Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NƆ ŊUDZƆ!

Yame Le Dzo Xɔm Gbãgbãgbã Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Yame Le Dzo Xɔm Gbãgbãgbã Le Xexea Me Godoo—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le July 2022 mea, yame ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le xexea me godoo:

  •   “Zi eveliae nye esia le ɣleti sia me China dziɖuɖua le nu xlɔ̃m amewo be yame axɔ dzo ale gbegbe le du 70 kloe me, si ana amewo ƒe agbe naɖo afɔku me.”—July 25, 2022, CNN Wire Service.

  •   “Le Europaa, dzo dze avewo baɖabaɖa le dukɔ geɖe me, elabe yame xɔ dzo gbãgbãgbã wu ale si wònɔna.”—July 17, 2022, The Guardian.

  •   “Le Kwasiɖagbea, yame xɔ dzo gbãgbãgbã wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le Amerika ƒe teƒe geɖe. Teƒe mawo ƒe ɖewoe nye ɣedzeƒeƒuta ƒe nutowo, nuto siwo le dukɔa ƒe anyiehe kple titinaɣetoɖoƒe ƒe akpa aɖewo.”—July 24, 2022, The New York Times.

 Nu kae nu siawo katã fia? Ðe wòava dzɔ gbe ɖeka be agbe magava nya nɔ le anyigba dzi oa? Nya kae Biblia gblɔ?

Ðe Biblia gblɔ yame ƒe dzoxɔxɔ ŋu nya ɖia?

 Ɛ̃. Ale si yame ƒe dzoxɔxɔ nu le sesẽm le xexea me godooa wɔ ɖeka kple nu siwo Biblia gblɔ be woadzɔ le míaƒe ŋkekea me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔe ɖi be “nu dovoɖinamewo,” alo ŋɔdzinuwo kple nu ɖivɔvɔ̃wo adzɔ. (Luka 21:11) Ale si yame ƒe dzoxɔxɔ nu le sesẽm le xexea me godooa na ame geɖe le vɔvɔ̃m be magava nya wɔ be amegbetɔwo nanɔ anyigba dzi o.

Ðe wòava dzɔ be míagate ŋu anɔ anyigba dzi oa?

 Ao. Ðe Mawu wɔ anyigba be amegbetɔwo nanɔ edzi tegbee. (Psalmo 115:16; Nyagblɔla 1:4) Eya ta maɖe mɔ amegbetɔwo natsrɔ̃ anyigba o, ke boŋ edo ŋugbe be ‘yeatsrɔ̃ ame siwo le anyigbaa gblẽm.’—Nyaɖeɖefia 11:18.

 Na míakpɔ ŋugbe bubu siwo Mawu do ku ɖe anyigbaa ŋu ɖa le nyagblɔɖi eve aɖewo me:

  •   “Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.” (Yesaya 35:1) Mawu mana anyigba nazu dzogbe aɖe si dzi amewo magate ŋu anɔ o, ke boŋ aɖɔ anyigba ƒe teƒe siwo gblẽa ɖo.

  •   “Èléa be na anyigba la, ènana wòwɔa nu eye wònyoa nu ale gbegbe.” (Psalmo 65:9) Mawu ƒe yayrawo awɔe be anyigba nazu paradiso.

 Ale si yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔma fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati si nye “Ðe Yame Ƒe Tɔtrɔwo Agblẽ Nu Le Mía Ŋu Ðikaa?—Nya Si Biblia Gblɔ.”

 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ŋugbe si Biblia do be Mawu ava ɖɔ anyigba ɖo ŋua, xlẽ nyati si nye “Ame Kae Axɔ Na Anyigba?