Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Akɔntabubu Ƒe Ŋutete Si Le Atiwo Si

Akɔntabubu Ƒe Ŋutete Si Le Atiwo Si

ATIWO zãa tsi, ya gbegblẽwo (alo carbon dioxide) kple ŋusẽ si wòhena tso ɣea me tsɔ wɔa nuɖuɖui. Numekuku si wowɔ le ati aɖewo ŋu ɖee fia be wogawɔa dɔ bubu aɖe hã—si nye be wobua ale si woaɖu nuɖuɖu ma le zã me la ŋuti kɔnta.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Atiwo trɔa ya gbegblẽwo zua nuɖuɖu le ŋkeke me. Le zã me la, atiawo ɖua nuɖuɖu si wowɔ hedzra ɖo le ŋkeke me la si wɔnɛ be dɔ mewua wo o, eye wotea ŋu tsina hetsea ku. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖua woƒe nuɖuɖua le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu—si nye be womeɖunɛ kabakaba o eye womeɖunɛ blewu hã o—ale be kaka fɔŋli naɖo la woɖua nuɖuɖua ƒe 95 le alafa me eye wogadzea bubu wɔwɔ gɔme.

Sinapi-ti ƒomevi aɖee wozã tsɔ wɔ numekukua. Numekulawo de dzesii be ati sia wɔa ɖoɖo ɖe nuɖuɖu si wòdzra ɖo ƒe agbɔsɔsɔ si wòaɖu le zã ƒe didime nu ŋu nyuie, eɖanye gaƒoƒo 8, 12 alo 16 ye susɔ hafi fɔŋli naɖo o. Edze ƒãa be ati sia maa nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si le esi la ɖe ɣeyiɣi ƒe didime si susɔ hafi fɔŋli naɖo la nu, eye esia kpena ɖe eŋu wònyana ɖoɖo si nu wòaɖui le.

Aleke atiwo wɔna nyana nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si le wo si? Aleke wowɔna nyana ɣeyiɣi ƒe didime? Nu ka dzie wonɔa te ɖo hafi bua akɔnta siawo? Numekuku bubu siwo ɖewohĩ woagawɔ la ana nya siawo me nakɔ.

Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le atiwo si be woabu akɔnta la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?