Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Mekpɔe Be Mele Dedie Esi Meɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Mekpɔe Be Mele Dedie Esi Meɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

NE AMEWO biam be dɔ kae mewɔ le agbe me hãa, meɖoa eŋu na wo zi geɖe be: “Mɔzɔkploe menye le Yehowa si me!” Nu si wòfiae nye be, ale si ko metsɔa nye mɔzɔkplo ɖe asi yia afi sia afi si media, nenema kee medi be Yehowa kple eƒe habɔbɔa nazãm; woagblɔ afi si mayi kple ɣeyiɣi si mayi nam. Melɔ̃ wɔ dɔdeasi siwo sesẽ, eye nye agbe ɖo afɔku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gake nu vevi si mesrɔ̃ le wo katã mee nye be, ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ko hafi nàse le ɖokuiwò me be yele dedie vavã.

ESIME METE ŊUÐOÐO ÐE YEHOWA ŊU

Wodzim le ƒe 1948 me, le kɔƒe sue aɖe me le Nigeria ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Ɣemaɣia, tɔnyeɖia Moustapha va zu Yehowa Ðasefo, eye eyome fonye tsitsitɔ Wahabi hã va zu Ðasefo. Tɔnye ku esi mexɔ ƒe asieke. Esia na nye dzi gbã. Wahabi gblɔ nam be woafɔ Papa ɖe tsitre eye míagakpɔe ake. Nya ma fa akɔ nam ŋutɔ; esiae ʋãm mete Biblia sɔsrɔ̃. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1963 me. Nɔvinyeŋutsu etɔ̃ susɔeawo hã xɔ nyɔnyrɔ.

Le ƒe 1965 mea, meʋu yi fonye Wilson gbɔ le Lagos, eye mede ha kple gbesiagbe mɔɖela siwo nɔ Igbobi Hamea me. Dzo si le wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu kple ale si wònana wokpɔa dzidzɔe ʋãm be nye hã meva zu mɔɖela le January 1968 me.

Nɔviŋutsu Albert Olugbebi, si nɔ subɔsubɔm le Betel, wɔ kpekpe tɔxɛ aɖe kple mí sɔhɛwo. Egblɔ be wohiã mɔɖela veviwo le Nigeria ƒe dziehenutowo me. Megaɖoa ŋku ale si Nɔviŋutsu Olugbebi tsɔ dzidzɔ de dzo mía me ɖe dɔ ma ŋui dzi. Egblɔ be: “Sɔhɛwoe mienye, eye miate ŋu azã miaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ asubɔ Yehowa. Nukuwo ƒu le agbleawo dzi na ŋeŋe!” Esi medi vevie be matsɔ ɖokuinye ana faa abe nyagblɔɖila Yesaya ene taa, mekpe mɔɖela vevi ƒe dɔbiagbalẽa ɖo.—Yes. 6:8.

Le May 1968 mea, woɖom mɔɖela vevi hebia tso asinye be masubɔ le Kano, le Nigeria ƒe dziehenuto me. Ɣemaɣia, Biafra-ʋa si wowɔ tso ƒe 1967 va ɖo 1970 nɔ edzi yim. Aʋa ma na ʋunyaʋunya yi edzi le dziehenutoa me eye wòkaka va ɖo ɣedzeƒenutoa me. Nɔviŋutsu aɖe nɔ vɔvɔ̃m ɖe nunye, eye medi be mayi o. Gake megblɔ nɛ be: “Akpe na wò be nètsi dzi ɖe ŋunye. Gake ne Yehowa di be mawɔ dɔ sia na yea, meka ɖe edzi be anɔ kplim.”

MEÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU LE NUTO SI ME AƲA LE EDZI YIM LE ME

Nuwo menɔ bɔbɔe le Kano ɣemaɣi kura o. Dukɔmeviʋaa gblẽ nu ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi ne míele gbeadzia, míeva kena ɖe ame siwo wowu le aʋaa mea ƒe kukuwo ŋu. Togbɔ be hame geɖe nɔ Kano hafi aʋaa dze egɔme hãa, nɔviawo dometɔ akpa gãtɔ si dzo le dua me. Gbeƒãɖela siwo susɔa mede 15 o. Azɔ hã wonɔ vɔvɔ̃m, eye dzi ɖe le wo ƒo. Eya ta esi mí mɔɖela vevi ade sɔŋ míeva ɖo dua mea, dzi dzɔ wo glo. Míede dzi ƒo na wo, eye woƒe dzi dze eme. Míekpe ɖe wo ŋu wogate kpekpeawo kple gbeadzi dede, wogate woƒe gbeadzikɔntawo ɖoɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea eye wogadze agbalẽwo dɔdɔ gɔme.

