Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Ðekakpui Me Srɔ̃ Ŋu’

‘Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Ðekakpui Me Srɔ̃ Ŋu’

‘Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Ðekakpui Me Srɔ̃ Ŋu’

‘Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. Nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nanɔ ya mum?’—LODODOWO 5:18, 20.

1, 2. Nukata woate ŋu agblɔ be ŋutsu kple srɔ̃a dome lɔlɔ̃ si woɖena fiana toa gbɔdɔdɔ me la nye yayra?

BIBLIA te ŋu gblɔa gbɔdɔdɔ ƒe nyawo tẽ ne ehiã. Lododowo 5:18, 19 gblɔ be: “Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa.”

2 Nusi woyɔ le afisia be “vudo” la nye kpɔɖeŋu na nusi naa gbɔdɔdɔ ɖia kɔ na ame. Enye yayra le susua nu be ŋutsu kple srɔ̃a dome lɔlɔ̃, si woɖena fiana toa gbɔdɔdɔ me, eye wòmua wo la nye nunana tso Mawu gbɔ. Ke hã, srɔ̃tɔwo ɖeɖe dzaa koe wòle be woakpɔ gome le vivisese sia me. Eyata blema Israel Fia Salomo, amesi ŋlɔ Lododowo, bia be: “Vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nanɔ ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?”—Lododowo 5:20.

3. (a) Nublanuinya kae dzɔna le srɔ̃gbenɔnɔ aɖewo me? (b) Aleke Mawu bua ahasiwɔwɔe?

3 Le ŋutsu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖegbe la, wokaa atam vevi aɖe be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahawɔ nuteƒe na yewo nɔewo. Ke hã, ahasiwɔwɔ va gblẽa srɔ̃gbenɔnɔ geɖe me. Le nyateƒe me la, esi numekula aɖe wɔ numekuku vovovo 25 tso srɔ̃tɔwo ŋu la, eva kpɔe be “srɔ̃nyɔnu 25 le alafa me kple srɔ̃ŋutsu 44 le alafa me la dɔ kple amesiwo menye wo srɔ̃wo o.” Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Migana woable mi o, ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’ (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ðikeke aɖeke mele esia ŋu o. Nuvɔ̃ gã aɖee ahasiwɔwɔ nye le Mawu ŋkume, eye ele be tadeagula vavãwo nanɔ ŋudzɔ ɖe nuteƒemawɔmawɔ na wo srɔ̃wo ŋu. Nukae akpe ɖe mía ŋu be ‘bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖea me eye srɔ̃ɖeba la nagaƒo ɖi o?’—Hebritɔwo 13:4.

Kpɔ Nyuie le Dzi Alakpatɔ Ŋu

4. Aleke wòate ŋu adzɔe be srɔ̃tɔ Kristotɔ nadze ahiã ame bubu le srɔ̃a megbee?

4 Le xexe sia si me agbeƒaƒãnɔnɔ bɔ ɖo egbea me la, ame geɖe to “ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o.” (Petro II, 2:14) Wodɔna kple amesiwo menye wo srɔ̃wo o faa. Le dukɔ aɖewo me la, nyɔnu gbogbo aɖewo zu dɔmedelawo, eye ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe dɔwɔwɔ le teƒe ɖeka wɔe be ahiãdzedze le ɔfiswo va le bɔbɔe ŋutɔ. Azɔ hã, Internet dzi kadodomɔnuwo wɔe be wòva le bɔbɔe na amesiwo kpea ŋu vevie gɔ̃ hã be woadze ahiã amewo le adzɔge. Mɔ̃ sia ɖea srɔ̃tɔ geɖe le woƒe manyamanya me.

5, 6. Aleke nyɔnu Kristotɔ aɖe wɔ va ɖo nɔnɔme aɖe si ate ŋu ado afɔkui la mee, eye nukae míesrɔ̃ tso esia me?

