Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ

Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ

Ðe Biblia tsi tre ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋua?

‘Ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.’​—Mateo 5:28.

NU SI TA WÒKA WÒ

Egbea, gbɔdɔdɔnuwɔnawo ɖeɖe fia bɔ ŋutɔ. Ne èdi be yeƒe nu nadze Mawu ŋu eye yeakpɔ dzidzɔ le agbe me la, ke ele be nànya ale si Mawu bua gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔe.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Nya gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ medze le Biblia me tẽe o. Ke hã, gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ tsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiame vevi geɖewo ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔe tẽe be, ne ŋutsu srɔ̃tɔ ‘le ŋku lém ɖe nyɔnu bubu ŋu,’ eye wòdzroe la, esia ate ŋu akplɔe ade ahasiwɔwɔ me. Biblia ƒe mɔfiame sia yi na ame sia ame ‘si yia edzi kpɔa’ amamaɖeɖefotowo be wòanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ye me, amea ɖanye srɔ̃tɔ alo tre o. Mawu nyɔa ŋu nuwɔna sia.

Ne ame aɖe kpɔ gbɔdɔdɔnuwɔnawo evɔ menɔ agbe gbegblẽ o ɖe, ɖe nane gblẽ le eŋua?

‘Eya ta miwu miaƒe ŋutinuwo le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã gome.’​—Kolosetɔwo 3:5.

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Numekula aɖewo le ɖi kem be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ mehea ame dea gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo wɔwɔ me kokoko o. Gake ɖe míate ŋu agblɔ be naneke megblẽ le wo kpɔkpɔ ŋu oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia meda asi ɖe ‘fefenya madzetowo’ gbɔgblɔ dzi o. (Efesotɔwo 5:3, 4) Ke ɖe wòada asi ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ya dzia? Egbea woɖea ame siwo le ahasi wɔm, ŋutsu kple ŋutsu siwo le wo nɔewo gbɔ dɔm, kple gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋu bubuwo fiana gaglãa. Edze ƒãa be nu dzeakaɖa siawo kpɔkpɔ nyɔa ŋu na Mawu kura wu nya madzetowo gbɔgblɔ.

Numekulawo kpɔtɔ le ɖi kem nenye be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ hea ame dea nuwɔna mawo me ŋutɔŋutɔ. Gake Biblia na eme kɔ ƒãa be, vividodo ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu gblẽa nu le ame ŋu eye wònye ŋunyɔ na Mawu. Eya ta Biblia xlɔ̃ nu mí be: ‘Miwu miaƒe ŋutinuwo le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro gome.’ (Kolosetɔwo 3:5) Ame siwo doa vivi ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu la le nu si tututu Biblia tsri la wɔm—wole dzodzro vɔ̃ nyɔm ɖe wo ɖokuiwo me.

Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtsri gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ?

“Midi nyui, eye menye vɔ̃ o . . . Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.”​—Amos 5:14, 15.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be ame siwo nye gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔlawo, ahamulawo kple fiafitɔwo te ŋu ɖe asi le nuwɔna gbegblẽ mawo ŋu. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Esi wowɔ ɖe mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi la, wosrɔ̃ ale si woatsri vɔ̃.

Àte ŋu atsri nuwɔna nyɔŋu siawo ne ède ŋugble tso ale si wògblẽa nu le ame ŋui la ŋu. Utah State Yunivɛsiti ƒe numekuku aɖe gblɔ be, ame siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ me la zua “blanuidɔlélawo, ame siwo ɖea wo ɖokui ɖe aga, eye wo kple amewo megavivina o,” eye wova kpɔa wo ɖokuiwo le nɔnɔme wɔnublanui siawo tɔgbi me. Nu si ganye ŋkubiãnyae nye be, nuwɔna sia nyɔa ŋu na Mawu, eye wògblẽa nu le ame ŋu vevie, elabena egblẽa ƒomedodo si le ame kple Mawu dome la me.

Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ nyui. Zi ale si míexlẽa Biblia la, zi nenemae míalɔ̃ eƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewoe. Lɔlɔ̃ sia akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa atsri gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ahase le mía ɖokui me abe hakpala la ene, ame si gblɔ be: ‘Nyematsɔ nu tovo aɖeke aɖo ŋkunyeme o.’—Psalmo 101:3.