Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miɖe Lɔlɔ̃ Fia le Ƒomea Me

Miɖe Lɔlɔ̃ Fia le Ƒomea Me

Miɖe Lɔlɔ̃ Fia le Ƒomea Me

“KATSE nàtɔ dzoe kpɔ! Tɔ dzɔe!” Tohru ye le nanam srɔ̃anyɔnu, Yoko, nanya be atse nagablee o. * Eɖo eŋu be, “Matɔ dzoe godoo” eye wòsi matsesi tɔ foto aɖe si woa kple evea woɖe. Emegbe egblɔ adãtɔe be, “Matɔ dzo aƒea wòabi!” Tohru ƒo tome na srɔ̃a tsɔ ɖo eŋu nɛ, ale glãkahehea wu enu kple ŋutasẽnuwɔwɔ.

Ƒe etɔ̃ do ŋgɔ la, Tohru kple Yoko dze woƒe agbe gɔme abe srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔwo ene. Ekema nukae dzɔ? Togbɔ be Tohru dze ame nyui aɖee hã la, srɔ̃a se le eɖokui me be meɖea lɔlɔ̃ fiaa ye o eye metsɔa ɖeke le yeƒe seselelãmewo me boo o. Edze abe mete ŋu le nu wɔm ɖe lɔlɔ̃ si nyɔnua nɔ ɖeɖem fia la nu o ene. Esi Yoko megate ŋu le esia ƒe dzi dom o ta la, enɔ dziku kple dɔmedzoe dom edziedzi. Alɔ̃madɔmadɔ, dzimaɖitsitsi, nuɖuɖumadzroame, dzikudodo, kple blanuiléle kpakple ŋɔdziléame gɔ̃ hã va nɔ fu ɖem nɛ. Ke hã, edze abe ɖe Tohru metsɔ ɖeke le nɔnɔme sesẽ si le eƒe aƒea me me o ene. Ðeko wòdze abe nusi le dzɔdzɔmenu ene nɛ.

‘Ɣeyiɣi Sesẽ Siwo me Nɔnɔ Sẽ’

Kuxi siawo bɔ egbea. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be amesiwo ‘melɔ̃a ame ƒe nya o’ abɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. (Timoteo II, 3:1-5) Helagbe me nya gbãtɔ si gɔme woɖe le afisia be “melɔ̃a ame ƒe nya o” la do ƒome kplikplikpli kple nya si fia vivi si ƒometɔwo dona ɖe wo nɔewo ŋu. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ɖeɖefia bu le míaƒe ɣeyiɣia me. Ne lɔlɔ̃ɖeɖefia li hã la, ƒã hafi ƒometɔwo aɖee afia wo nɔewo.

Dzila geɖe siwo li egbea menya alesi woaɖe lɔlɔ̃ kple dzidzɔdoɖeameŋu afia woa ŋutɔwo ƒe viwo o. Ame aɖewo tsi le ƒome siwo me womeɖea lɔlɔ̃ fiaa ame le o me eye womenya be dzi ate ŋu adzɔ ame le agbe me wu eye agbe avivi wu ne woɖe lɔlɔ̃ fia yewo alo yewoɖe fia amewo o. Edze abe aleae wòle le Tohru gomee ene. Le eƒe ɖevimenɔɣi la, dɔ sɔa gbɔ ɖe fofoa dzi le dɔme ɣesiaɣi eye zã tsina hafi wògbɔna vaa aƒeme. Ƒã hafi wòɖoa dze kple Tohru, eye ne wòaɖoe kplii hã la, ewɔnɛ kple adã. Tohru dada hã wɔa dɔ ɣeyiɣiawo katã eye mevona ɖe eyama ŋu o. Television koe Tohru kpɔna gbesiagbe. Kafukafu alo dzeɖoɖo aɖeke menɔ ƒomea me o.

Ate ŋu atso dekɔnuwo hã gbɔ. Le Latin Amerika ƒe akpa aɖewo la, ahiã be ŋutsu naŋe aɖaba aƒu lɔlɔ̃ maɖemaɖe fia ƒe nuwɔna si bɔ dzi hafi ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Le Ɣedzeƒe kple Afrika dukɔ geɖe me la, enyea kɔgbegblẽɖo be woato nya kple nuwɔna me aɖe lɔlɔ̃ afia. Anye nu sesẽ na srɔ̃ŋutsuwo be woagblɔ na wo srɔ̃wo kple wo viwo be “Melɔ̃ wò.” Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nane tso ƒomedodo gbãtɔ aɖe si nɔ anyi ɣeyiɣi gbogbo aɖe la me.

