Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Spain Nyà Moriskowo

Spain Nyà Moriskowo

Wogblɔ be sɔlemeha lae nɔ megbe na nu sia nu si Spain-dukɔa wɔ le ŋutinya wɔblanui sia me. Ŋutinya sia xexlẽ awɔ dɔ ɖe dziwò.

SPAIN ƒe dziɖuɖua di be yeaɖo Kristotɔwo Ƒe Dukɔ anyi si anɔ se ɖeka te. Wobu Moriskowo be wonye dzimaxɔsetɔwo, eya ta wobui be woƒe dukɔa me nɔnɔ nye agɔdzedze gã aɖe le Mawu dzi. Le ƒe geɖe megbe la, dziɖuɖua tso nya me. Nyametsotso kae? Ele be woanyà wo le dukɔa me! *

DZIMETƆTRƆ NA AMEWO AKPASESẼTƆE

Mɔrtɔ siwo nɔ Spain siwo nye Moslemtɔwo ƒe ha si me tɔwo mede ha o, siwo woyɔna be Mudédzar nɔ nuto siwo dzi ɖum Katolikotɔwo le la me le ŋutifafa me ƒe alafa geɖe. Wona gome wo le se nu gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi be woate ŋu akpɔtɔ anɔ woawo ŋutɔwo ƒe sewo ŋu dɔ wɔm eye woate ŋu ayi woƒe subɔsubɔkɔnuwo hã dzi.

Gake le ƒe 1492 me la, Katolikotɔwo ƒe Fiagã siwo ŋkɔwoe nye Ferdinand II kple Isabella wɔ aʋa xɔ Granada si nye Iberia-ƒukpoa ƒe akpa si kpɔtɔ nɔ Moslemtɔwo si me. Gomenɔamesi siwo ŋugbe dziɖuɖua do na Mɔrtɔwo hafi wolɔ̃ na ta la de sɔsɔ ge kple gome siwo wona ame siwo wotsɔ ŋkɔ na be Mudédzar la tɔ. Gake eteƒe medidi hafi dziɖula katolikotɔwo te Moslemtɔ siwo mede ha fũu o la yome titi kple wo dzi zizi be woatrɔ dzi me azu Katolikotɔwo  o. Mɔrtɔwo he susu yi ŋugbedododzidada sia dzi, gake ɖeko dziɖulawo gbe gbidi. Esia na be Mɔrtɔwo va dze aglã le ƒe 1499 me. Dziɖuɖu ƒe asrafowo tsi aglãdzedzea nu. Le esia megbe la, wozi Moslemtɔ siwo le nuto vovovoawo me dzi wozu Kristotɔwo alo woʋu dzo le dua me. Spaintɔwo yɔa ame siwo trɔ dzi me hetsi dua me la be Moriskowo.

‘WOMENYE KRISTOTƆ VAVÃWO O EYE WOMENYE DUMEVI WƆNUTEƑEWO HÃ O’

Le ƒe 1526 me la, woxe mɔ ɖe Islam-ha nu le Spain bliboa, gake Morisko geɖewo nɔa woƒe subɔsubɔkɔnuwo wɔm le adzame. Wo dometɔ akpa gãtɔ lé woƒe subɔsubɔkɔnuwo me ɖe asi.

Le gɔmedzedzea me la, wometsɔ Moriskowo ƒe ame ŋkume Katolikotɔnyenye sia nya vevie o. Elabe woawoe wɔa dɔ siwo hiã vevie le dua me, wonye asinudɔwɔlawo, aɖaŋudɔwɔlawo, leblewo kple adzɔxelawo. Ke hã ale si Moriskowo gbe gbidii be yewomazu Katolikotɔ akuakuawo o la ve dɔ me na amewo, eye dziɖuɖua kple dukɔmeviwo siaa tsi tre ɖe wo ŋu. Anɔ eme be ale si sɔlemeha la me tɔ geɖewo megava le kakam ɖe Moriskowo dzi be wotrɔ dzi me vavã o lae na woti wo yome.

Eteƒe medidi o, amedzizizi va xɔ ɖe nublanuikpɔkpɔ teƒe. Le ƒe 1567 me la, woɖe gbeƒã be Fia Philip II de se ɖe Moriskowo ƒe gbegbɔgblɔ, woƒe awudodo, kɔnuwo kple kɔnyinyiwo nu. Sedede sia na wogadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu ake, eye ame geɖe ku le esia hã me.

Wobu akɔnta be wozi Morisko 300,000 dzi wosi le Spain le fukpekpe gã aɖe me

Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be Spain-dziɖulawo va ka ɖe edzi bliboe be “Moriskowo menye Kristotɔ vavãwo o eye womenye dumevi wɔnuteƒewo hã o.” Le esia ta wotso wo nu be wowɔ ɖeka kple Spaintɔwo ƒe futɔ siwo nye Barbaria Ƒudzidzoblasuwo, Franseawo ƒe Protestanttɔwo kple Turkitɔwo be woava dze dua dzi. Ale si amewo bua Moriskowo kple ale si wonɔ vɔvɔ̃m na wo be woava de yewoƒe futɔwo dzi na be Philip III de se le ƒe 1609 me be woanyà wo le dukɔa me. * Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wotia ame siwo katã wobu be wonye Moriskowo la yome. To nuwɔna gblẽku sia me la, Spain va zu Katoliko-dukɔ bliboe.

^ mm. 4 Nya Moriskowo gɔmee nye “Mɔrtɔ Suewo” le Spaingbe me. Ŋutinyaŋlɔlawo zã nya sia tsɔ yɔ Moslemtɔ siwo trɔ dzi me zu Katolikotɔwo, eye wonɔ Iberia Ƒukpo-afã dzi le Moslemtɔwo ƒe fiaɖuƒe mamlɛtɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 1492 me megbe, gake menye ɖe wotsɔ nya siawo doa vlo wo o.

^ mm. 12 Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ hã be Spain-dziɖulawo dometɔ ɖeka ya teti kpɔ viɖe geɖe tso nu siwo woxɔ le Moriskowo si la me.