Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Artik

Atsiaƒuŋutinunyala Peter Wadhams si nye nufialagã le Cambridge Yunivɛsiti le Britain gblɔ be: “Tsikpewo ƒe agbɔsɔsɔme le dzomeŋɔli fifia nyea esiwo nɔ anyi le ƒe 30 siwo va yi la ƒe memama ene ƒe ɖeka ko.” Le ƒe 2012 me la, meli 50 to ƒudzimɔ si nye Northern Sea Route, afi si xexea me ƒe dzoxɔxɔ na be tsikpewo megale o la.

Xexea me

Numekulawo kpɔ nugbagbevi suesuesue vovovo 700 kple edzivɔwo le notsi si dzina ɖe nyɔnuwo ƒe no me le ŋkeke siwo kplɔa woƒe vidzidzi ɖo me. Numekulawo mekpɔ mɔ be yewoate ŋu akpɔ agbɔsɔsɔme sia gbegbe o. Wogakpɔtɔ le nu me kum be yewoake ɖe akpa vevi siwo nugbagbevi suesuesue siawo wɔna le vidzĩwo ƒe dɔgbo ƒe dɔwɔwɔ nyuie kple woƒe ŋutilã ta kpɔkpɔ me la ŋu.

Britain

Le Britaintɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku aɖe me la, wodo ʋukula aɖewo kpɔ eye wokpɔe be wo dometɔ siwo kpe ƒo la metea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu kaba ne ʋufɔku be yeadzɔ o ne wotsɔe sɔ kple ʋukula siwo no aha sesẽ.

Democratic Republic of Congo

Wole atiglinyi akpe nanewo wum ƒe sia ƒe le Afrika ɖe woƒe nyiɖuwo ta, “si tɔgbi medzɔ kpɔ le ŋutinya me o.” Wowu atiglinyi gbogbo aɖewo, eye wokpɔe be ɖe woda tu dzodome na wo. Anɔ eme be helikɔpta mee wonɔ da tua wo.

Australia

Adzagba dzeani siwo le Adzagbabali Gã me la ƒe afã dome gblẽ le ƒe 27 siwo va yi me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be nu siwo gblẽ adzakpo sia domee nye ahom sesẽwo, ɣletivi gbogbo siwo le atsiaƒu me [siwo wogayɔna be Acanthaster planci], kple atsiaƒu ƒe dzoxɔxɔ si na adzakpoa ƒe amadede klo.