Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mikpɔ Nu Siwo Le Vevie Wu La Dze Sii’

‘Mikpɔ Nu Siwo Le Vevie Wu La Dze Sii’

‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’FLP. 1:10.

1, 2. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la dometɔ ka mee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anya tsɔ ɖe le vevie, eye nu ka tae?

PETRO, Yakobo, Yohanes kple Andrea ɖeɖe ye le woƒe Aƒetɔ la gbɔ le ɣeyiɣi sia me. Wokpɔtɔ le nya si Yesu gblɔ do ŋgɔ tso gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ ŋu la ŋu bum vevie. (Marko 13:1-4) Eya ta wobiae be: “Gblɔe na mí: Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:1-3) Yesu gblɔ nudzɔdzɔ alo nɔnɔme siwo ahe tɔtrɔ gãwo ava amewo ƒe agbenɔnɔ me eye wòaganye Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi la ŋu nya na wo. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anya tsɔ ɖe le nudzɔdzɔawo dometɔ ɖeka aɖe me vevie. Esi Yesu yɔ nu donuxaxanamewo abe aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve kple sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ene vɔ la, egblɔ nu dodzidzɔname aɖe si hã anye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mat. 24:7-14.

2 Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo kpe ɖe eŋu le Fiaɖuƒeŋutinya nyuia gbɔgblɔ me, eye dɔ sia vivi wo nu ŋutɔ. (Luka 8:1; 9:1, 2) Woanya ɖo ŋku edzi be Yesu gblɔ do ŋgɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Gake aleke woawɔ aɖe gbeƒã “le anyigba blibo la katã dzi” eye ‘woaɖi ɖase na dukɔwo katã’? Afi kae woakpɔ dɔwɔla gbogbo mawo le? Ne ɖe wòanya wɔ be nusrɔ̃la mawo nakpɔ etsɔme ʋĩi ɣemaɣi esi wonɔ Yesu gbɔ la, anye ne avivi wo nu ŋutɔ! Anye ne ale si nya siwo míexlẽ le Mateo 24:14 le eme vam egbea la teƒe kpɔkpɔ awɔ nuku na wo ale gbegbe.

3. Aleke Luka 21:34 le eme vam egbea, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

 3 Míele agbe le ɣeyiɣi si Yesu ƒe nyagblɔɖiawo le eme vam la me. Ame miliɔn geɖe le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyuia le anyigba bliboa dzi. (Yes. 60:22) Gake Yesu gblɔ hã be asesẽ na ame aɖewo be woatsɔ dɔ sia aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me le ŋkeke mamlɛ siawo me. Nu bubuwo ahe woƒe susu, eye ‘wòate woƒe dzi ɖe to.’ (Mixlẽ Luka 21:34.) Míele nya siawo hã me vava teƒe kpɔm. Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo megale dzo tsɔm ɖe nu vevitɔwo ŋu o. Esia dzena le nyametsotso siwo wowɔna ku ɖe dɔwɔɖui, suku kɔkɔ dede, ŋutilãmenunɔamesiwo didi, kple ɣeyiɣi si wozãna ɖe kamedefefe kple modzakaɖeɖe ŋu me. Ðeɖi le nɔvi bubu aɖewo hã ŋu tem le nyaƒoɖeamenuwo kple agbe me dzimaɖitsitsiwo ta. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke wòle le gonyeme? Ðe nye nyametsotsowo ɖenɛ fiana be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye nu vevitɔ nam le agbe mea?’

4. (a) Nu kae Paulo bia le eƒe gbedodoɖa ɖe Kristotɔ siwo nɔ Filipi ta me, eye nu ka tae? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me, eye kple taɖodzinu ka?

4 Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me naʋli vevie atsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeado gbe ɖa ɖe nɔvi siwo nɔ Filipi ta, “bene [woakpɔ] nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Mixlẽ Filipitɔwo 1:9-11.) Abe apostolo Paulo ene la, wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ “dzideƒo geɖe wu ɖem [fia] le Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ me vɔvɔ̃manɔmee.” (Flp. 1:12-14) Nenema kee egbea hã mía dometɔ akpa gãtɔ míele gbeƒã ɖem Mawu ƒe Nya la dzinɔameƒotɔe. Ke hã, ɖe made dzi ƒo na mí ŋutɔ be míadzro nu siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le fifia me be wòakpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔ, si nye dɔ vevitɔ kekeake, la ŋu geɖe wu oa? Ade dzi ƒo na mí vavã! Nyati sia ana míadzro ale si Yehowa le eƒe habɔbɔa zãm be nya siwo le Mateo 24:14 nava eme kabakaba la me. Nu kae nye nu vevitɔ kekeake na eƒe habɔbɔa, eye aleke esia nyanya ate ŋu ado ŋusẽ mía kple míaƒe ƒomewo? Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míado dzi ahazɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa la me.

