Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?

Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?

IAN fofo nye aha tsu nola. Togbɔ be agbemenuhiahiãwo su Ian si tso eƒe ɖevime hã la, ale si fofoa metsɔ ɖeke le eme nɛ o la te ɖe edzi. Ian gblɔ be: “Nyemelɔ̃ eƒe nya o, vevietɔ le eƒe ahanonoa kple ale si wòwɔa nu ɖe danye ŋu ta.” Esi Ian tsi la, eva nɔ ɖi kem nenye be Mawu li vavã. Ebiaa eɖokui be, “‘Ne Mawu li vavã la, ke nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li?’”

Nu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?

Ne mèle kuxi boo aɖeke me tom o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ etena ɖe dziwò ŋutɔ ne èkpɔ ame maɖifɔwo wole fu kpem. Ke hã, abe ale si wòle le Ian gome ene la, nu si tae míekpea fu ɖo la gɔme sese anɔ vevie na wò wu nenye be wò ŋutɔ èle kuxi sesẽwo me tom alo wò ame vevi aɖe dze dɔ alo ku.

Aleke ame aɖewo ɖoa eŋui?

Ame aɖewo xɔe se be Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe nu be yeafia ale si míabɔbɔ mía ɖokui ahase veve ɖe ame nui la mí. Ame bubuwo susui be amewo kpea fu fifia ɖe agbe si wonɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ta.

Nu kae ŋuɖoɖo mawo fia?

Amegbetɔwo ƒe fukpekpewo mewɔa dɔ ɖe Mawu dzi o, eya ta asesẽ be míalɔ̃e. Afia hã be Mawu nye ŋutasẽla.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia?

Biblia na eme kɔ ƒãa be menye Mawue nana amegbetɔwo kpea fu o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” (Yakobo 1:13) Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be Mawue nana míekpea fu la mewɔ ɖeka kple ale si Biblia ɖɔ Mawui o. Le mɔ ka nu?

Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be esea veve ɖe mía nu abe ale si vidada sena le eɖokui me ɖe via nu ene tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi. Mawu bia bena: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” (Yesaya 49:15) Ðe nèsusui be vidada si lɔ̃a via aɖoe koŋ awɔ nu vevi via? Ao, ɖe wòadze agbagba ana gbɔdzɔe boŋ. Nenema kee Mawu hã mehea fukpekpe vaa ame maɖifɔwo dzi o.—1 Mose 18:25.

Togbɔ be ele alea hã la, ame maɖifɔwo le fu kpem kokoko. Ðewohĩ àbia be, ‘Ne Mawu tsɔa ɖe le eme na mí, eye wònye ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae meɖe nu siwo gbɔ fukpekpewo tsona la ɖa o?’

Susu nyui aɖewo tae Mawu ɖe mɔ míele fu kpem fifia ɖo. Bu wo dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ: Zi geɖe la, amewoe nana ame bubuwo kpea fu. Ŋlɔmiwɔlawo kple ŋutasẽla geɖe siwo nana amewo sea veve la gbe dzimetɔtrɔ. Eya ta be Mawu naɖe nu siwo koŋ gbɔ fukpekpe tso dometɔ ɖeka ɖa la, ele be wòatsrɔ̃ ame mawo ƒomevi.

Esi apostolo Petro nɔ nu si tae Mawu metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo haɖe o me ɖem la, eŋlɔ bena: “Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.” (2 Petro 3:9) Lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ tae Yehowa Mawu gbɔ dzi blewu ɖo.

Gake eteƒe madidi o, Yehowa Mawu aɖe afɔ. Atsɔ “xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa” ame maɖifɔwo dzi. Ame siwo nana amewo kpea fu madzemadzee la “akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe.”—2 Tesalonikatɔwo 1:6-9.

Ian, ame si ƒe nya míegblɔ va yi la, kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na eƒe nyabiase siwo ku ɖe fukpekpe ŋu. Nu si wòsrɔ̃ la trɔ eƒe agbenɔnɔ. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le magazine sia ƒe axa 13 lia.