Mí mɔɖela veviawo míete Hausagbe sɔsrɔ̃. Esi nutoa me tɔwo kpɔe be míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le wo degbe mea, wo dometɔ geɖe ɖo to mí. Gake míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa medzɔ dzi na sɔlemeha si koŋ le nutoa mea me tɔwo o, eya ta eva hiã be míanɔ ŋudzɔ vevie. Gbe ɖekaa, ŋutsu aɖe nyã nye kple nɔvi si le gbeadzi ɖe enu be yeatɔ hɛ mí. Gake míaƒe afɔ ɖe abla wu etɔ ale be míesi le egbɔ! Togbɔ be afɔku mawo li hã, Yehowa na ‘míenɔ dedie,’ eye gbeƒãɖelawo va nɔ agbɔ sɔm. (Ps. 4:8) Egbea, gbeƒãɖela siwo wu 500 kple hame 11 sɔŋ ye le Kano.

WOTSI TRE ÐE MÍA ŊU LE NIGER

Esime menye mɔɖela vevi le Niamey, le Niger

Menɔ Kano ɣleti ʋɛ aɖewo, eye le August 1968 mea, woɖo nye kple mɔɖela vevi eve bubu ɖe Niamey, si nye Niger ƒe dugã. Eteƒe medidi kura o, míeva de dzesii be Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ sia nye teƒe siwo xɔ dzo wu le anyigba dzi dometɔ ɖeka. To vovo na dzoxɔxɔa, ele hã be míasrɔ̃ Fransegbe, si nye gbe si koŋ wodona le dukɔa me. Togbɔ be kuxi siawo li hã, míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míewɔ ɖeka kple nɔvi ʋɛ siwo le afi ma míeɖe gbeƒã le dugãa me. Eteƒe medidi o, míema Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee ale gbegbe be ame sia ame kloe le Niamey si nya nuxexlẽa xɔ ɖe. Amewo va dia mí gɔ̃ hã be míana ɖeka yewo!

Medidi o, míeva nyae be dziɖuɖua melɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe nya o. Le July 1969 mea, míeƒo ƒu zi gbãtɔ be míawɔ nutome sue takpekpe le dukɔa me, eye ame 20 aɖewo de. Gbeƒãɖela yeye eve wɔ ɖoɖo be yewoaxɔ nyɔnyrɔ. Gake le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ dzia, kpovitɔwo va tɔ te takpekpea. Wokplɔ mí mɔɖela veviwo kple nutome sue dzikpɔlaa yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Wobia gbe mí eye wogblɔ be míatrɔ ava ŋkeke si kplɔe ɖo. Esi míekpɔe be ŋgɔgbea megbɔna nyonyo ge o taa, míewɔ ɖoɖo ƒo nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa le nɔvi aɖe ƒe me, eye míewɔ dzaa va nyrɔ gbeƒãɖela eveawo ɖe tɔsisi aɖe me.

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbea, dziɖuɖua na gaƒoƒo 48 nye kple mɔɖela vevi atɔ̃ bubu be míadzo le dukɔa me, gake mía ŋutɔwoe awɔ ɖoɖoa. Míewɔ ɖe woƒe nyaa dzi, eye míedzo yi Nigeria alɔdzedɔwɔƒea. Le afi maa, wogade dɔ bubu asi na mí.

Wobia tso asinye be masubɔ le Nigeria ƒe kɔƒe aɖe si woyɔna be Orisunbare me. Nye kple gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ afi ma míekpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me. Gake ɣleti ade megbea, alɔdzedɔwɔƒea bia tso asinye be matrɔ ayi Niger. Gbãa, nyaa dzem kpo eye mevɔ̃, gake emegbe edzrom vevie be magakpɔ nɔvi siwo le Niger ake!

Ale megbugbɔ yi Niamey. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzia, asitsala aɖe si nye Nigeriatɔ kpɔe dze sii be Ðasefoe menye, eye wòte nyawo biabiam tso Biblia ŋu. Mesrɔ̃ Biblia kplii, eye esi wòdzudzɔ atama kple aha tsu nonoa, exɔ nyɔnyrɔ. Mekpe asi ɖe eŋu be míeɖe gbeƒã le Niger ƒe nuto vovovowo me, eye edzɔ dzi nam be ame aɖewo va xɔ nyateƒea, togbɔ be esia xɔ ƒe geɖe hã. Esi meva dukɔa mea, Ðasefo 31 ye nɔ anyi; esime menɔ dzodzoma, wova zu ame 69.