Ƒomedodo ƒe Kpɔɖeŋu Nyui

Ƒomedodo nyuitɔ kekeake ƒe kpɔɖeŋu si ƒomewo asrɔ̃e enye ƒomedodo kplikplikpli si le Yehowa Mawu kple eƒe Tenuvia dome. Woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le mɔ deblibo aɖe nu. Le ƒe akpe gbogbo manyaxlẽwo me la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu Yesu Kristo emegbe la nɔ dzidzɔ ƒomedodo aɖe me kple Fofoa. Eɖɔ ɖekawɔwɔ sia ale: “Menye dɔnunɔla le egbɔ, eye menye amesi ƒe nu nyoa eŋu gbesiagbe, eye mekpɔa dzidzɔ le eŋku me ɣeawokatãɣi.” (Lododowo 8:30, NW) Vi la ka ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃ dzi ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ na ame bubuwo be yeƒe nu nyoa Yehowa ŋu gbesiagbe. Ekpɔa dzidzɔ le Fofoa gbɔ ɣeawokatãɣi.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi abe amegbetɔ ene gɔ̃ hã la, wogbugbɔ na kakaɖedzi Mawu ƒe Vi la be Fofoa lɔ̃e vevie. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ese Fofoa ƒe gbe be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” (Mateo 3:17) Lɔlɔ̃ ɖeɖe fia dedziƒoname le Yesu ƒe anyigba dzi dɔwɔwɔ ƒe gɔmedzeɣi kae nye si esia nye! Dzi anya dzɔe ŋutɔ be wòase be ye Fofo kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu esime wògate ŋu ɖo ŋku eƒe dziƒogbenɔnɔ katã dzi.

To esia dzi la, Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia eƒe xexeame katã ƒe ƒomea le mɔ si de keŋkeŋ nu. Ne míelɔ̃ Yesu Kristo la, Yehowa alɔ̃ míawo hã. (Yohanes 16:27) Togbɔ be míase gbeɖiɖi aɖeke tso dziƒo o hã la, míakpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia le nuwɔwɔwo me, le Yesu ƒe tafevɔsa si wòna me, kple le mɔ bubuwo nu. (Yohanes I, 4:9, 10) Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã heɖoa wo ŋu le mɔ si aɖe vi na mí wu nu. (Psalmo 145:18; Yesaya 48:17) Esi míele ƒomedodo kplikplikpli tum ɖo kple Yehowa la, eƒe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le la gadzea mía ŋu ɖe edzi wu.

Yesu srɔ̃ alesi wòaɖe veveseseɖeamenu, ameŋububu, dɔmenyonyo, kple ɖetsɔleme deto afia ame bubuwoe le Fofoa gbɔ. Eɖe nu me be: “Nusiwo ke wɔm [Fofo la] le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke. Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ.” (Yohanes 5:19, 20) Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ alesi míaɖe lɔlɔ̃ afia amewoe to kpɔɖeŋu si Yesu ɖo esime wònɔ anyigba dzi la sɔsrɔ̃ me.—Filipitɔwo 1:8.

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia le Ƒomea me—To Mɔ Ka Nu?

Esi wònye ‘Mawu nye lɔlɔ̃’ eye wòwɔ mí ‘ɖe eƒe nɔnɔme nu’ ta la, míate ŋu asee be wolɔ̃ mí eye míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia hã. (Yohanes I, 4:8; Mose I, 1:26, 27) Ke hã, ŋutete sia mevana le eɖokui si o. Be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia la, gbã la, ele be míase le mía ɖokui me be míelɔ̃ míaƒe kpeɖeŋutɔ kple mía viwo. Da ŋku ɖi nàde dzesi nɔnɔme nyoameŋu siwo le wo si, aleke kee wòaɖa dze nu sue le gɔmedzedzea me o, eye nàde ŋugble le esiawo ŋu. Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nu dodzidzɔname aɖeke mele srɔ̃nyeŋutsu [srɔ̃nyenyɔnu alo vinyewo] ŋu o.’ Amesiwo wodi srɔ̃ na mado dzidzɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu tututu o. Ame aɖewo madi be yewoadzi vi hafi o. Ke hã, de ŋugble le alesi Yehowa bu eƒe kpɔɖeŋu srɔ̃nyɔnu, si nye Israel-dukɔa, le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Esime eƒe nyagblɔɖila Eliya ƒo nya ta be Yehowa subɔlawo megale Israel-dukɔa ƒe to ewoawo me o la, Yehowa lé ŋku ɖe wo me nyuie hekpɔ ame agbɔsɔsɔ aɖe—wo katã le ame 7,000—siwo si nɔnɔme nyui le le eŋkume. Ðe nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa to ŋkuléle ɖe nɔnɔme nyui si le wò ƒomea me tɔwo si ŋu mea?—Fiawo I, 19:14-18.

