Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ale Si Wolɔ̃ Míi La Wɔ Dɔ Ðe Mía Dzi Ŋutɔ”

“Ale Si Wolɔ̃ Míi La Wɔ Dɔ Ðe Mía Dzi Ŋutɔ”

LE Memleɖa, April 25, 2015 dzi la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe si ƒe dzidzemee nye 7.8 la dzɔ le Nepal, si nye dukɔ si ƒe akpa gãtɔ nye towo le India ƒe dzigbe gome. Anyigbaʋuʋua gblẽ nu le Kathmandu si nye fiadua ƒe dzieheɣetoɖoƒe abe kilometa 80 ene. Nublanuitɔe la, ame siwo wu 8,500 ye ku, eye esiae nye dzɔdzɔmefɔku si wu ame gbogbo le Nepal ƒe ŋutinya me. Aƒe siwo wu alafa atɔ̃ ye gbã. Yehowa Ðasefowo 2,200 ye le Nepal, eye wo dometɔ akpa gãtɔ le teƒe si anyigbaa ʋuʋu le. Nublanuitɔe la, Ðasefo ɖeka kple via eve ku.

Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Michelle gblɔ be, “anyigbaa ʋuʋu esime Ðasefo akpa gãtɔ siwo le nutoa me nɔ woƒe kpekpe aɖe wɔm. Ne ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ aƒe me hafi afɔkua dzɔ la, anye ne ame siwo aku alo axɔ abi la asɔ gbɔ ŋutɔ.” Nu ka tae ame siwo yi kpekpea tsi agbe? Ale si wotu Fiaɖuƒe Akpatawo gbɔe wòtso.

“FIFIA MÍELE VIÐEAWO KPƆM!”

Wonana Fiaɖuƒe Akpata yeye siwo katã tum wole le Nepal fifia sesẽna ale be woate ŋu anɔ te ɖe anyigbaʋuʋu nu. Man Bahadur si le Fiaɖuƒe Akpata tulawo dome gblɔ be: “Amewo biaa mí be nu ka tae míeɖoa gɔmeɖoanyi sesẽ mawo gbegbe na xɔ sue mawo hã? Fifia míele viɖeawo kpɔm!” Le anyigbaʋuʋua megbe la, woɖe mɔ be amewo nava nɔ Fiaɖuƒe Akpatawo me. Togbɔ be anyigbaʋuʋu suesuesuewo kplɔ gãtɔa ɖo hã, Yehowa Ðasefowo kple woƒe aƒelikawo nɔ dedie le afi ma.

Yehowa Ðasefowo kple woƒe aƒelikawo va tsi Fiaɖuƒe Akpata me

Ðasefowo ƒe hamemetsitsiwo di ame siwo womekpɔ o la afɔ tsɔtsɔe. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Babita gblɔ be: “Hamemetsitsiawo tsɔ hamea me tɔwo ƒe dedienɔnɔ nu vevii wu woawo ŋutɔ tɔ. Ale si wolɔ̃ míi la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.” Le anyigbaʋuʋua ƒe ŋufɔke la, ame etɔ̃ siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Nepal kple dzikpɔla mɔzɔlawo nɔ hameawo dzi tsam be yewoanya nu siwo hiã wo eye yewoana kpekpeɖeŋu si hiã to hamemetsitsiawo dzi.

Gary Breaux, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã va srã nɔviawo kpɔ

Ŋkeke ade le anyigbaʋuʋua megbe la, Gary Breaux, si le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒe gã si le Amerika kple srɔ̃a Ruby va Nepal. Reuben, si nye dɔa dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka le Nepal gblɔ be: “Ale si nuwo tɔtɔ le Kathmandu kple anyigbaʋuʋu suesuesuewo wɔe be míevɔ̃ be Nɔviŋutsu Breaux mate ŋu ava o. Gake eɖoe kplikpaa be yeava, eye eva hã! Ðasefoawo kpɔ dzidzɔ ɖe eƒe vavaa ŋu.”

‘MÍEGAVA TE ÐE MÍA NƆVIWO ŊU WU’

Silas, si wɔa dɔ le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒe si le Nepal gblɔ be: “Esi míaƒe telefonwo nya te dɔwɔwɔ koa, woƒoa ka na mí zã kple keli! Ðasefo siwo le xexea me godoo ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme na mí. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo doa gbe si míese o hã, míekpɔe be wolɔ̃ mí eye wodi be yewoakpe ɖe mía ŋu.”

Yehowa Ðasefowo ƒe ɖɔkta siwo tso Europa va la dometɔ ɖeka le abɔ blam na abixɔlawo dometɔ aɖe

Ŋkeke geɖe le anyigbaʋuʋua megbe la, Ðasefo siwo le afi ma la tsɔa nuɖuɖu vaa Fiaɖuƒe Akpata me wo katã woɖuna. Tsɔ kpe eŋu la, woɖo Afɔku Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe, eye eteƒe medidi o, amewo ɖo nuwo ɖe mí tso Bangladesh, India kple Japan. Le ŋkeke ʋɛ aɖe ko mea, Ðasefo aɖewo siwo nye ɖɔktawo tso Europa va eye wowɔ teƒe si woanɔ akpe ɖe amewo ŋu la ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me. Wodze dɔ gɔme enumake, menye ame siwo dze afɔku gbɔ koe wokpɔ o, ke boŋ wofa akɔ na wo le esi wole nu xam le nu si dzɔa hã ta.

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Uttara gblɔ nya si ame geɖe gblɔ la ale: “Anyigbaʋuʋua dzi ŋɔ eye wòɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ. Gake emegbe, míekpɔe be míegava te ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu wu.” Anyigbaʋuʋua megbɔdzɔ lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo si na eyama kple wo nɔviwo la me o. Ðe wòdo ŋusẽ lɔlɔ̃ ma boŋ.