YEHOWA ƑE HABƆBƆA ƑE AKPA SI LE DZIƑO LA LE ZƆ ÐEM

5, 6. (a) Nu ka tae Yehowa ɖe ale si eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo le la fia le ŋutegawo me? (b) Nu kae Xezekiel kpɔ le ŋutega me?

5 Nu geɖewo li siwo Yehowa mena woŋlɔ ɖe eƒe Nya la me o. Le kpɔɖeŋu me, megblɔ ale si míaƒe susu wɔa dɔ alo ɖoɖo si nu dziƒonutome gbahoo la le o, togbɔ be nu siawo ŋu nyawo sese ate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ hã! Ke boŋ nya siwo Yehowa kpɔ be míehiã ale be míate ŋu ase yeƒe tameɖoɖowo gɔme ahanɔ agbe ɖe wo nu lae wòna woŋlɔ na mí. (2 Tim. 3:16, 17) Eya ta ewɔ nuku ŋutɔ be Yehowa tsɔ nya siwo ana míakpɔ ale si eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo le la kpe ɖe nya siwo le Biblia me ŋu na mí. Ale si Yesaya, Xezekiel kple Daniel kpakple Yohanes ƒe Nyaɖeɖefia la ɖɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ŋu nyawo xexlẽ dzɔa dzi na mí ŋutɔ. (Yes. 6:1-4; Eze. 1:4-14, 22-24; Dan. 7:9-14; Nyaɖ. 4:1-11) Ðeko wòle abe ɖe Yehowa klo dziƒo ƒe xɔnuvɔ aɖe na mí be míakpɔ ale si nuwo le le dziƒo ene. Nu ka tae wòna míenya nu siawo?

6 Yehowa medi be míaŋlɔ be gbeɖe be xexea me katã ƒe habɔbɔ aɖe me tɔwoe míenye o. Nu geɖe le edzi yim hena Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava, siwo míate ŋu akpɔ kple ŋku o. Le kpɔɖeŋu me, Xezekiel kpɔ dziƒo tasiaɖam gã nyadri aɖe si le tsitre ɖi na Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe  akpa si le dziƒo. Tasiaɖam la ƒua du sesĩe, eye ate ŋu atrɔ enumake aɖo ta afi sia afi. (Eze. 1:15-21) Ne tasiaɖam sia ƒe afɔtiwo tro zi ɖeka ko la, ate ŋu aɖo didiƒe ʋĩi ke. Xezekiel kpɔ ale si tasiaɖam sia Dola la hã le le ŋutega me. Egblɔ be yekpɔ nane “wòle abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene, eye nane le dzedzem le eme godoo abe dzo ene . . . Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme.” (Eze. 1:25-28) Ŋutega sia kpɔkpɔ anya wɔ dɔ ɖe Xezekiel dzi vevie ŋutɔ! Ekpɔe be Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe habɔbɔa dzi bliboe eye wòto eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le mɔ fiamee. Ale si Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo le zɔ ɖem la ƒe ɖeɖefia wɔnuku kae nye esi!

7. Aleke ŋutega si Daniel kpɔ ate ŋu ana kakaɖedzi mí?

7 Daniel hã kpɔ nu geɖe siwo ate ŋu ana kakaɖedzi mí. Wove enu wòkpɔ Yehowa, “amegã ɖeɖi” la, wòbɔbɔ nɔ fiazikpui si nye dzoƒaɖe la dzi, eye tasiaɖamfɔtiwo le fiazikpuia ŋu. (Dan. 7:9) Yehowa di be Daniel nakpɔe be yeƒe habɔbɔa le zɔ ɖem, eye wòle yeƒe tameɖoɖo dzi wɔm. Daniel gakpɔ be wotsɔ ŋusẽ na ame aɖe si “le abe amegbetɔ ene,” si nye Yesu, ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi. Menye ƒe ʋɛ aɖewo koe Kristo ƒe dziɖuɖu debliboa anɔ anyi o. Ke boŋ “eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” (Dan. 7:13, 14) Ŋutega sia ʋãa mí be míaka ɖe Yehowa dzi bliboe eye míakpɔ nu siwo wɔm wòle la adze sii. Etsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” na Via, Yesu, ame si wodo kpɔ bliboe. Yehowa ka ɖe Via dzi ŋutɔŋutɔ. Eya ta míawo hã míate ŋu aka ɖe Yesu si nye mía kplɔla la dzi bliboe.