5 Bu alesi Kristotɔ aɖe si míayɔ be Mary wɔ ge ɖe nɔnɔme aɖe si na wòde gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ nɔ ge kloe me la ŋu kpɔ. Srɔ̃a, si menye Yehowa Ðasefo o la, metsɔa ɖeke le eƒe ƒomea me boo o. Mary gblɔ be ƒe aɖewo do ŋgɔ la, ye do go ye srɔ̃ ƒe dɔwɔhati aɖe. Nɔnɔme nyui nɔ ŋutsua si, eye emegbe la, eva di be yeanya nu geɖe tso subɔsubɔha si me yele la ŋu. Mary gblɔ be: “Edoa vivi ɖe ame ŋu ale gbegbe, srɔ̃nye ya mele nenema kura o.” Eteƒe medidi o lɔlɔ̃ aɖe va ɖo Mary kple srɔ̃a ƒe dɔwɔhati sia dome. Mary ƒe susu koe nye be: “Nyemewɔ ahasi o, azɔ hã, ŋutsua di be yeanya nu geɖe tso Biblia ŋu. Ðewohĩ mate ŋu akpe ɖe eŋu.”

6 Gake hafi lɔlɔ̃ si ɖo Mary kple ŋutsua dome nayi wo kplɔ ge ade ahasiwɔwɔ me la, enyɔ le eɖokui me. (Galatiatɔwo 5:19-21; Efesotɔwo 4:19) Eƒe dzitsinya te fu ɖeɖe nɛ, eye wòwɔ asitɔtrɔwo. Nusi dzɔ ɖe Mary dzi la ɖee fia be “ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yeremya 17:9) Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: ‘Míadzɔ míaƒe dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.’ (Lododowo 4:23) Aleke míate ŋu awɔ esiae?

‘Nunyala Ɣlaa Eɖokui’

7. Ne míele kpekpem ɖe ame aɖe si le srɔ̃ɖekuxiwo me tom ŋu la, Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe akpɔ mía ta?

7 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:12) Eye Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” Le esi teƒe be nàbui be, ‘Naneke madzɔ ɖe dzinye o la,’ ade dziwò wu be nànɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade kuxi me la ŋu boŋ. Le kpɔɖeŋu me, nenye ŋutsue nenye la, megadzɔ be wò koe anye amesi anɔ akɔ fam na srɔ̃nyɔnu aɖe si le srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo me tom la o, eye nenema kee wòle le nyɔnu hã gomee. (Lododowo 11:14) Gblɔ nɛ be anyo be wòaƒo nu tso kuxia ŋu kple srɔ̃ŋutsua, alo nyɔnu Kristotɔ tsitsi aɖe si ƒe didie nye be woƒe srɔ̃ɖeɖea nadze edzi, alo na hamemegãwo, eye nenema kee wòle be nyɔnuwo hã nawɔe. (Tito 2:3, 4) Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegãwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le go sia me. Ne ehiã be hamemegã aɖe nagblɔ nyaa aɖe na nyɔnu Kristotɔ aɖe ɖeɖe dzaa ko la, wonɔa ŋkukpɔƒe hafi wògblɔnɛ nɛ—ete ŋu nyena le Fiaɖuƒe Akpata me faa.

8. Ŋuɖɔɖo kae hiã le dɔwɔƒe?

8 Le dɔwɔƒe kple teƒe bubuwo la, nɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ana be mia kple ame aɖe dome nava nɔ kplikplikpli la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dɔ wɔwɔ kplikplikpli kple amesi menye srɔ̃wò o le kpakpã vɔ megbe ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me bɔbɔe. Abe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ene la, ele be nàto wò nuƒoƒo kple nuwɔna dzi ana woanyae nyuie be yemedi ahiãdzedze nuwɔna aɖeke kura o. Esi nènye amesi sroa Mawu ɖa ta la, màdi be yeahe amewo ƒe susu ɖe ɖokuiwò ŋu madzemadzee to ahiãmoɖoɖo me loo alo to awudodo kple dzadzraɖo si mesɔ o me o. (Timoteo I, 4:8; 6:11; Petro I, 3:3, 4) Srɔ̃wò kple viwo ƒe fotowo dada ɖe wò dɔwɔƒea ate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi na wò kple ame bubuwo be yeƒe ƒomeae le vevie na ye wu. Ðoe kplikpaa be yemado ahiãdzedze ƒe nuwɔna aɖeke ɖe ame aɖeke gbɔ—alo aɖe mɔ woadoe ɖe ye gbɔ o.—Hiob 31:1.

