Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ale Si Nàɖo Dze Kple Viwò Si Nye Ƒewuivi

Ale Si Nàɖo Dze Kple Viwò Si Nye Ƒewuivi

KUXIA

Esime wònye ɖevi dzaa ko la, egblɔa nya sia nya na wò. Esi wòɖo ƒewuiwo me ko la, megadina be yeaɖo dze kpli wò o. Ne èdze agbagba be yeaɖo dze kplii la, ɖeko wòaɖo nyaawo ŋu kpuikpuikpui ko alo anɔ nya hem kpli wò.

Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàɖo dze kple viwò ƒewuivi. Gake gbã la, na míade ŋugble tso kuxi eve aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa la ŋu.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Wodina be ablɔɖe nasu yewo si. Hafi viwò ƒewuivi natsi ava zu ame tsitsi si anɔ eɖokui si la, menye zã ɖeka kple eƒe ŋufɔke ƒe nu koe wònye o—exɔa ɣeyiɣi. Ƒewuivi aɖewo dina be woana ablɔɖe geɖe wu yewo; eye ɣeaɖewoɣi ablɔɖe vi aɖe koe dzila aɖewo hã nana wo vi ƒewuiviwo. Ne edzɔ alea la, nyahehe sesẽ si hea tɔtɔ vanɛ la nɔa dzilawo kple wo vi ƒewuivia dome. Brad, * si nye ƒe 16 vi aɖe xa nu be: “Dzinyelawo dina be yewoagblɔ nu sia nu si wòle be mawɔ nam.” Egblɔ hã be: “Ne dzinyelawo mena ablɔɖe geɖe wum kaka mexɔ ƒe 18 o la, maʋu le aƒea me!”

Ŋutete le wo si be woabu nuwo ŋu ayi ŋgɔ. Ale si nuwo nya le tututu ko la, nenemae ɖevi suewo ya kpɔnɛ. Gake ƒewuiviwo ya dzea agbagba be yewoase nu si tae wòle nenema ɖo la gɔme. Ŋutete sia ƒe amesinɔnɔ le vevie, eye ekpena ɖe ƒewuiviwo ŋu be woawɔ nyametsotso nyuiwo. Nu si ɖevi sue abu be esɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: ‘Dada lé akpɔnɔ ɖeka ɖe asi, eŋe eme ɖe eve pɛpɛpɛ, etsɔ ɖeka nam eye wòtsɔ evelia na nɔvinye.’ Le afi sia la, nu si da sɔ koe nye be woma nua me pɛpɛpɛ. Gake ƒewuivi ya akpɔe be esia mawɔ dɔ bɔbɔe nenema ɣesiaɣi o. Anɔ susum be, nua mama pɛpɛpɛ ɣesiaɣi mefia be womeba ame aɖeke o. Ŋutete si nye be woabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe akpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu be wòakpɔ ta na nya sesẽ siawo tɔgbi. Nu kae ate ŋu ado tso esia me? Ŋutete sia awɔe be wòava nɔ nya hem kpli wò.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, miɖo dze tso nu vovovowo ŋu. Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi la ŋu dɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo de dzesii be ƒewuiviwo lɔ̃na faa be yewoaɖo dze ne wole aƒemedɔwo wɔm alo ne wole ʋu me, alo aɖo dze ne womedze ŋgɔ wo dzilawo ŋkume-kple-ŋkume o.—Biblia ƒe mɔfiame: 5 Mose 6:6, 7.

Wò nyawo nenɔ kpuie. Mehiã be nàhe nya sia nya kplii kokoko o. Ke boŋ gblɔ wò susu . . . eye nàtɔe ɖe afi ma. Ne èwɔe alea la, viwò ƒewuivia awɔ ɖe wò nyaa dzi emegbe togbɔ be adze le gɔmedzedzea me abe ɖe menɔ to ɖom ene o hã. Na ɣeyiɣii be wòawɔ esia.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 1:1-4.

Ðo to wo, eye wò nya me megasẽ o. Ðo to nyuie—eye mègatso nya ɖe enu o—esia ana nàkpɔ kuxi bliboa. Ne èle nya ŋu ɖom nɛ la, na wòadze be yese egɔme nɛ. Ne ètea tɔ ɖe sewo dzi ɣesiaɣi la, viwòa hã anɔ mɔnuwo dim le se mawo ŋu. Agbalẽ si nye Staying Connected to Your Teenager gblɔ be: “Esiae wɔnɛ be ɖeviwo dina be yewoanɔ agbe eve. Gbã, wogblɔa nu si wokpɔ be eyae yewo dzilawo di be yewoase la na wo; eye evelia, ne womele wo dzilawo gbɔ o la, woadi be yewoawɔ nu bubu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 4:5.

Mègado dziku o. Kari, si nye ƒewuivi, gblɔ be: “Ne mía kple danye ƒe susu mesɔ le nane ŋu o la, edoa dziku ɖe nya sia nya si megblɔ ŋu. Esia doa dziku na nye hã, si wɔnɛ be míaƒe dzeɖoɖoa trɔna zua nyahehe.” Esi nàna wò dziku nafla teƒe la, gblɔ nya aɖe si aɖee afia be yese eƒe nɔnɔmea gɔme. Le kpɔɖeŋu me, esi nàgblɔ be, “Menye nya aɖekee nye ema o ɖe!” teƒe la, gblɔ boŋ be, “Mekpɔe be esia te ɖe dziwò vevie.”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 10:19.

Ne anya wɔ la, na mɔfiame, mèganɔ nu ɖom o. Ŋutete si le viwò ƒewuivia si be wòabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe la nye nɔnɔme si wòle be wòatu ɖo. Eya ta ne ehiã be wòawɔ nyametsotso aɖewo la, mègaxɔ nyametsotso mawo awɔ ɖe enu o. Ne miele nya aɖe me dzrom la, ɖe mɔ nɛ eya ŋutɔ nado egbɔkpɔnu ƒe susu aɖewo ɖa. Azɔ ne mieƒo nu tso susu siwo wòdo ɖa dometɔ aɖewo ŋu vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Egbɔkpɔnu ʋɛ aɖewoe nye ema nègblɔ. Gabu eŋu ɖewohĩ egbe kple etsɔ, emegbe míaƒo nu tso nyametsotso si nèwɔ kple nu si tae nèwɔe nenema ŋu.”—Biblia ƒe mɔfiame: Hebritɔwo 5:14.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.