Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔnɔme nyuiwo le abe mɔfianu si ŋu kakaɖedzi le si ate ŋu afia mɔ viwòwo ene

NA DZILAWO

7: Agbe Nyui Nɔnɔ

7: Agbe Nyui Nɔnɔ

NU SI WÒFIA

Agbe nyui nɔnɔ nye se siwo dzi ame ŋutɔ wɔna ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèdzea agbagba be yeaɖi anukware le nu sia nu mea? Ne nenemae la, àdi be yeana ye viwo hã nanɔ agbe alea.

Agbe nyui nɔnɔ fia hã be nɔnɔme nyuiwo nanɔ ame si. Le kpɔɖeŋu me, ame si si nɔnɔme nyuiwo le la, doa vevie dɔ, dana sɔna, eye wòbua amewo ŋu. Ðevime koŋue wosrɔ̃a nɔnɔme siawo le.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Le esi mɔ̃ɖaŋunuwo va bɔ ta la, ele vevie be nɔnɔme nyuiwo nanɔ ame si. Vidada si ŋkɔe nye Karyn gblɔ be, “Nu gbegblẽ geɖe bɔ ɖe fonwo kple mɔ̃ bubuwo dzi woate ŋu akpɔ ɣesiaɣi. Mía viwo ate ŋu anɔ anyi ɖe mía gbɔ evɔ woanɔ nu manyomanyowo kpɔm!”

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo to wo zazã me, be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

Nɔnɔme nyuiwo le vevie. Ema fia be míade bubu amewo ŋu (agblɔ nyawo abe “meɖe kuku” kple “akpe” ene) eye míatsɔ ɖe le eme na amewo. Nɔnɔme siawo megabɔ egbea o, elabena amewo ƒe susu katã va nɔa elektrɔnikmɔ̃wo ŋu wu amewo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Na ale si nèdi be woanɔ agbe nyui la me nakɔ na wo. Le kpɔɖeŋu me, numekukuwo ɖee fia be anɔ bɔbɔe na sɔhɛwo be woaƒo asa na gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖe ne wofia wo eme kɔ nyuie be nuwɔna ma mesɔ o.

AÐAŊUÐOÐO: Ƒo nu tso nane si dzɔ nyitsɔ laa ŋu nàtsɔ afia nui tso nɔnɔme nyuiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne woƒo nu tso nu vlo wɔwɔ aɖe ŋu le nyadzɔdzɔ me la, àte ŋu agblɔ be: “Ale si ame aɖewo doa dziku sẽa ŋuta le ame ŋu la dziŋɔ ŋutɔ. Nu kae nèsusu be eyae na amewo wɔa nu nenema?”

“Esesẽna na ɖeviwo be woatia nu si nye nyui kple vɔ̃ nenye be womenya vovototoa do ŋgɔ o.”—Brandon.

Fia ale si woaɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ ale si woagblɔ be, “meɖe kuku” kple “akpe” eye woatsɔ ɖe le eme na amewo. Agbalẽ aɖe (Parenting Without Borders) gblɔ be, “Ne ɖeviwo kpɔe be yewoƒe wɔƒe le vevie le ƒome, suku alo nuto si me yewole me la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nu siwo aɖe vi na ame sia ame, ke menye na wo ɖokuiwo ko o.”

AÐAŊUÐOÐO: De aƒemedɔ aɖewo asi na viwòwo ale be woasrɔ̃ ale si woawɔ nu wòaɖe vi na amewo.

“Ne aƒemedɔwo wɔwɔ ma viwòwo fifia la, ewɔwɔ ade wo dzi ne wova le wo ɖokui si. Ɣemaɣia wosrɔ̃ ale si woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo wòma wo xoxo.”—Tara.