Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI MAWU BUA ATAMANONOE

Aleke Mawu Bua Atamanonoe?

Aleke Mawu Bua Atamanonoe?

Naoko si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la gblɔ tso nu si kpe ɖe eŋu wòte ŋu dzudzɔ atamanono la ŋu be, “Nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo kple eƒe tameɖoɖo ŋuti nyateƒea ŋu ye kpe ɖe ŋunye medzudzɔ.” Biblia mee wòsrɔ̃ nu mawo tsoe. Togbɔ be Biblia meyɔ atama ŋkɔ o hã la, ekpe ɖe mía ŋu míenya ale si Mawu bua atamanonoe. * Nyateƒenya sia nyanyae do ŋusẽ ame geɖe woɖu numame ma dzi heɖe asi le eŋu keŋkeŋ. (2 Timoteo 3:16, 17) Na míadzro go etɔ̃ siwo me atamanono gblẽa nu le ame ŋu le kpakple nya si Biblia gblɔ tso wo ŋui la me.

ATAMANONO ZUA NUMAME NA AME

Atike siwo zazã tsia ame si wu la dometɔ ɖekae nye nikotin si nɔa atama me. Ewɔa dɔ abe atike siwo nana ame nɔa ŋute kple esiwo nana woɖea dzi ɖi la siaa ene. Zi ale si atamanolaa nya gbɔ atamadzudzɔa ko la, zi nenemae nikotin la gena ɖe eƒe ahɔhɔ̃ me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Nikotin agbɔsɔsɔ si nɔa atike si ɖɔkta abia be ame nano zi ɖeka me lae nɔa atamadzudzɔ si wogbɔ zi ɖeka la me, si fia be atamanola siwo noa go ɖeka gbe ɖeka le mama dedie nu la noa nikotin ƒe agbɔsɔsɔ si nɔa atike me la ƒe teƒe 200 sɔŋ, eye esia sɔ gbɔ sãsãsã wu kɔdzitike ɖe sia ɖe tɔ. Nikotin sia gbegbe si gena ɖe ahɔhɔ̃a me la wɔnɛ be asiɖeɖe le eŋu zua dɔ. Ne enya tsi ame si ko la, asiɖeɖe le eŋu ƒe kuxiwo ɖea fu na atamanolaa, negbe ɖe wòɖi kɔ na atamanono ƒe dzodzroa ko hafi.

‘Miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo.’—Romatɔwo 6:16

Ne èzu kluvi na atamanono la, ɖe wòanya wɔ be nàɖo to Mawua?

Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ susu nyuitɔ si wòle be wòanɔ mía si le nyaa ŋu esi wògblɔ be: ‘Ðe mienyae be ne mietsɔa mia ɖokuiwo wɔa kluvii na ame aɖe be yewoaɖo toe la, ekema miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo oa?’ (Romatɔwo 6:16) Ne atamanono ƒe dzodzro kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe ƒe tamebubu kple nuwɔna dzi la, ke eva zua kluvi na numame si gblẽa nu le ŋutilãa ŋu. Ke hã, menye nuwɔna siwo gblẽa nu le míaƒe ŋutilãa ŋu ko si mee Mawu, si ŋkɔe nye Yehowa la, di be míavo tso o, ke edi be míaƒo asa na nu siwo ƒoa ɖi míaƒe gbɔgbɔ, si nye ŋusẽ si ʋãa míaƒe tamesusu la hã. (Psalmo 83:19; 2 Korintotɔwo 7:1) Eya ta ne ame aɖe va nya Yehowa nyuie eye wòdea bubu eŋu la, ekpɔnɛ dzea sii be Yehowa dze na yeƒe nu nyuitɔ kekeake eye wòdea dzesii be yemate ŋu awɔ esia esime yegakpɔtɔ nye kluvi na nuwɔna si dea ame ƒe agbe afɔku me o. Esia nyanya ʋãa ame wòɖua dzodzro vɔ̃wo dzi.