“MÍENYA NU BOO AÐEKE TSO FIAÐUƑEDƆA ŊU LE GUINEA O”

Le ƒe 1977 ƒe nuwuwua, megbugbɔ yi Nigeria be maxɔ hehe. Mexɔ hehe kwasiɖa etɔ̃. Esia megbea, Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla, Malcolm Vigo, tsɔ lɛta aɖe si tso Sierra Leone alɔdzedɔwɔƒea fiam be maxlẽ. Nɔviawo le mɔɖela aɖe si nye tre, si le lãmesẽ me, eye wòse Eŋlisigbe kple Fransegbe dim be wòanye nutome sue dzikpɔla asubɔ le Guinea. Nɔviŋutsu Vigo na menya be dɔ ma ƒe hehe xɔmee menɔ. Eɖe eme nam nyuie be menye dɔ bɔbɔe wònye o, eye wògblɔ be: “De ŋugble le eŋu nyuie, hafi nàlɔ̃.” Meɖo eŋu nɛ enumake be: “Esi wònye Yehowae le nye dɔm taa, mayi.”

Meɖo yameʋu yi Sierra Leone va do go nɔviawo le alɔdzedɔwɔƒea. Alɔdzekɔmitia me tɔ ɖeka gblɔ nam be: “Míenya nu boo aɖeke tso Fiaɖuƒedɔa ŋu le Guinea o.” Togbɔ be Sierra Leone Alɔdzedɔwɔƒea ye nɔ dɔa dzi kpɔm le Guinea hã, dunyahehe ƒe zitɔtɔ si le dukɔa me wɔe be kadodo boo aɖeke menɔ wo kple gbeƒãɖela siwo le afi ma dome o. Eye togbɔ be alɔdzedɔwɔƒea dze agbagba ʋuu hãa, womete ŋu kpɔ habɔbɔa teƒenɔla aɖeke ɖo ɖe dukɔ ma me o. Eya ta wobia tso asinye be mazɔ mɔ ayi Guinea ƒe dugã si nye Conakry me, eye madze agbagba axɔ dukɔmenɔgbalẽ.

“Esi wònye Yehowae le nye dɔm taa, mayi”

Esi meva ɖo Conakry le Guinea la, me vae do go kple Nigeria dukɔteƒenɔla. Megblɔ nɛ be medi vevie be maɖe gbeƒã le dukɔa me. Exlɔ̃ num be nyemeganɔ dukɔa me o, elabe setɔwo ate ŋu além alo awɔ nu vevim gɔ̃ hã. Egblɔ nam be: “Gbugbɔ yi Nigeria nàɖe gbeƒã le afi ma.” Meɖo eŋu nɛ be: “Meɖoe be manɔ afi sia.” Eva lɔ̃ mlɔeba eye wòŋlɔ agbalẽ na dudɔnunɔla si kpɔa dukɔmenyawo gbɔ le Guinea be wòakpe ɖe ŋunye, eye dudɔnunɔlaa kpe ɖe ŋunye.

Ema megbe kpuiea, metrɔ yi alɔdzedɔwɔƒe si le Sierra Leone eye megblɔ ale si nuwo yii na nɔviawo. Nɔviawo gli kple dzidzɔ esi wose ale si Yehowa yra nye mɔzɔzɔae. Guinea dziɖuɖua ɖe mɔ nam be manɔ dukɔa me!

Esime menye nutome sue dzikpɔla le Sierra Leone

Tso ƒe 1978 va se ɖe 1989 mea, mewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa le Guinea kple Sierra Leone, eye mewɔ nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ƒe dɔa hã le Liberia. Le gɔmedzedzea, medzea dɔ edziedzi. Ɣeaɖewoɣia, esia dzɔ esime menɔ nuto siwo sa ɖe aga me. Gake nɔviawo dzea agbagba kplɔam yia kɔdzi.