“Mia Kple Nyɔnu, si Nèlɔ̃na la, Miɖu Agbe”

9. Nudzɔdzɔ kawoe ate ŋu ana lɔlɔ̃ nava ɖo amesiwo menye srɔ̃tɔwo o la dome si ate ŋu akplɔ wo ade agbegbegblẽnɔnɔ me?

9 Be míanɔ ŋudzɔ ɖe dzi la ŋu lɔ nu geɖe ɖe eme wu asa ƒoƒo na nɔnɔme siwo ate ŋu ado afɔku ame ko. Ne lɔlɔ̃ va le srɔ̃tɔ aɖe me ɖom ɖe amesi menye srɔ̃a o ŋu la, esia ate ŋu anye dzesi be ŋutsua kple srɔ̃a mele ɖeke tsɔm le eme na wo nɔewo o. Ðewohĩ ŋutsua mebua srɔ̃a ɖe ɖeke me o, alo be nyɔnua nɔa vodada dim le ŋutsua ŋu ɣesiaɣi. Kaka woakpɔ la, nɔnɔme si tututu dim wole be wòanɔ yewo srɔ̃ si hafi la enye ma le ame aɖe si—le dɔme loo alo le Kristo-hamea me. Eteƒe madidi o xɔlɔ̃wɔwɔ ɖoa woa kple amesiawo dome eye xɔlɔ̃ yeye sia wɔwɔ va nɔa kplikplikpli ale gbegbe be wòate ŋu akplɔ wo ade agbegbegblẽnɔnɔ me. Nu tsɛ siawo siwo dzɔna tsiana ɖe enu la ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenya sia dzi be: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ.”—Yakobo 1:14.

10. Aleke srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu ana woƒe ƒomedodo me nasẽ ɖe edzii?

10 Le esi teƒe be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nadi be yewoaɖi kɔ na yewoƒe didiwo—eɖanye be ame aɖe nalɔ̃ yewo loo, anye yewo xɔlɔ̃ loo, alo anye amesi ŋu yewoaziɔ ɖo le kuxi sesẽwo me o—le srɔɖeɖea godo la, anyo boŋ be woadze agbagba vevie be yewo kple yewo srɔ̃wo dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi wu. Eyata, midze agbagba ɖesiaɖe be mianɔ nuwo wɔm ɖekae eye miaku ɖe mia nɔewo ŋu. Mide ŋugble le nusi miekpɔ le mia nɔewo ŋu si na mielɔ̃ mia nɔewo la ŋu. Midze agbagba miana alesi miedoa vivi ɖe mia nɔewo ŋui la me nagasẽ ɖe edzi. Mide ŋugble le esime miekpɔa dzidzɔ ɖekae la ŋu. Mido gbe ɖa na Mawu le nyaa ŋu. Hakpala Dawid ɖe kuku na Yehowa be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:12) Ðoe kplikpaa be ‘mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miaɖu agbe le miaƒe agbenɔnɔ ƒe ŋkekewo katã, si Mawu tsɔ na mi le ɣea te la me.’—Nyagblɔla 9:9.

11. Akpa kae sidzedze, nunya, kple nugɔmesesename wɔna le ŋusẽdodo srɔ̃ɖeɖe me?

11 Nusi dzi mele be miaŋe aɖaba ƒui o le ŋusẽdodo srɔ̃ɖeɖea me enye alesi wòhiã be miawɔ sidzedze, nunya, kple nugɔmesesename ŋudɔe. Lododowo 24:3, 4 gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee, eye sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo . . . xɔwo me taŋtaŋ.” Nu nyui siwo nɔa aƒe si me dzidzɔ le me taŋtaŋ la dometɔ aɖewo nye lɔlɔ̃, nuteƒewɔwɔ, mawusosroɖa, kple xɔse. Ebia be sidzedze nasu ame si bene wòate ŋu atu nɔnɔme siawo ɖo. Ekema ele be srɔ̃tɔwo nanye Biblia srɔ̃la dovevienuwo. Eye vevienyenye ka gbegbee nye si le nunya kple nugɔmesesename ŋu? Ebia nunya—si nye alesi woate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze ade dɔwɔna me—hafi ame nate ŋu anɔ te ɖe gbesiagbe kuxiwo nu dzidzedzetɔe. Amesi sea nu gɔme na ame la te ŋu sea srɔ̃a ƒe tamesusuwo kple seselelãmewo gɔme. (Lododowo 20:5) Yehowa, to Salomo dzi, gblɔ bena: “Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu, ƒu to anyi ɖe nye gɔmesese ŋu.”—Lododowo 5:1.

