Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME

Nu Siwo Nàwɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Wò Ƒomea Me

Nu Siwo Nàwɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Wò Ƒomea Me

ÐE NÈSUSU be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutifafa nanɔ wò ƒomea mea? Taflatsɛ tsɔ nya siwo ame siwo wobia gbee gblɔ be edzi wɔwɔ ɖea vi la sɔ kple nu si Biblia gblɔ la kpɔ. De ŋugble tso nu vevi siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nyahehe ahana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si me sẽ nanɔ wò ƒomea me la ŋu kpɔ.

BIBLIA ƑE MƆFIAME SIWO DOA ŊUTIFAFA ÐE ŊGƆ

SUSU NYUI NENƆ MIA SI ÐE MIA NƆEWO ŊU.

“Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”Filipitɔwo 2:3, 4.

“Míeva de dzesii be ele vevie ŋutɔ be nàbu srɔ̃wò ŋu wu wò ŋutɔ kple ame bubuwo.”—C. P., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 19 ye nye esia.

ÐO TO NYUIE NAZÃMABUMABUI.

“Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be . . . woaganye dzrewɔlawo o, ke boŋ woanye nugɔmeselawo, woafa tu na amewo katã.”Tito 3:1, 2.

“Miate ŋu aƒo asa na masɔmasɔ geɖe ne miedaa gbe ɖe mia nɔewo gbɔ o. Ele vevie be nàɖo to nyuie, aƒo asa na nazãbubu ahade bubu srɔ̃wò ƒe susuwo ŋu ne womewɔ ɖeka kple tɔwò o gɔ̃ hã.”—P. P., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 20 ye nye esia.

GBƆ DZI ÐI EYE NÀFA TU.

“Dzigbɔɖie wotsɔ xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ [“gbe bɔbɔe,” etenuŋɔŋlɔ] tea ŋu gbãa ƒu.”Lododowo 25:15.

“Masɔmasɔwo ado mo ɖa godoo, gake nu si ado tso eme nɔa te ɖe ale si míewɔa nui dzi. Ele vevie be míagbɔ dzi ɖi. Ne míegbɔ dzi ɖi la míetea ŋu kpɔa nyawo gbɔ bɔbɔe.”—G. A., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 27 ye nye esia.

MÈGADZU SRƆ̃WÒ ALO AƑOE GBEÐE O.

“Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye, eye nya veamewo kple yakanyawo negado le mia nu o.”Kolosetɔwo 3:8.

“Ale si srɔ̃nyeŋutsu ɖua eɖokui dzii la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Eléa eɖokui kpoo eye medoa ɣli ɖe tanye alo dzuam o.”—B. D., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 20 ye nye esia.

NYE AME SI TSƆ KENA HEKPƆA MASƆMASƆWO GBƆ KABA.

“Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”Kolosetɔwo 3:13.

“Menɔa bɔbɔe be nàlé eɖokui kpoo ne srɔ̃wò wɔ nu wòku dzi na wò o, eye le nɔnɔme sia me la, àte ŋu awɔ nane alo agblɔ nya aɖe si agbã dzi na srɔ̃wò. Ne edzɔ alea la anyo be nàlɔ̃ faa atsɔ ake. Srɔ̃ɖeɖe mate ŋu akpɔ dzidzedze tsɔtsɔke manɔmee o.”—A. B., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 34 ye nye esia.

MIKƆ DZI ME MIANA NU MIA NƆEWO FAA.

“Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. . . . Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.”Luka 6:38.

“Srɔ̃nyeŋutsu nya nu siwo doa dzidzɔ nam eye wònana wom le ɣeyiɣi siwo me nyemele mɔ kpɔm nɛ o. Esia ta, Mebia ɖokuinye zi geɖe be, ‘Nu kae mawɔ atsɔ ado dzidzɔ nɛ?’ Emetsonue nye be míewɔa nu si nana míekoa nu zi geɖe va se ɖe fifia.”—H. K., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 44 ye nye esia.

MÈGANA TA LE NU SI NÀWƆ BE ŊUTIFAFA NANƆ AƑEWÒME LA ŊU O

Ƒome miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo siwo ŋu Biblia kpe ɖo wotu nɔnɔme siwo na tomefafa le woƒe ƒomea me ɖo la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esia Nyɔ! talawo bia gbee. * Ne ƒomea me tɔ aɖewo mele nu siwo ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me wɔm o hã la, eɖea vi ne wò ya èwɔa ŋutifafa, elabena Biblia do ŋugbe be: “Ame siwo doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ la kpɔa dzidzɔ.”—Lododowo 12:20.

^ mm. 24 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si nàwɔ be dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le www.dan124.com/ee. Ele BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU.