Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbegɔmeɖela Eve Siwo Gbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Ðo Eteƒe Le Nubabla Yeyea Me

Gbegɔmeɖela Eve Siwo Gbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Ðo Eteƒe Le Nubabla Yeyea Me

 Gbedodoɖa siwo ame geɖe srɔ̃ gbã dometɔ ɖekae nye Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawo. Gbedodoɖa sia dze le Biblia ƒe akpa si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeye la me. Gbedodoɖaa dze egɔme ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Gake Mawu ƒe ŋkɔ si woyɔna le Eʋegbe me be “Yehowa” alo “Yahweh” ɣeaɖewoɣi la medze le Eʋegbe Biblia akpa gãtɔ ƒe Nubabla Yeyea me o. Gake alakpamawuwo abe Zeus, Hermes kple Artemis ene ya ƒe ŋkɔwo dze le Biblia mawo me. Ke ɖe mele be Mawu vavã la, Ame si gbɔ Biblia tso ya ƒe ŋkɔ nadze le eme oa?Dɔwɔwɔwo 14:12; 19:35; 2 Timoteo 3:16.

Alakpamawu vovovowo ƒe ŋkɔwo dze le Nubabla Yeyea me, ke ɖe míakpɔ mɔ be Mawu vavã la hã ƒe ŋkɔ nadze le eme oa?

 Eŋlisigbe me Biblia gbegɔmeɖela siwo nye Lancelot Shadwell kple Frederick Parker xɔe se be ele be woagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa aɖo teƒe siwo wòdze le le Nubabla Yeyea me. Nu ka tae míegblɔ be “woagbugbɔ” ŋkɔa aɖo teƒe mawo? Nu si tae nye be woƒo nya ta be Mawu ƒe ŋkɔ dze le teƒe mawo le gbe si me woŋlɔ Biblia ɖo zi gbãtɔ me, gake wova ɖee ɖa emegbe. Nu ka tae woƒo nya ta alea?

 Shadwell kple Parker nyae be Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia ƒe akpa si woyɔna zi geɖe be Nubabla Xoxoa, si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me zi gbãtɔa me zi akpe geɖe. Eya ta womese nu si tae woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Nubabla Yeyea ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽawo mea gɔme o. a Azɔ hã, Shadwell de dzesii be Mawu ƒe ŋkɔ dze le nyagbe aɖewo me zi geɖe le Nubabla Xoxoa me, gake le Nubabla Yeyea mea, Mawu ƒe ŋkɔa medze le nyagbe mawo me o. Le kpɔɖeŋu me, nyagbe “Yehowa ƒe dɔla” dze le Nubabla Xoxoa me zi geɖe, gake esi nya ma ke dze le Nubabla Yeyea mea, edze ƒãa be nugbugbɔgaŋlɔlawo zã nya Kyʹri·os, si gɔmee nye “Aƒetɔ,” ɖe Mawu ƒe ŋkɔa teƒe.—2 Fiawo 1:3, 15; Dɔwɔwɔwo 12:23.

Mawu ƒe ŋkɔ le Hebrigbe me

 Ke hã, hafi Shadwell kple Parker naɖe woƒe Eŋlisigbe me Bibliawo ɖe go gɔ̃ hãa, gbegɔmeɖela bubuwo gbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo teƒe siwo wòdze le le Nubabla Yeyea me le woƒe Eŋlisigbe me Bibliawo me, gake teƒe ʋɛ aɖewo koe wona wòdze le. b Parker ɖe Nubabla Yeye si gɔme wòɖe (A Literal Translation of the New Testament) la ɖe go le ƒe 1863 me. Gake do ŋgɔ na ƒe maa, Eŋlisi gbegɔmeɖela aɖeke megbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo Nubabla Yeyea me zi gbɔ zi geɖe nenema kpɔ o. Ame kawoe nye Lancelot Shadwell kple Frederick Parker?

Lancelot Shadwell

 Lancelot Shadwell (1808-1861) nye senyala, eye wònye England dumegã aɖe si ŋkɔe nye Aƒetɔ Lancelot Shadwell ƒe vi. Enye England Sɔlemehaa me tɔ. Togbɔ be exɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi se hãa, edea bubu Mawu ƒe ŋkɔa ŋu eye wògblɔ gɔ̃ hã be Mawu ƒe ŋkɔ “YEHOWA nye ŋkɔ si ŋu bubu le.” Esi wòta eƒe Biblia gɔmeɖeɖe si nye Mateo Kple Marko Ƒe Nyanyuigbalẽawo (ele yevugbe me) la, ŋkɔ “Yehowa” dze le eme zi 28, eye wòdze le tata ma ƒe numeɖeɖewo me zi 465.

 Anɔ eme be Nubabla Xoxoa si le Hebrigbe gbãtɔa mee Shadwell kpɔ Mawu ƒe ŋkɔa le. Egblɔ be ame siwo tsɔ Kyʹri·os ɖɔli Mawu ƒe ŋkɔa le Nubabla Xoxoa si gɔme woɖe ɖe Helagbe mea “menye gbegɔmeɖela ɖianukwarewo o.”

