Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBETAKPƆXƆ No. 1 2023 | Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Wò Susu Me Nadze Akɔ Anyi

Le xexea me godooa, ame miliɔn geɖe le susumedɔ vovovowo lém. Ame tsitsiwo, ɖeviwo, gatɔwo, ame dahewo, ame siwo de suku kple ame siwo mede suku o, to vovovo kple subɔsubɔha vovovo me tɔwo le fu kpem le dɔléle siawo si me. Ne ame aɖe le susumedɔ lém la, nu kae wòfia, eye aleke wòwɔa nui? Le magazine sia mea, míakpɔ nu si tae wòle vevie be ame siwo le dɔ siawo lém nayi kɔdzi kple ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo vovovowo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.

 

Susumedɔléle Le Fu Ðem Na Amewo Le Xexea Me Godoo

Susumedɔléle ate ŋu aɖe fu na ame sia ame, metsɔ le ƒe si wòxɔ, eƒe dekɔnu, ŋutigbalẽ ƒe amadede, afi si wòde suku se ɖo, alo ga ale si nu le esi me o. Kpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò susu me nadze akɔ anyi.

Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò

Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu sea wò nuŋububu kple seselelãmewo gɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe?

1 | Gbedodoɖa—‘Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Edzi’

Ðe nàte ŋu ado gbe ɖa na Mawu tso nu sia nu si na nètsi dzimaɖi ŋua? Aleke gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi na ame siwo le dzimaɖitsitsidɔ lém?

2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”

Biblia naa mɔkpɔkpɔ vavã mí be eteƒe madidi o, nu siwo nana míesea vevea nu ayi.

3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò

Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu aɖewo siwo ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo ŋu, eye woƒe ŋutinya xexlẽ akpe ɖe mía ŋu be mímase le mía ɖokui me be míetsi akogo ne seselelãme manyomanyowo fu ɖem na mí o.

4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me

Kpɔ ale si ŋugbledede le dzideƒonamenya siwo le Biblia me ŋu kple ale si nàɖo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo bɔbɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ dzidzɔ kpɔm ne susumedɔ aɖe le fu ɖem na wò.

Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Le Susumedɔ Lém Ŋu

Kpekpeɖeŋu si nàna xɔ̃wò si le susumedɔ lém ate ŋu aɖe vi gã aɖe nɛ.