Ne “Xaxa” Do Mo Ða

12. Nukatae mewɔ nuku o be srɔ̃tɔwo toa kuxiwo me ɖo?

12 Srɔ̃gbenɔnɔ aɖeke mede blibo o. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be ŋutsu kple srɔ̃a akpɔ “xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Dzimaɖitsitsiwo, dɔléle, yometiti, kple kuxi bubuwo ate ŋu ana srɔ̃gbenɔnɔa me nasesẽ. Gake ne kuxiwo do mo ɖa la, ehiã be mia kple srɔ̃wòa miawɔ ɖeka adi wo gbɔkpɔnu abe srɔ̃tɔ nuteƒewɔla siwo di be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu ene.

13. Go kawo mee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu adzro wo ɖokuiwo me le?

13 Ke ne alesi srɔ̃tɔ aɖe wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋui wɔe be kuxiwo ɖo woƒe srɔ̃ɖeɖea me ya ɖe? Abia agbagbadzedze geɖe hafi woate ŋu akpɔ egbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ gbedaɖeamegbɔ va ƒo ke ɖe to le srɔ̃ɖeɖea me eye wòzu numame kura. (Lododowo 12:18) Abe alesi míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, esia ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.” (Lododowo 21:19) Ne srɔ̃nyɔnue nènye le srɔ̃ɖeɖe sia ƒomevi me la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye nuwɔna na wòle sesẽm na srɔ̃nye be wòade gbɔnye nɔ ge ado kpoea?’ Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be: “Milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.” (Kolosetɔwo 3:19) Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mewɔa ŋlɔmi le srɔ̃nye ŋu, si wɔnɛ be wòdina be yeaɖadi akɔfafa le teƒe bubua?’ Le nyateƒe me la, taflatse aɖeke meli woado ɖe ahasiwɔwɔ ta o. Ke hã, nyateƒe si wònye be esia ate ŋu adzɔ la fia be anyo ŋutɔ be miakɔ dzime adzro kuxiwo me nyuie.

14, 15. Nukata ahiãdzedze le srɔ̃ɖeɖea godo makpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔ o?

14 Menye ahiãdzedze le srɔ̃ɖeɖea godo bene woakpɔ akɔfafa lae akpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔ o. Afikae ahiãdzedze sia akplɔ ame ayii? Ame bubu ɖeɖe si ana dzidzeme ame yea? Ame aɖewo asusui nenema. Woagblɔ be, ‘Nɔnɔme siwo dim mele be wòanɔ amesi anye srɔ̃nye si la le amesia ya si.’ Gake nuŋububu sia mesɔ o, elabena amesiame si agblẽ srɔ̃a ɖi—alo ade dzi ƒo na wò be nàgbe srɔ̃wò la—medea bubu aɖeke kura srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔkɔenyenye ŋu o. Anye movidzɔdzɔ be ame nabui be ahiãdzedze sia akplɔ ye ayi srɔ̃gbenɔnɔ si nyo wu me.

15 Mary, amesi ƒe nya míegblɔ va yi la, de ŋugble le afɔ si ɖem wònɔ la metsonuwo, kple alesi wòate ŋu ana Mawu magava kpɔ ŋudzedze ɖe ye alo ame bubu aɖe ŋu o la, ŋu nyuie. (Galatiatɔwo 6:7) Egblɔ bena: “Esi mete alesi mesena le ɖokuinye me ɖe srɔ̃nye ƒe dɔwɔhatia ŋu me dzodzro la, meva de dzesii be ne mɔnukpɔkpɔ aɖe li be nyateƒe sidzedzea nava su ŋutsu sia si la, ekema mele eme gblẽm nɛ. Nugbegblẽ aɖe wɔwɔ agblẽ nu le amesiwo katã wɔe la ŋu eye wòaɖia ame bubuwo nu!”—Korintotɔwo II, 6:3.

