Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O

Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O

Adriana si tso Brazil gblɔ be: “Seselelãme siawo nu gbe tsotso. Eya ta mesusui be ne mewu ɖokuinye la anyo wu.”

ÐE NU te ɖe dziwò vevie kpɔ si na be mègadi be yeanɔ agbe oa? Ekema àse ale si Adriana se le eɖokui me la gɔme. Nu te ɖe edzi vevie wòlé blanui eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Adriana yi kɔdzi eye wokpɔe be blanuiléledɔe nɔ fu ɖem nɛ.

Bu Japan ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kaoru si nɔ edzila tsitsi siwo dze dɔ dzi kpɔm hã ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, dɔ te ɖe dzinye vevie le dɔ me. Eteƒe medidi o nuɖuɖu megadzroam o, eye nyemegadɔa alɔ̃ o. Eya ta meva nɔ susum be makpɔ gbɔdzɔe ne meku.”

Nigeria ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ojebode gblɔ be: “Meléa blanui ɣesiaɣi ale gbegbe be avi koe metsɔnɛ na, eya ta menɔ mɔnu dim be maɖe nye agbe ɖa.” Míeda akpe be Ojebode, Kaoru kple Adriana mewu wo ɖokuiwo o. Gake ƒe sia ƒe la, ame gbogbo aɖewo wua wo ɖokuiwo.

AFI SI NÀKPƆ KPEKPEÐEŊU TSOE

Ŋutsuwo koŋ ye wua wo ɖokuiwo, elabe ekpea ŋu na wo dometɔ geɖe be woabia kpekpeɖeŋu. Yesu gblɔ be ame siwo dze dɔ la hiã gbedala. (Luka 5:31) Eya ta ne èle sesem le ɖokuiwò me alea la, míeɖe kuku megakpe ŋu na wò be nàbia kpekpeɖeŋu o. Ame geɖe siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la kpɔe be esi yewoyi kɔdzi la ena wòka ɖe eme na yewo. Ojebode, Kaoru kple Adriana siaa yi kɔdzi eye esia kpe ɖe wo ŋu wote ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nu.

Dɔktawo zãa atikewo alo ƒoa nu na dɔnɔa loo alo zãa mɔnu evea siaa tsɔ daa dɔ na ame si le blanuiléledɔ lém. Ele be ame siwo le dɔ sia lém ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nase nu gɔme na wo, agbɔ dzi ɖi na wo eye woalé be na wo. Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ ame sie nye Yehowa Mawu, ame si naa kpekpeɖeŋu nyuitɔ to eƒe Nya Biblia dzi.

ÐE KUXI SIA NU AVA YI KURAA?

Zi geɖe la, ehiã be ame siwo le blanuiléledɔ lém la nanɔ atike dzi eteƒe nadidi eye woawɔ asitɔtrɔwo be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe enu. Gake ne dɔ sia le ŋuwò la, àte ŋu anɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe abe Ojebode ene. Egblɔ be: “Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yesaya 33:24 si gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava si me ame aɖeke magagblɔ le anyigba dzi be ‘mele dɔ lém o’ la nava eme.” Na ŋugbe si Mawu do be yeana “anyigba yeye,” afi si “vevesese” maganɔ o la nafa akɔ na wò abe ale si wòfa akɔ na Ojebode ene. (Nyaɖeɖefia 21:1, 4) Ŋugbedodo ma fia be tagbɔdɔ kple blanuiléledɔ aɖeke maganɔ anyi o. Wò vevesesewo nu ayi tegbee. Wò vevesesewo ‘magava susu me na wò alo ava dzi me na wò’ gbeɖe o.—Yesaya 65:17.