8. Dɔ kae ŋutega siwo Yehowa na Xezekiel kple Yesaya kpɔ la wɔ ɖe wo dzi, eye dɔ kae wòle be wòawɔ ɖe míawo hã dzi?

 8 Dɔ kae wòle be nu siwo Yehowa ɖe fia tso eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo ŋu la nawɔ ɖe mía dzi? Abe Xezekiel ene la, nu siwo wɔm Yehowa le la wɔa dɔ ɖe mía dzi eye wònana bubu deto yɔa mía me. (Eze. 1:28) Ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la, esia aʋã mí be míawɔ dɔ geɖe, abe ale si Yesaya wɔe ene. Esi mɔnukpɔkpɔ su esi be wòagblɔ nu siwo wɔm Yehowa le ŋu nya na amewo la, ewɔ eŋu dɔ enumake! (Mixlẽ Yesaya 6:5, 8.) Yesaya ka ɖe edzi be esi Yehowa li kple ye ta la, yeate ŋu aɖu kuxi ɖe sia ɖe dzi. Nenema kee wòle be nu siwo míenya tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la naʋã míawo hã be míawɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke gbegbe ŋugbledede tso habɔbɔ sia si le zɔ ɖem ɖaa, eye wòléa fɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu bliboe la wɔa dɔ ɖe mía dzie nye esi!

YEHOWA ƑE HABƆBƆA ƑE AKPA SI LE ANYIGBA DZI

9, 10. Nu ka tae wòhiã be Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna la nanɔ anyi?

9 Yehowa to Via dzi ɖo eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la anyi, si wɔa dɔ aduadu kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo. Nu ka tae wòhiã be habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna la nanɔ anyi be woate ŋu awɔ dɔ si ŋu nya wogblɔ le Mateo 24:14? Na míakpɔ susu etɔ̃ aɖewo siwo tae la ɖa.

10 Gbã la, Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo awɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Evelia, ele be woawɔ ɖoɖo ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu nana kple dzidede ƒo na ame siwo le dɔ sia wɔm la ŋu. (Yoh. 21:15-17) Etɔ̃lia, ele be woawɔ ɖoɖo na ame siwo le gbeƒã ɖem nya nyuia be woaƒo ƒu ade ta agu na Yehowa, eye woafia ale si woawɔ dɔ siae la wo. (Heb. 10:24, 25) Womate ŋu awɔ nu siawo katã ne nuwo mele ɖoɖo aɖeke nu o. Hafi Kristo yomedzelawo nakpɔ dzidzedze le dɔ sia wɔwɔ me la, ele be woawɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu nyuie.

11. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋui?

11 Aleke míate ŋu akpe asi ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋui? Mɔ vevi ɖekae nye be míaka ɖe ame siwo Yehowa kple Yesu ɖo be woaxɔ ŋgɔ na mí le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la dzi ɣesiaɣi. Nu geɖe le egbexexea me siwo ŋu ame siwo le ŋgɔ xɔm na mí la ate ŋu atrɔ woƒe susu ɖo hafi. Gake womeɖe mɔ nu siawo he woƒe susu o. Mina míakpɔ nu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la buna nu vevitɔwo ɣeawokatãɣi la ɖa.

NA WÒ SUSU NANƆ “NU SIWO LE VEVIE WU” LA ŊU

12, 13. Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo wɔa woƒe dɔ lae, eye nu ka tae esia dea dzi ƒo na wò?

12 Woɖo Kristotɔ hamemetsitsi kpɔnuteƒewo le xexea me godoo be woawɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu le dukɔ siwo me wosubɔna le la me ahaxɔ ŋgɔ le dɔa wɔwɔ me. Hafi nɔviŋutsu siawo nawɔ nyametsotso aɖe la, wonana Mawu ƒe Nya la fiaa mɔ wo ‘henana wònyea akaɖi na woƒe afɔ kple kekeli na woƒe toƒe,’ eye wodoa gbe ɖa vevie biaa Yehowa ƒe mɔfiame.—Ps. 119:105; Mat. 7:7, 8.