Ŋusẽdonu Sesẽtɔ

16. Nukawoe dona tsoa agbegbegblẽnɔnɔ me?

16 Biblia xlɔ̃ nu be: “Nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyitsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami; ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee.” (Lododowo 5:3, 4) Agbegbegblẽnɔnɔ metsonuwo vena ŋutɔ eye woate ŋu awu ame hã. Wo dometɔ aɖewo enye dzitsinya ƒe fuɖename, nulɔdɔwo xɔxɔ, kpakple dzigbagbã si wònyena na amesi srɔ̃ le agbe baɖaa nɔm la. Ne míagblɔe kã la, esia tae mele be ame nate afɔ siwo ate ŋu akplɔe ade nuteƒemawɔmawɔ na srɔ̃a me la ɖeɖe kura gɔ̃ hã o.

17. Susu vevi ka koŋ tae wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe me ɖo?

17 Susu vevi si koŋ tae nuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ nye nu gbegblẽ ɖoe nye be Yehowa, amesi nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila kple gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete Nala la, tsrii. Eto nyagblɔɖila Maleaxi dzi gblɔ be: ‘Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe ahasitɔwo ŋuti.’ (Maleaxi 3:5) Lododowo 5:21 gblɔ le nusi Yehowa kpɔna ŋu be: “Amesiame ƒe mɔ le nuvo le Yehowa ŋku me, eye eyae ɖea woƒe toƒewo katã.” Ẽ, “woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Eyata nusi wòle be wòado ŋusẽ mí vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe me enye enyanya be aleke kee míawɔ nugbegblẽa atsɔ aɣlae o eye aleke kee emetsonua adze nu maɖinui le ewɔla kple amewo gbɔe o, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe ya gblẽa mía kple Yehowa dome ƒomedodo me.

18, 19. Nukae míesrɔ̃ tso Yosef kple Potifar srɔ̃ dome nudzɔdzɔa me?

18 Blemafofo Yakob ƒe viŋutsu, Yosef, ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be didi be ŋutifafa nanɔ ame kple Mawu dome nye ŋusẽdonu sẽŋu aɖe. Esi Yosef ƒe nu va nyo Farao ƒe aƒedzikpɔla Potifar ŋu ta la, Potifar tsɔe ɖo ɖoƒe kɔkɔ aɖe le eƒeme. Yosef ‘dzɔ ame eye wòdze ɖeka ŋutɔ,’ si wɔe be eƒe nu va lé dzi na Potifar srɔ̃ ale gbegbe. Edzea agbagba be yeable Yosef nu gbesiagbe, gake medzea edzi o. Nukae na Yosef mena eƒe ahiãmoɖoɖowo katã ɖu edzi o? Biblia gblɔ na mí be: ‘Egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ meɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋu mahã?’—Mose I, 39:1-12.

19 Yosef si menye srɔ̃tɔ o la lé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi eye melɔ̃ be yeadɔ kple ame aɖe srɔ̃ o. Lododowo 5:15 gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be, ‘Woano tsi tso woƒe tsido me, tsidzidzi tso woƒe vudo me!’ Kpɔ nyuie le ahiãdzedze le srɔ̃ɖeɖea godo ŋu. Dze agbagba nàna lɔlɔ̃ si le wò srɔ̃ɖeɖea me me nagasẽ ɖe edzi, eye dze agbagba vevie nàkpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxi ɖesiaɖe si nàdo goe la gbɔ. Ẽ, ‘kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu’ godoo.—Lododowo 5:18.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Aleke Kristotɔ adze ahiã le manyamanya mee?

• Nukawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòagadze ahiã le srɔ̃a megbe o?

• Ne srɔ̃tɔwo le kuxiwo me tom la, nukae wòle be woawɔ?

• Susu vevi ka koŋ tae wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe me ɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nublanuitɔe la, dɔwɔƒe ate ŋu ava zu afisi woadze ahiã le bɔbɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

‘Sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo xɔwo me taŋtaŋ’