Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?

Mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, dina vevie be yease gbe siwo míedona ɖa na ye tso dzi me. Gake nanewo li siwo wɔwɔ ate ŋu ana be maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu o. Nu kawoe, eye nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbe dom ɖa? Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi.

“Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii . . . o.”—Mateo 6:7.

Yehowa medi be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm alo axlẽ wo tso gbedodoɖagbalẽ aɖe me o. Ke boŋ, edi be míaƒo nu na ye tso dzi me. Kpɔ ale si nàse le ɖokuiwò me ne xɔ̃wò aɖe gblɔa nya ɖeka tɔgbiwo na wò gbe sia gbe ɖa. Xɔlɔ̃ nyuiwo kɔa dzi me ɖoa dze faa. Ne míeƒoa nu na mía Fofo si le dziƒo tso dzi me faa la, ke míele eɖem fiae be míenye exɔlɔ̃wo.

“Ne miebia la, miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam”—Yakobo 4:3.

Ne míebia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nane si medi be míawɔ o, alo be wòana nane si medi be wòanɔ mía si o mí la, míenya be maɖo to mí o. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe daa tsatsa eye wòdo gbe ɖa be Mawu nana aklama naɖi na ye ne yeaɖu ga gbogbo aɖea, ɖe Yehowa aɖo gbedodoɖa ma ŋua? Exlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be míaganye ŋuklẽlawo o, eye míagaxɔ nu siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o dzi ase o, abe aklama ene. (Yesaya 65:11; Luka 12:15) Míakpɔ mɔ gbeɖe be Yehowa naɖo gbedodoɖa mawo tɔgbi ŋu o! Be Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ele be míakpɔ egbɔ be nu siwo míebianɛ la wɔ ɖeka kple nya siwo wògblɔ na mí le Biblia me.

“Ame si doa toku se la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.”—Lododowo 28:9.

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu meɖo ame siwo mewɔ ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzi o la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. (Yesaya 1:15, 16) Mawu metrɔ o. (Malaki 3:6) Ne míedi be Mwu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ke ele be míadze agbagba awɔ ɖe eƒe sewo dzi. Ke ne míewɔ nu gbegblẽ aɖewo va yi ya ɖe? Ðe ema fia be Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo gbeɖe oa? Mefia nenema kura o! Esi Mawu lɔ̃ mí ta la, atsɔe ake mí faa ne míetrɔ dzi me eye míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míawɔ nu si adze eŋu.—Dɔwɔwɔwo 3:19.