Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Esrɔ̃ Biblia Me Nyateƒea Togbɔ Be Asiwo Kple Abɔwo Mele Esi O Hã

Esrɔ̃ Biblia Me Nyateƒea Togbɔ Be Asiwo Kple Abɔwo Mele Esi O Hã

Ne amewo kpɔe be yewomele dedie o la, wodina be yewoatsɔ asi alé nane. Nye ya nyemate ŋu awɔ esia o, elabena asiwo kple abɔwo mele asinye o. Esi mexɔ ƒe adre la, eva hiã be woalã nye abɔwo atsɔ akpɔ nye agbe ta.

Danye dzim le ƒe 1960 me esime wòxɔ ƒe 17. Fofonye dzo le mía gbɔ hafi wodzim. Nye kple danye míenɔ tɔgbuinye kple mamanye gbɔ le Ɣedzeƒe Germany le du si nye Burg me. Ame geɖe mexɔ Mawu dzi se o, míaƒe ƒomea hã le wo dome. Míetsɔ ɖeke le Mawu me o.

Esi menɔ tsitsim la, tɔgbuinye tsɔ ɖe le eme nam vevie. Enana mekpena ɖe eŋu le nu geɖe wɔwɔ me, enana medea ati dzi ɖatsoa eƒe alɔawo. Dɔ mawo wɔwɔ dzɔa dzi nam le ɖevime. Dzi dzɔam, naneke meɖea fu nam o.

AFƆKU AÐE NA NUWO VA TRƆ NAM

Nu dziŋɔ aɖe dzɔ gbe ɖeka, esi mexɔ ƒe adre. Medze suku gɔme koe nye ema eye menɔ xɔ evelia me. Esi megbɔna va aƒe me la, mede elektrikkawo ƒe gakpo aɖe dzi. Esi meliae abe meta 8 ene la, elektrikkawo ke dzo ɖe dzinye sesĩe eye meyi ɖi me. Kɔdzie mevae nyɔ ɖo, eye mese le ɖokuinye me be nye abɔwo megale ŋunye o. Nye abɔwo fiã, nu vevi wɔm ale gbegbe be ele be woalã nye abɔ eveawo be aɖi nagatso wo me age ɖe nye ʋu me o. Abe ale si nàkpɔ mɔ enea, danye, mamanye kple tɔgbuinye ƒe dzi gbã vevie. Gake esi menye ɖevi ta, nyemese ale si gbegbe agbea ava nɔ nam esi abɔwo mele asinye o la gɔme bliboe o.

Esi woɖem le kɔdzi megbea, megatrɔ yi suku. Ðeviwo ɖua fewu le ŋunye, wotutuam eye wodaa nuwo wòva lɔ̃am elabe nyemate ŋu awɔ naneke o. Le nyateƒe me la, woƒe ŋutasẽnuwɔnawo kple nya veamewo tena ɖe dzinye. Emegbe woɖem yi suku bubu aɖe si nye nuwɔametɔwo ƒe suku le Birkenwerder, si kpena ɖe ɖevi siwo nye nuwɔametɔwo ŋu be woate ŋu asrɔ̃ nu. Esi sukua didi tso mía gbɔ ta la, danye, mamanye kple tɔgbuinye metea ŋu va kpɔam ɖa edziedzi o. Ne míeke mɔ ko hafi mekpɔa wo. Medzo le danye, mamanye kple tɔgbuinye gbɔ ƒe ewo sɔŋ.

ABƆWO KPLE ASIWO MENƆ ASINYE ESIME MENƆ TSITSIM O

Ehiã be masrɔ̃ ale si matsɔ nye afɔwo awɔ nuwoe. Kpɔ ale si wòasesẽ be woatsɔ afɔ alé gaflo alo gatsi anɔ nu ɖumee la ɖa! Gake medze agbagba srɔ̃e. Mesrɔ̃ ale si maklɔ nu me ahavu ɖa hã kple nye afɔwo. Eye ne mele dze ɖom kple amewo la, menɔa afɔ wɔm ɖe nyaa dzi. Kpuie koa, nye afɔwo va zu nye asiwo.

Esi menɔ ɖekakpuime ɖom la, nyakpakpa siwo ku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu xexlẽ dzɔa dzi nam. Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔnɛ le susu me be asi deŋgɔwo le asinye si mate ŋu atsɔ awɔ nu sia nu. Esi mexɔ ƒe 14 la, meva te atamanono. Mesusu be ana dzi nanɔ ƒonye eye mase le ɖokuinye me be mele abe ame bubu ɖe sia ɖe ko ene. Ðeko wòle abe ɖe mele gbɔgblɔm na ɖokuinye be: “Ɛ̃, nye hã mate ŋu awɔe. Ame tsitsiwoe noa atama, asi le wo si alo asi mele wò si o.”