13 Abe hamemetsitsi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, Kristotɔ hamemetsitsi siwo le ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me egbea hã léa fɔ ɖe “nya la ƒe subɔsubɔdɔ la ŋu.” (Dɔw. 6:4) Wokpɔa dzidzɔ vevie ɖe ale si nya nyui gbɔgblɔdɔa le ta kekem le woƒe nutoawo me kple xexea me godoo la ta. (Dɔw. 21:19, 20) Womedea se gbogbowo na Mawu ƒe amewo o.  Ke boŋ wonana Ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo le ɖoɖo siwo hiã na gbeƒãɖeɖedɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ la wɔwɔ me. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:28.) Esia nana nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la ɖoa kpɔɖeŋu nyui na hamea me tɔwo katã.—Ef. 4:11, 12.

14, 15. (a) Ðoɖo kawoe wowɔ na mí be míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa le xexea me godoo? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me le akpa si wɔm nèle le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ŋu?

14 Dɔ vevi bubu siwo yia edzi ɖaa, siwo teƒe mía dometɔ geɖe mekpɔna o, ye nye asitɔtrɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna le míaƒe agbalẽwo, kpekpewo kple takpekpewo me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe wɔa dɔ kutrikukutɔe ɖea agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 600 me ale be ame geɖe nate ŋu asrɔ̃ nu tso “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo ŋu” le woawo ŋutɔwo degbe me. (Dɔw. 2:7-11) Nɔvi ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe wɔa dɔ le míaƒe agbalẽtamɔ̃ deŋgɔwo ŋu be woata agbalẽawo na mí. Emegbe woɖoa agbalẽawo ɖe hamewo, esiwo le anyigba la ƒe nuto saɖeagawo me ke gɔ̃ hã.

15 Wowɔ ɖoɖo bubu geɖe na hameawo siwo kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi akpe geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na faa le Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu me. Wonaa kpekpeɖeŋu nɔvi siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo, eye wokpea asi ɖe atikewɔnya kpatawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ame bubuwo wɔa ɖoɖo ɖe míaƒe takpekpewo ŋu, eye bubuwo hã fiaa nu le teokrasi sukuwo me. Nu kae nye dɔ siawo katã ƒe taɖodzinu? Be wòana nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa nanɔ bɔbɔe, wòana ame siwo le dɔ sia wɔm nasẽ ŋu le gbɔgbɔ me, eye wòado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ. Ðe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la na woƒe susu le nu siwo le vevie wu la ŋua? Ɛ̃!

SRƆ̃ KPƆÐEŊU SI YEHOWA ƑE HABƆBƆA ÐO NA MÍ

16. Nu ka ŋue míate ŋu awɔ numekuku le le míaƒe ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ me?

16 Ðe míegbɔa dzi ɖi dea ŋugble le nu siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le ŋu ɣeaɖewoɣia? Nɔvi aɖewo wɔa numekuku le nu siawo ŋu hedea ŋugble le wo ŋu le woƒe ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔɣi. Ŋutega siwo wona Yesaya, Xezekiel, Daniel kple Yohanes kpɔ la nye nyati siwo ŋu míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe wòavivi mía nu. Proclaimers (Prédicateurs) gbalẽa kple míaƒe agbalẽ bubuwo alo DVD siwo le mía degbe me la li siwo me míate ŋu asrɔ̃ nu dodzidzɔname geɖe le tso Mawu ƒe habɔbɔa ŋu.

17, 18. (a) Aleke nusɔsrɔ̃ sia ɖe vi na wòe? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

17 Enyo ŋutɔ be míanɔ ŋugble dem le nu siwo wɔm Yehowa le to eƒe habɔbɔa dzi ŋu. Mina míawɔ ɖeka kple habɔbɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o la ahaɖoe kplikpaa be míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii. Esia ado ŋusẽ míawo hã be míaɖoe kplikpaa awɔ nu abe Paulo ene, ame si gblɔ be: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si le nublanuikpɔkpɔ si woɖe fia mí ta la, míenaa ta o.” (2 Kor. 4:1) Egade dzi ƒo na eƒe hadɔwɔlawo be: “Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.”—Gal. 6:9.

18 Ðe nanewo li wòle be mí ame ɖekaɖekawo alo ƒomewo míaɖɔ ɖo ale be míana nu siwo le vevie wu la naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo mea? Ðe míate anɔ agbe tsɛ alo aɖe susuhenuwo dzi kpɔtɔ ale be míate ŋu atsɔ susu aɖo dɔ vevitɔ kekeake si nye gbeƒãɖeɖedɔa ŋu bliboea? Míadzro nu atɔ̃ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ le akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa me le nyati si kplɔe ɖo me.