Ɣeaɖeɣia, asrã sesẽ aɖe va lém, eye vɔkluiwo hã nɔ fu ɖem nam. Esi mehaya mlɔeba, mese be nɔviawo nɔ afi si yewoaɖim ɖo ŋu bum! Togbɔ be nye agbe ɖo afɔku me alea ɣeaɖewoɣi hã, meva susu me nam kpɔ be maɖe asi le nye dɔdeasia ŋu o. Elabe meka ɖe edzi bliboe be Mawu si ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre gbɔ koe ame ate ŋu anɔ dedie le ŋutɔŋutɔ.

NYE KPLE SRƆ̃NYE MÍEÐOA ŊU ÐE YEHOWA ŊU

Míaƒe srɔ̃ɖegbe, le ƒe 1988 me

Le ƒe 1988 mea, medo go Dorcas, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela si bɔbɔ eɖokui, eye wòléa fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Míeɖe mía nɔewo, eye wòva wɔ ɖeka kplim le nutome sue dzikpɔkpɔ dɔa me. Nɔvinyɔnu lɔ̃ame si tsɔa eɖokui nana bliboe ye Dorcas nye. Nye kplii míeléa míaƒe agbawo ɖe ta toa afɔ abe kilometa 25 ene ɣeaɖewoɣi hafi ɖoa hame bubu gbɔ. Ne hame si míasrã kpɔ gbɔ didia, ekema míeɖoa ʋu ɖe sia ɖe si míekpɔ toa mɔ dzekpodzeʋe siwo dzi ba lea dzi yia wo gbɔ.

Dzi le Dorcas ƒo ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be míatso tɔ siwo me lowo le. Gbe ɖeka, eva hiã be míazɔ mɔ ŋkeke atɔ̃, gake tɔdzisasrã si dzi míato atso tɔa gbã, eya ta ehiã be míaɖo akro. Esi Dorcas tso be yeado le akroa mea, edze anyi ɖe tsia me, evɔ tsia hã goglo. Mía dometɔ aɖeke menya tsiƒuƒu o, evɔ lowo hã le tɔa me! Yehowa ve mía nu be ɖekakpui aɖewo nɔ afi ma eye wodzo dze tsia me vae ɖee. Ɣeyiɣi aɖe le nudzɔdzɔ sia megbea, míekua drɔ̃e ɖivɔvɔ̃wo tso eŋu heɖia vo le alɔ̃ me, gake míeyi míaƒe dɔa dzi.

Mía viwo, Jahgift kple Eric, nye nunanawo tso Yehowa gbɔ

Le ƒe 1992 ƒe gɔmedzedzea, míaƒe mo wɔ yaa esi míeva nya be Dorcas fɔ fu. Míebia mía ɖokuiwo be, míaƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuƒee nye esia? Míede dzi ƒo na mía ɖokuiwo be: “Yehowa na nu mí!” Eya ta míeɖoe be míayɔ mía vinyɔnua be Jahgift (Yah ƒe nunana). Esi míedzi Jahgift ƒe ene megbea, nɔviaŋutsu Eric kplɔe ɖo. Mía vi eve siawo nye nunanawo tso Yehowa gbɔ na mí vavã. Jahgift subɔ le gbegɔmeɖedɔwɔƒe si le Conakry ɣeyiɣi aɖe, eye Eric hã nye subɔsubɔdɔwɔla.

Togbɔ be eva hiã be Dorcas nadzudzɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa hã, ekpɔtɔ nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm, hafi ganɔ ɖeviawo dzi kpɔm. Yehowa kpe ɖe ŋunye meyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa dzi. Esi mía viawo tsia, Dorcas gava zu mɔɖela vevi. Fifia mí ame evea míenye dutanyanyuigblɔlawo le Conakry.

YEHOWA NANA MÍENƆA DEDIE

Le nye agbe me katãa, meyi afi sia afi si Yehowa di be yeakplɔm ayii. Nye kple srɔ̃nye míesena le mía ɖokuiwo me zi geɖe be Yehowa kpɔ mía ta heyra mí. Esi míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, míeƒo asa na kuxi kple dzimaɖitsitsi siwo ɖea fu na ame siwo ɖoa ŋu ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. Nu siwo me nye kple Dorcas míeto le agbe me na mía ŋutɔwo míekpɔe be “míaƒe xɔname ƒe Mawu,” Yehowa, gbɔ koe míanɔ dedie le ŋutɔŋutɔ. (1 Kron. 16:35) Meka ɖe edzi bliboe be, ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋua, ‘woabla woƒe agbe ɖe agbekplo me wòanɔ dedie le Yehowa gbɔ.’—1 Sam. 25:29.