Gake be nàte ŋu ana ƒomea me tɔ bubuwo nase le wo ɖokui me be èlɔ̃ yewo la, ele be nàdze agbagba vevie aɖee fia. Ɣesiaɣi si nàde dzesi nane si dze na kafukafu la, ɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔa gblɔ. Esi Mawu ƒe Nya nɔ nyɔnu zazɛ ɖɔm la, egblɔ nɔnɔme vevi aɖewo le nyɔnua ƒe ƒomea ŋu: “Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ.” (Lododowo 31:28) De dzesi alesi ƒomea me tɔwo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ na wo nɔewo faa la. Ne vifofo aɖe kea nu kafua srɔ̃a la, eɖoa kpɔɖeŋu nyui na viaŋutsu, hedea dzi ƒo nɛ be wòazu amesi akafu srɔ̃a bɔbɔe ne eva ɖe srɔ̃.

Ele be dzilawo hã nanɔ wo viwo kafum. Ema ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatu bubunɔameŋu ɖo ɖe ɖeviawo ƒe dzi me. Ne woagblɔe tututu la, ɖe ame ate ŋu ‘alɔ̃ ehavi abe eɖokui ene’ ne medea bubu eɖokui ŋu oa? (Mateo 22:39) Le go bubu me la, ne dzilawo bua fɔ wo viwo ɣesiaɣi eye womekafua wo gbeɖegbeɖe o la, ɖeviawo magade bubu wo ɖokuiwo ŋu o eye asesẽ na wo be woaɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo.—Efesotɔwo 4:31, 32.

Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu

Ke ne womenyi wò le aƒe si me lɔlɔ̃ le me o ya ɖe? Àte ŋu asrɔ̃ alesi woɖea lɔlɔ̃ fianae godoo. Afɔɖeɖe gbãtɔ enye be nàde dzesi kuxia ahalɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yeatrɔ asi le eŋu be wòanyo ɖe edzi. Mawu ƒe Nya, Biblia, naa kpekpeɖeŋu gã aɖe le go sia me. Woate ŋu atsɔe asɔ kple ahuhɔ̃e. Ne míelé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu le Biblia ƒe nufiafia siwo le abe kpɔɖeŋu ƒe ahuhɔ̃e ene me la, kpɔtsɔtsɔ, alo gbɔdzɔgbɔdzɔ, siwo le míaƒe tamebubu ŋu dzena míekpɔna nyuie. (Yakobo 1:23) Le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe nufiafiawo la, míate ŋu atrɔ asi le numame manyomanyo ɖesiaɖe ŋu. (Efesotɔwo 4:20-24; Filipitɔwo 4:8, 9) Ehiã be míawɔ esia edziedzi, eye ‘míagagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me gbeɖe o.’—Galatiatɔwo 6:9.

Asesẽ na ame aɖewo be woaɖe lɔlɔ̃ afia le alesi wonyi woe alo dekɔnu ta. Gake numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be woate ŋu aɖu mɔxenu mawo dzi. Ðk. Daniel Goleman, si bi ɖe tagbɔdɔdada me, ɖe nu me be ‘woate ŋu agbugbɔ asi atrɔ le nɔnɔme siwo ƒo ke ɖe to le dzia me vĩ tso ɖevi me ke la gɔ̃ hã ŋu wòanyo.’ Ƒe alafa 19 kple edzivɔwo enye si va yi la, Biblia ɖee fia be le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu atrɔ nusiwo xɔ dzia me la. Exlɔ̃ nu mí be: ‘Miɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido amenyenye yeye la.’—Kolosetɔwo 3:9, 10.

Ne ƒomea nya ke ɖe kuxia ŋu ko la, woƒe nuhiahiãwo anɔ tame na wo woatsɔ asrɔ̃ Biblia. Le kpɔɖeŋu me, nukatae màwɔ numekuku tso nya si Biblia gblɔ ku ɖe “lɔlɔ̃” ŋu o? Ðewohĩ àke ɖe mawunyakpukpui abe esia ene ŋu be: “Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fu kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Emegbe dzro Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe Hiob ŋu me eye nalé ŋku ɖe alesi Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe Hiob ŋu eye wòkpɔ nublanui nɛ la ŋu. Ðikeke mele eme o be àdi be yeasrɔ̃ Yehowa le dɔmetɔtrɔ ɖe wò ƒomea ŋu kple nublanuikpɔkpɔ na wo me.

Gake esi míenye ame madeblibowo ta la, ‘mí katã míedaa vo zi geɖe’ le nuƒoƒo me. (Yakobo 3:2) Le ƒomea me la, ɖewohĩ míado kpo aɖea zazã ɖe mɔ si dea dzi ƒo na ame nu. Afisiae gbedodoɖa kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu hiãna le. Mègana ta o. ‘Do gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe!’ (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Yehowa akpe ɖe amesiwo di be woaɖe lɔlɔ̃ afia yewo le ƒomea me kpakple amesiwo dina be yewoaɖee afia gake womete ŋu ɖenɛ fiana o la ŋu.

Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa na kpekpeɖeŋu le Kristo-hamea me lɔlɔ̃tɔe. Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dome ame aɖe ƒe lãme gblẽ [le gbɔgbɔ me] la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me.” (Yakobo 5:14) Ẽ, hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me ate ŋu ana kpekpeɖeŋu gã aɖe ƒome siwo me tɔwo wòle sesẽm na be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo la. Togbɔ be hamemegãwo menye susumedɔdalawo o hã la, woate ŋu akpe ɖe wo hati xɔsetɔwo ŋu dzigbɔɖitɔe, menye be woagblɔ nusi wòle be woawɔ la na wo o, ke boŋ woaɖo ŋku Yehowa ƒe nukpɔsusu dzi na wo ahado gbe ɖa kpli wo kple ɖe wo ta.—Psalmo 119:105; Galatiatɔwo 6:1.

Le Tohru kple Yoko gome la, Kristotɔ hamemegãwo sea woƒe kuxiawo hefaa akɔ na wo ɣesiaɣi. (Petro I, 5:2, 3) Ɣeaɖewoɣi la, hamemegã aɖe kple srɔ̃a va srãa wo kpɔ ale be Yoko nate ŋu akpɔ viɖe tso hadede kple nyɔnu Kristotɔ si kpɔ nu teƒe, amesi ate ŋu aɖo ŋku edzi na Yoko be ‘wòalɔ̃ srɔ̃a’ me. (Tito 2:3, 4) To nugɔmesese kple veveseseɖeamenu ɖeɖe fia ɖe hati Kristotɔwo ƒe fukpekpewo kple nuxaxawo ŋu me la, hamemegã va zua “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu.”—Yesaya 32:1, 2.

To hamemegã dɔmenyotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, Tohru va kpɔe dze sii be kuxi le ye ŋu le yeƒe seselelãmewo ɖeɖe fia me eye be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, Satana dzea ƒome ƒe ɖoɖoa dzi. (Timoteo II, 3:1) Tohru ɖoe be yeakpe akɔ kple yeƒe kuxia. Eva kpɔe be lɔlɔ̃ si yemete ŋu ɖena fiana o la tso lɔlɔ̃ si womeɖe fia ye le yeƒe ɖevime o la gbɔ. To Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe kple gbedodoɖa dzi la, Tohru va nɔ tɔtrɔm ɖe Yoko ƒe seselelãme nuhiahiãwo ŋu vivivi.

Togbɔ be Yoko doa dziku ɖe Tohru ŋu hã la, esi wòva se ƒome si me wòtso gɔme hekpɔ eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la, edze agbagba vevie be yeakpɔ nyuiƒe si le ye srɔ̃ŋutsua ŋu. (Mateo 7:1-3; Romatɔwo 5:12; Kolosetɔwo 3:12-14) Eɖe kuku na Yehowa vevie be wòado ŋusẽ ye be yeayi edzi alɔ̃ ye srɔ̃a. (Filipitɔwo 4:6, 7) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Tohru va te lɔlɔ̃ ɖeɖe fia, wònye dzidzɔ na srɔ̃nyɔnua.

Ẽ, ne esesẽna na wò be nàse le ɖokuiwo me be wolɔ̃ ye le ƒomea me eye wòsesẽna na wo be nàɖee afia la, àte ŋu aɖu kuxi ma dzi godoo. Mawu ƒe Nya na mɔfiame nyuiwo mi. (Psalmo 19:8) Ne èkpɔ alesi wònye ŋkubiãnyae, ne èdze agbagba be yeakpɔ ƒomea me tɔwo ƒe nyuiƒe, ne èsrɔ̃ Mawu ƒe Nya hetsɔe de dɔwɔna me, ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa vevie me, eye ne èdi Kristotɔ hamemegã tsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu la, àte ŋu aɖu nusi adze abe mɔxenu dziŋɔ si le mia kple wò ƒomea dome dzi. (Petro I, 5:7) Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ, abe alesi srɔ̃ŋutsu aɖe kpɔe ene le United States. Wode dzi ƒo nɛ be woaɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Esime wòtsɔ dzideƒo gblɔ mlɔeba be “Melɔ̃ wò” la, ŋuɖoɖo si srɔ̃a na la wɔ nuku nɛ. Etsɔ dzidzɔvi gblɔ be: “Nye hã melɔ̃ wò, gake esiae nye zi gbãtɔ le ƒe 25 me si nègblɔe alea.” Mègalala eteƒe nadidi nenema hafi nàɖe lɔlɔ̃ afia wò kpeɖeŋutɔ kple viwòwo o!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Yehowa naa kpekpeɖeŋu le eƒe Nya, Biblia, me