Olaf, si le Germany, si dze sigaretnono gɔme esime wòxɔ ƒe 12 la, va ɖu enono si zu numame nɛ ƒe 16 sɔŋ la dzi mlɔeba. Esi wòno sigaret zi gbãtɔ la, ɖeko wònɔ nɛ abe nu tsɛ aɖe si mate ŋu agblẽ nu le eŋu o ene. Gake kaka wòakpɔ la, asiɖeɖe le eŋu zu dɔ nɛ. Egblɔ be: “Gbe ɖeka, esi sigaret vɔ le asinye eye wònɔ dzroyem la, mede vovo ge do kpoe, eye meva ƒo takpoeawo nu ƒu heɖe atamakuiawo bla ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ kakɛ aɖe me heno abe sigaret ene. Fifia ne mebu eŋu la, mekpɔnɛ be meɖi gbɔ ɖokuinye ɣemaɣi ŋutɔ.”  Aleke wòwɔ ɖe asi le numame vloe ma ŋu? Egblɔ be: “Nu vevi si kpe ɖe ŋunye ye nye didi be madze Yehowa ŋu. Ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ ameƒomea kple mɔkpɔkpɔ nyui si wòna mí lae ʋãm meɖe asi le numame sia ŋu keŋkeŋ.”

ATAMANONO GBLẼA NU LE ŊUTILÃA ŊU

Numekugbalẽ si nye The Tobacco Atlas gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe edzi be atamanono gblẽa nu le ame ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe kloe ŋu, eye wònana ame dzea dɔ bɔbɔe hekuna kaba hã.” Wode dzesii hã be atamanono nana wodzea dɔ siwo womexɔna le ame ŋu o, abe kansa, dzidɔ kple dzitodzito me dɔlélewo ene. Gake le Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe nya nu la, atamanono nye nu siwo nana dɔxɔleameŋuwo, abe yɔmekpe ene, wua ame kaba wu la dometɔ ɖeka.

“Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.”—Mateo 22:37

Ne ètsɔa nuwɔna si ƒoa ɖi ame la gblẽa nu le ŋutilã si Mawu na wò ŋu la, ɖe ema aɖee afia be èlɔ̃ Mawu hedea bubu eŋu vavã?

Yehowa Mawu toa eƒe Nya, Biblia, dzi fiaa nu mí be míade asixɔxɔ míaƒe agbe, míaƒe ŋutilã kple ŋutete siwo le mía si ŋu. Via, Yesu, he susu yi esia dzi esi wògblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Eya ta eme kɔ ƒãa be Mawu di be míawɔ míaƒe agbe kple ŋutilãa ŋu dɔ nyuie ahade asixɔxɔ wo ŋu. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo ŋu la, zi nenemae míeva lɔ̃nɛ hedea asixɔxɔ nu siwo katã wòwɔ na mí la ŋu. Esia doa ŋusẽ mí be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu aƒo ɖi míaƒe ŋutilã.

Ðɔkta aɖe si le India, si ŋkɔe nye Jayavanth, la no atama ƒe 38 sɔŋ. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ nu tso nu si atamanono gblẽna le ame ŋu la ŋu le lãmesẽnyawo ŋuti gbalẽwo me. Menyae be menyo o, eye mede dzi ƒo na ame siwo mewɔa atike na la be woadzudzɔ enono. Gake nye ŋutɔ nyemete ŋu dzudzɔ o, togbɔ be metee kpɔ abe zi atɔ̃ alo ade ene hã.” Nu kae kpe ɖe eŋu wòva dzudzɔ mlɔeba? Egblɔ be: “Biblia sɔsrɔ̃e na medzudzɔ atamanono. Ale si medi be madze Yehowa ŋui lae ʋãm medzudzɔ atamanono keŋkeŋ.”

ATAMANONO GBLẼA NU LE AME BUBUWO ŊU

Atamadzudzɔ si atamanolaa tuna ɖe yame kple esi dona le atamaa nu la siaa nye aɖi. Dzudzɔ siawo gbɔgbɔ ate ŋu ana ame nakpɔ kansa kple dɔléle bubuwo, eye ƒe sia ƒe la, ame 600,000 sɔŋ, siwo dome ame akpa gãtɔ nye nyɔnuwo kple ɖeviwo la kuna le  esia ta. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa xlɔ̃ nu amewo be: “Atamadzudzɔ mawo ƒe suetɔ kekeake hã gbɔgbɔ gblẽa nu le ame ŋu godoo.”

“Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Mateo 22:39

Ne ènana hawòvi kple wò ƒometɔwo gbɔa wò atamadzudzɔ la, ɖe wòafia be èlɔ̃ wo vavã?

Yesu fia nu be, le Mawu lɔlɔ̃ megbe la, ame havi lɔlɔ̃e nye nu si gale vevie wu. Mía haviwoe nye míaƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame siwo dome míele. Egblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Ne míeƒoa mía ɖokui ɖe nuwɔna si gblẽa nu le mía haviwo ŋu me la, ke efia be míelɔ̃ wo o. Lɔlɔ̃ vavã ʋãa mí míewɔa Biblia ƒe mɔfiame sia dzi: ‘Ame aɖeke meganɔ ye ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ.’1 Korintotɔwo 10:24.

Armen, si le Armenia la, gblɔ be: “Nye ƒomea me tɔwo ɖe kuku nam be madzudzɔ atamanono, elabena egblẽa nu le yewo ŋu. Gake nyemenɔ didim be malɔ̃ ɖe edzi be egblẽa nu le wo ŋu o.” Eɖe nu si na wòva trɔ susu la me be: “Biblia sɔsrɔ̃ kple lɔlɔ̃ na Yehowa ye kpe ɖe ŋunye medzudzɔ atamanono, eye meva lɔ̃ ɖe edzi be menye nye ɖeɖe ko ŋue wònɔ nu gblẽm le o, ke enɔ nu gblẽm le ame siwo dome menɔ hã ŋu.”

ATAMANONO NU AYI TEGBEE!

Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe Olaf, Jayavanth, kple Armen ŋu woɖe asi le numame gblẽnu si nɔ nu gblẽm le woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu la ŋu. Menye nyanya be atamanono gblẽa nu le ame ŋu koe na wote ŋu dzudzɔ o, ke boŋ esi wova lɔ̃ Yehowa eye wodi be yewoadze eŋu tae wote ŋu dzudzɔ ɖo. Wote gbe ɖe akpa vevi si lɔlɔ̃ wɔna dzi le 1 Yohanes 5:3; afi ma gblɔ be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” Enye nyateƒe be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o, gake ne ame aɖe lɔ̃ Mawu tso dzi blibo me la, toɖoɖo Mawu manye agba nɛ o.

Yehowa Mawu to nufiafiadɔ aɖe si wɔm wole le xexea me godoo la dzi le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu fifia be woatsri atamanono alo avo tso enono si me. (1 Timoteo 2:3, 4) Eteƒe madidi o, Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea, si nye dziƒodziɖuɖu si le Via, Yesu Kristo, si me la dzi aɖe asitsala ŋuklẽlawo ƒe nuɖoanyi si na be ame miliɔn geɖe va zu kluvi na atamanono la ɖa keŋkeŋ. Ana atamanono si le abe dɔvɔ̃ wuame ene la nu nayi tegbee, eye wòana ameƒomea me tɔ toɖolawo nade blibo le ŋutilã kple susu me.Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 19:11, 15.

Ne ele sesẽm na wò be nàdzudzɔ atamanono la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ne èsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu heva lɔ̃e eye nèbua atamanono abe ale si wòbunɛ ene la, esia ate ŋu ado ŋusẽ wò hã nàdzudzɔ atamanono. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoanɔ gbɔwò vam be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Biblia ƒe nufiafia siwo ɖea vi kpakple ale si nàwɔ wo dzii. Ka ɖe edzi be ne èdi be Yehowa nakpe ɖe ŋuwò nàɖu atamanono ƒe numamea dzi la, ana ŋusẽ si nèhiã la wò be nàte ŋu adzudzɔ.Filipitɔwo 4:13.

^ mm. 3 Nya atamanono si míezã le nyati sia me fia be woagbɔ atamadzudzɔ tso sigaret, sigar, atamazi kple zi ƒomevi vovovowo me tẽe. Ke hã nu siwo me míedzro la ku ɖe atamaɖuɖu, asrãdodo, elektroniksigaret si me nikotin le kple bubuawo hã ŋu.