The Gospel according to Matthew rendered into English with notes, by L. Shadwell (1859), provided by the Bodleian Libraries. Licensed under CC BY-NC-SA 2.0 UK. Modified: Text highlighted

Ale si Mateo 1:20 dze le Shadwell ƒe Biblia me

 Teƒe gbãtɔ si Shadwell zã ŋkɔ “Yehowa” le eƒe Biblia mee nye Mateo 1:20. Egblɔ le eƒe numeɖeɖe si kpe ɖe kpukpui ma ŋu be: “Nya [Kyʹri·os] si dze le kpukpui sia kple kpukpui bubu geɖewo me le Nubabla Yeyea mea fia YEHOWA, si nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ: eye ele vevie ŋutɔ be woagbugbɔ ŋkɔ sia aɖo eteƒe le Eŋlisigbe me Biblia me.” Egagblɔ hã be: “Ele be míawɔ esia atsɔ ade bubu Mawu ŋu. Ŋkɔ YEHOWA ye wòtsɔ na eɖokui: eye ne míele nu ƒom tso eŋua, nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔe nye be míazã ŋkɔa.” Egblɔ yi edzi be: “Le míaƒe Biblia si dzi woda asi ɖo [alo King James Version Biblia] mea, ŋkɔ YEHOWA dze le eme le teƒe ʋɛ aɖewo ko . . . Woŋlɔ Aƒetɔ La ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa teƒe.” Shadwell gblɔ be: “Mesɔ kura be woazã dzesideŋkɔ Aƒetɔ” . . . ɖe Mawu ƒe ŋkɔ teƒe o, elabe le yewo dea, woyɔa ye gɔ̃ hã be “Aƒetɔ La.”

“Ŋkɔ YEHOWA ye [Mawu] tsɔ na eɖokui: eye ne míele nu ƒom tso eŋua, nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔe nye be míazã ŋkɔa.”—Lancelot Shadwell

 Shadwell ɖe Mateo ƒe agbalẽa si gɔme wòɖea ɖe go le ƒe 1859 me, eye wòɖe Mateo kple Marko ƒe agbalẽawo siwo wotsɔ ƒo kpli la ɖe go le ƒe 1861 me. Gake eƒe dɔa va tsi akpo dzi. Eku le January 11, 1861 dzi esime wòxɔ ƒe 52. Ke hã, agbagba siwo wòdzea menye dzodzro o.

Frederick Parker

 Asitsala kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Frederick Parker (1804-1888), si tso London, va se nu tso ale si Shadwell ɖe Mateo ƒe agbalẽa gɔmee ŋu. Parker te Nubabla Yeyea gɔmeɖeɖe esi wòxɔ ƒe 20. Gake Parker ya mexɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi se o. Eŋlɔ bena: “[Neva] eme be [Mawu] ƒe Vi lɔlɔ̃a . . . ƒe Hame bliboa naxɔ nyateƒea bliboe . . . eye woasubɔ Ŋusẽkatãtɔ ɖeka hɔ̃ la si nye Yehowa.” Parker gblɔ hã be esi wozã nya Kyʹri·os na Aƒetɔ Mawu kple Aƒetɔ Yesu siaa le Nubabla Yeyea me taa, ewɔe be vovototo si le wo ame evea domea va bu kura. Eya ta edzɔ dzi nɛ ŋutɔ esi wòkpɔe be le kpukpui aɖewo mea, Shadwell ɖe Kyʹri·os gɔme be “Yehowa.”

 Aleke Parker wɔ se nya mawo gɔme? Esrɔ̃ Helagbe, eye wòŋlɔ agbalẽ vovovowo tso Hela ƒe gbeŋutisewo ŋu. Eva zu habɔbɔ aɖe (Anglo-Biblical Institute) hã me tɔ. Habɔbɔ sia kua nu me tso Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋu ale be woate ŋu ata Eŋlisigbe me Biblia siwo nyo wu. Le ƒe 1842 mea, Parker dze eƒe Biblia gbãtɔ si nye Nubabla Yeyea tata gɔme, eye eɖee ɖe go vivivi. c

Nubabla Yeye si gɔme Parker (Heinfetter) ɖe

Agbagba Siwo Parker Dze Be Yeagbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Aɖo Eteƒe

 Parker tsɔ ƒe geɖe ŋlɔ agbalẽ siwo me wòbia nyawo abe esiawo ene le: “Ɣekaɣie Kyʹri·os le tsitre ɖi na Aƒetɔ Yesu, eye ɣekaɣie wòle tsitre ɖi na Aƒetɔ Mawu?” “Nu ka tae wozãa nya Kyʹri·os zi geɖe wòtsia tre ɖi na ŋkɔ le esi teƒe be wòanye dzesideŋkɔ?”

 Esi Parker kpɔ Mateo ƒe agbalẽa si gɔme Shadwell ɖe le ƒe 1859 me kple eŋuti numeɖeɖe siwo ku ɖe Kyʹri·os ŋua, eva ka ɖe edzi bliboe be le teƒe aɖewo siwo nya Kyʹri·os dze lea, “Yehowa boŋue wòle be wòanɔ afi ma.” Eya ta egbugbɔ to eƒe Nubabla Yeye ƒe gɔmeɖeɖe bliboa me eye wòde ŋkɔ “Yehowa” teƒe siwo wòkpɔe be esɔ be wòanɔ le nya siwo ƒo xlãe ta alo le Hela gbeŋutiseawo nu. Eya ta le Parker ƒe Biblia (A Literal Translation of the New Testament) si wòta le ƒe 1863 mea, Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme zi 187 sɔŋ. Edze abe esiae nye Eŋlisigbe me Biblia gbãtɔ si me Mawu ƒe ŋkɔa dze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔ bliboa me ene. d

Parker ƒe Nubabla Yeye si woɖe ɖe go le ƒe 1864 me ƒe axa si tanya le

 Azɔ hã le ƒe 1864 mea, Parker tsɔ eƒe Biblia gɔmeɖeɖea kple King James Version gɔmeɖeɖea ƒo ƒu wònye agbalẽ ɖeka si wòɖe ɖe go (A Collation of an English Version of the New Testament . . . With the Authorized English Version). Nu si tae wòtsɔ gɔmeɖeɖe evea ƒo ƒue nye be wòana vovototo si le yeƒe gɔmeɖeɖea kple King James Version la domea nadze ƒãa. e

 Esi Parker di be yeate gbe ɖe nu si tae wòle vevie be woagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa aɖo eteƒe dzia, etsɔ mawunyakpukpui aɖewo siwo dze le King James Version la me wɔ kpɔɖeŋui. Wo dometɔ ɖekae nye Romatɔwo 10:13 si gblɔ be: “Elabena ame sia ame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.” Parker bia be: “[Ame kae] axlẽ kpukpui siawo le King James Version Biblia me eye wòanyae be Yehowa ye wowɔnɛ, ke menye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo, . . . si nye Vi Lae o”?

Romatɔwo 10:13 le King James Version Biblia me (etame) kple Parker ƒe Biblia si nye ƒe 1864 tɔ

 Parker zã ga pounde akpe geɖe, si nye ho gbogbo aɖe ɣemaɣi, tsɔ do boblo agbalẽ kple agbalẽvi siwo wòta. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe ɖeka aɖe ko mea, ezã ga pounde 800 sɔŋ si ade dɔlar 132,000 egbea. Eɖo eƒe agbalẽ geɖe ɖe eƒe ame nyanyɛwo kple haŋgɔnɔlawo be woakpɔ nu siwo ŋu yeke ɖo, eye mexɔ ga aɖeke ɖe agbalẽawo ta o.

 Parker ƒe nuŋlɔɖiwo kple Nubabla Yeye siwo gɔme wòɖe ƒe tata siwo woɖe ɖe goa mesɔ gbɔ o, eye agbalẽnyala aɖewo hã ɖe alɔme le eƒe dɔwo ŋu. Agbalẽnyala siawo mede asixɔxɔ agbagba siwo Parker, Shadwell, kple ame bubuwo dze be yewoagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa aɖo teƒe siwo wòdze le le Eŋlisigbe me Nubabla Yeyea me ŋu o.

 Ðewohĩ àdi hã be yeakpɔ miniti ewo ƒe video sia si ana nànya nu geɖe: Tsaɖiɖi Yi Warwick Blemanudzraɖoƒea: “Biblia Kple Mawu Ƒe Ŋkɔ.”

a “Yah,” si nye “Yehowa” ŋɔŋlɔ ƒe kpuitɔ dze le Nyaɖeɖefia 19:1, 3, 4, 6 le nya “Haleluyah” me. Haleluyah fia be “Mikafu Yah, mi eƒe amewo!”

b Shadwell meɖe Nubabla Yeye bliboa gɔme o. Gbegɔmeɖela bubuawoe nye Philip Doddridge, Edward Harwood, William Newcome, Edgar Taylor, kple Gilbert Wakefield.

c Esi Parker di be yeƒe asitsanyawo nanɔ vovo eye yeƒe Biblia ŋuti numekukuwo hã nanɔ vovo taa, ezã ŋkɔ Herman Heinfetter le eƒe agbalẽwo kple Biblia gɔmeɖeɖewo me. Ŋkɔ sia dze enuenu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe megbenyawo me.

d Le ƒe 1864 mea, Parker ɖe Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe go (An English Version of the New Testament), eye Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme zi 186 sɔŋ.

e Hafi Parker naɖe Biblia gɔmea, Nubabla Yeyea ƒe Hebrigbe me gɔmeɖeɖe geɖewo nɔ anyi siwo me Mawu ƒe ŋkɔa dze le le kpukpui vovovowo me. Azɔ hã le ƒe 1795 mea, Johann Jakob Stolz ta Biblia ɖe Germanygbe me eye Mawu ƒe ŋkɔa dze le eme wu zi 90 tso Mateo va se ɖe Yuda.