dim wole o. Eye sitsoƒedila ʋɛ aɖewo koe kpɔa teƒe si le dedie si nɔa anyi didina. Nublanuitɔe la, tsatsala siawo gena ɖe kuxi vovovowo me zi geɖe. Nyati si kplɔe ɖo adzro kuxi siawo kple nusiwo koŋ hea wo vɛ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Le nyati sia siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu me la, ne míeƒo nu tso amesiwo wonyã de gbe ŋu la, míebua ame miliɔn 90 va ɖo miliɔn 100 siwo wonyã de gbe sesẽe le ŋgɔyidɔwo abe tsixaɖoƒe, tomenukuƒe, ave, alo agbledede ta la de eme o.