Vovo meganɔa ŋunye kura o, eye meƒoa ɖokuinye ɖe hadomenuwɔnawo me. Meva ƒo ɖokuinye ɖe sɔhɛwo ƒe habɔbɔ aɖe (Free German Youth) si dukɔa doa alɔe la me, eye meva zu woƒe agbalẽŋlɔla si nye ɖoƒe vevi aɖe le habɔbɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, meɖo hadziha aɖe hã me, metrɔa asi le hakpanyawo ŋu, eye mekpɔa gome le nuwɔametɔwo ƒe kamedefefewo me. Esi meva srɔ̃ dɔ aɖe megbe la, meva nɔ dɔ wɔm kple dɔwɔƒe aɖe si le míaƒe nutoa me. Esime menɔ tsitsim la, medoa abɔ wɔwɔewo zi geɖe elabe medi be nye ŋutinuwo nade.

MESRƆ̃ BIBLIA ME NYATEƑEA

Gbe ɖeka esi menɔ lalam be maɖo keteke ayi dɔme la, ŋutsu aɖe te ɖe ŋunye. Ebiam be, mesusu be Mawu ate ŋu ana nye abɔ eveawo nagasu asinye hã? Nyaa wɔ nuku nam. Medi be nye abɔwo nagasu asinye, gake le gonyemea, nya aɖe ko wònye mese ɖe to xa, mate ŋu adzɔ o! Nyemexɔ Mawu dzi se o, eya ta meka ɖe edzi be Mawu aɖeke meli o. Tso ema dzi la, medzea agbagba be maƒo asa na ŋutsu ma.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye dɔwɔhati aɖe kpem be mava srã yeƒe ƒomea kpɔ. Esi míenɔ kɔfi nom la, edzilawo te nuƒoƒo tso Mawu ŋu, tso Yehowa Mawu ŋu. Gbemagbee nye zi gbãtɔ mese be ŋkɔ le Mawu si. (Psalmo 83:18) Gake le ememea, megblɔ be: ‘Ŋkɔ le esi alo ŋkɔ meɖale esi o, Mawu aɖeke meli o. Ele be makpe ɖe ame siawo ŋu woakpɔe be yewoda ƒu.’ Meka ɖe nu siwo mesusua dzi, eya ta melɔ̃ be míanɔ Biblia me dzrom. Gake ewɔ nuku be nyemete ŋu ɖo kpe edzi be Mawu meli o.

Esi míeva nɔ Biblia me nyagblɔɖiwo me dzrom la, meva nɔ asi ɖem le susu si le asinye be Mawu meli o la ŋu vivivi. Nya siwo Mawu gblɔ ɖi la dometɔ geɖe va eme, togbɔ be wogblɔ wo ƒe alafa alo akpe geɖe do ŋgɔ hã. Le Biblia me numedzodzro aɖe me la, míetsɔ nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me fifia sɔ kple nyagblɔɖi siwo le Mateo ta 24, Luka ta 21, kple 2 Timoteo ta 3. Abe ale si ko dzesi vovovowo ate ŋu akpe ɖe ɖɔkta aɖe ŋu wòanya dɔléle si le fu ɖem na dɔnɔ aɖe la, dzesi siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi mawo me kpe ɖe ŋunye mede dzesii be míele nu si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. * Nye nu ku. Nye ŋutɔ nye ŋkuwo le nyagblɔɖi siawo me vava teƒe kpɔm.

Meka ɖe edzi be nyateƒeae nye ema srɔ̃m mele. Meva nɔ gbe dom ɖa na Yehowa Mawu eye medzudzɔ atamanono, togbɔ be menoe wòwu ƒe ewo hã. Meyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi abe ƒe ɖeka ene. Le April 27, 1986 la, mena wonyrɔm ɖe tsi me le adzame le tsilezɔ aɖe me, elabe ɣemaɣi la, wòɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔa dzi le Ɣedzeƒe Germany.

KPEKPE ÐE AME BUBUWO ŊU

Esi woɖo asi dɔa dzi ta la, míekpena le ƒuƒoƒo suewo me le aƒewo me eye haxɔsetɔ ʋɛ aɖewo koe medze sii. Nyemenɔ mɔ kpɔm nɛ o, gake dɔwɔƒe si kpɔa mɔzɔnyawo gbɔ le dukɔa me da asi ɖe edzi be mazɔ mɔ ayi Ɣetoɖoƒe Germany afi si womeɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔa dzi le o. Emae nye zi gbãtɔ le nye agbe me si mede Ðasefowo ƒe takpekpe gãwo dometɔ aɖe eye mekpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo. Nyemaŋlɔe be akpɔ o.

Woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woayi woƒe dɔa dzi esi Berlin gli sesẽa mu megbe. Ablɔɖe su mía si mlɔeba be míasubɔ Yehowa Mawu. Medi be mawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake mevɔ̃na na ame siwo nyemedze sii o. Nye nɔnɔmea wɔe be nyemebua ɖokuinye ɖe ɖeke me o, eye mezã nye ɖevimenɔɣi ƒe akpa gãtɔ le nuwɔametɔwo dome. Ke hã, le ƒe 1992 me la, medze agbagba be mazã gaƒoƒo 60 atsɔ aɖe gbeƒã ɣleti sia ɣleti. Nuwo yi nyuie eye mekpɔ dzidzɔ geɖe. Eya ta meɖoe be manɔ ewɔm ɣleti sia ɣleti eye mete ŋu wɔe abe ƒe etɔ̃ sɔŋ ene.

Meɖoa ŋku nya si Biblia gblɔ be: “Ame kae gbɔdzɔ, eye nyemegbɔdzɔ o?” la dzi. (2 Korintotɔwo 11:29) Togbɔ be menye nuwɔametɔ hã, nye susu le te eye mate ŋu aƒo nu. Eya ta mewɔa nye ŋutete be makpe ɖe amewo ŋu. Esi abɔwo mele asinye o ta, mese ame siwo mate ŋu awɔ nanewo o la ƒe nɔnɔmewo gɔme. Menya ale si ame nadi vevie be yeawɔ nanewo gake mate ŋu awɔe o. Medzea agbagba be made dzi ƒo na ame siwo le nɔnɔme sia me. Kpekpe ɖe amewo ŋu alea nana mekpɔa dzidzɔ.

Nya nyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo nana dzi dzɔam

YEHOWA KPENA ÐE ŊUNYE GBE SIA GBE

Nu tena ɖe dzinye ɣeaɖewoɣi. Medi be nu sia nu nade le ŋunye hafi. Mate ŋu awɔ nye gbe sia gbe dɔwo ƒe akpa gãtɔ, gake wo wɔwɔ biaa ɣeyiɣi, agbagbadzedze kple ŋusẽ geɖe wu ale si wòle be wòanɔ. Ha si le nu nam gbe sia gbee nye: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Yehowa naa ŋusẽ si mehiã ŋkeke sia ŋkeke lam be matsɔ awɔ nu siwo hiã. Menya be Yehowa megblẽm ɖi o. Eya ta nye hã nyemedi be magblẽe ɖi o.

Yehowa na ƒome nyui aɖem, ƒome si tɔgbi menɔ asinye le ɖevime kple sɔhɛmenɔɣi o. Srɔ̃nyɔnu nyui aɖe si ŋkɔe nye Elke hã le asinye, elɔ̃m, eye wòsea veve ɖe nunye. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefo akpeakpewo nye nɔvinye ŋutsuwo kple nyɔnuwo le haa me, wonye xexea me katã ƒe ƒome gã aɖe.

Nye kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Elke

Paradiso si me woawɔ ‘nuwo katã yeyee,’ si me nye abɔwo hã le, si ƒe ŋugbe Mawu do la hã faa akɔ nam. (Nyaɖeɖefia 21:5) Megase ŋugbedodo sia gɔme nyuie wu esi mede ŋugble le nu si Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi la ŋu. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, eda dɔ na ame aɖe si ƒe abɔwo tu, eye wòda dɔ na ame aɖe si wokpa to na la hã. (Mateo 12:13; Luka 22:50, 51) Yehowa ye do ŋugbea, eye Yesu ƒe nukunuwo na meka ɖe edzi be eteƒe madidi o, nye ŋutinuwo katã ade pɛpɛpɛ.

Gake nu si nye nye dzidzɔ gãtɔ kekeakee nye be meva nya Yehowa Mawu. Eva zu fofonye kple xɔ̃nye, nye akɔfala kple ame si doa ŋusẽm. Ðeko mele sesem le ɖokuinye me abe Fia David ene, ame si gblɔ be: “Yehowae nye nye ŋusẽ . . . exɔ nam, eya ta nye dzi le aseye tsom.” (Psalmo 28:7) Medi be maku ɖe nyateƒe wɔnuku sia ŋu le nye agbe me katã. Malé eme ɖe asi sesĩe togbɔ be abɔwo kple asiwo mele asinye o hã.

^ mm. 17 Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito tso ŋkeke mamlɛawo ŋu la, ekema xlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9, “‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Mee Míele Nyateƒea?” Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le internet hã dzi le www.dan124.com/ee