Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ahasesẽ Nono—Aleke Nàwɔ Aɖɔ Ŋu Ðo?

Ahasesẽ Nono—Aleke Nàwɔ Aɖɔ Ŋu Ðo?

Ame aɖewo noa aha tsu ne nu te ɖe wo dzi, wotsi akogo alo womele dzidzɔ aɖeke kpɔm o. Ðe nèva le aha nom fifia wu tsãa? Ne nenema yea, nu kae nàwɔ be wò aha nono nagava tso eme alo wòava zu numame na wò o? Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewoe nye esi, siwo akpe ɖe ŋuwò nànoe ale si dze.

 Nu kae wòfia be woano aha ɖe ŋku nu?

Nya si Biblia gblɔ: “Mèganɔ aha tsu nolawo .  . . dome o.”—Lododowo 23:20.

Bu eŋu kpɔ: Biblia metsi tre ɖe ahanono ŋu o, ne wonya noe ɖe ŋku nu ko. (Nyagblɔla 9:7) Gake ena míese egɔme be vovototo le ahanono ɖe ŋku nu, ahatsunono, kple ahamumu dome. (Luka 21:34; Efesotɔwo 5:18; Tito 2:3) Ne mènoa aha muna o hãa, enono fũu akpa ate ŋu awɔe be màtso nya me nyuie o, àdze dɔ, alo mia kple amewo dome agblẽ.—Lododowo 23:29, 30.

Ahanonoŋutinunyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ si aha muame kpɔna ɖe ame dzi la tsoa agbɔsɔsɔme si amea nona gbɔ, eye zi geɖea, kɔŋkɔ neni si ame nona gbe sia gbe kple ŋkeke neni si wònonɛ le kwasiɖa ɖeka mee wotsɔna dzidzenɛ. * Gake ale si aha muame kpɔa ŋusẽ ɖe ame sia ame dzi la le vovovo, eye le ame aɖewo gomea, ade wo dzi wu be woaganoe kura o. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be:

“Kɔŋkɔ ɖeka alo eve gɔ̃ hã ate ŋu asɔ gbɔ akpa—le kpɔɖeŋu me:

  • Ne èle ʋu kum alo le mɔ̃ ŋu dɔ wɔm.

  • Ne èfɔ fu alo vi nono le asiwò.

  • Ne èle atike aɖewo ƒomevi zãm.

  • Ne dɔléle aɖewo le ŋuwò.

  • Ne màte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi le ahanono me o.”

 Dzesi siwo fia be ame le aha nom akpa

Nya si Biblia gblɔ: “Mina míado míaƒe nuwɔnawo kpɔ.”—Konyifahawo 3:40.

Bu eŋu kpɔ: Àte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta be aha muame nagagblẽ nu le ŋuwò o ne èléa ŋku ɖe wò ahanono ŋu hetrɔ asi le eŋu ale si hiã. Kpɔe ɖa be ɖe dzesi siwo gbɔna, siwo ate ŋu afia be èle aha tsu nomaa, le dzedzem le ŋuwò hã.

  • Ahanonoe nana nèkpɔa dzidzɔ. Ewɔna na wò be ele be yeano aha be yeƒe dzi nadze eme, be yeatsɔ aɖe modzaka, alo akpɔ dzidzɔ. Ahanonoe kpena ɖe ŋuwò nènɔa te ɖe wò kuxiwo nu.

  • Èle aha nom fifia wu ale si nènonɛ tsã. Ènoa aha edziedzi fifia wu. Aha muame sesẽwo nom nèle, eye ne ènoe wòsɔ gbɔ wu esi nènona tsã hafi wò dzi dzea eme.

  • Ahanono he kuxiwo va dziwò le aƒe me alo dɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ènoa aha agbana.

  • Ne èno aha vɔa, èwɔa nu siwo ate ŋu ado wò afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, èdina be yeaku ʋu, yeaƒu tsi, alo yeawɔ mɔ̃ ŋu dɔ.

  • Amewo tsi dzi ɖe wò ahanono ŋu. Ne wogblɔea, ke èdo dziku. Mèdina be amewo nanya be yeno aha o, alo mètoa nyateƒe le aha agbɔsɔsɔme si nènona ŋu o.

  • Esesẽna na wò be nàdzudzɔ. Èdze agbagba be yeaɖiɖi agbɔsɔsɔmea dzi akpɔtɔ alo adzudzɔ kura, gake mète ŋui o.

 Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖɔ ŋu ɖo

1. Wɔ ɖoɖo ɖe eŋu.

Nya si Biblia gblɔ: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

Te esia kpɔ: Tia ŋkeke siwo nàno aha le kwasiɖaa me. Ðo agbɔsɔme si sɔ, si nàno le ŋkeke mawo dzi. Eye ɖo ŋkeke eve ya teti ɖi le kwasiɖaa me, si màno aha o.

Dɔmenyohabɔbɔ aɖe si fiaa nu tso ahanono ŋu le United Kingdom (Royaume-Uni) gblɔ be: “Nu nyuitɔ si nàwɔ be nàgava zu ahanoxe o ye nye be nàɖo ɣeyiɣi aɖewo ɖi, siwo màno aha kura o.”

2. Wɔ ɖoɖo siwo nèwɔ dzi.

Nya si Biblia gblɔ: “Miwu nu si gɔme miedze la nu.”—2 Korintotɔwo 8:11.

Te esia kpɔ: Nya aha agbɔsɔsɔme si dzi woda asi ɖo le mia gbɔ, ale be nàkpɔ egbɔ be yemegbɔ eŋu o. Di aha nyui siwo memua ame o, siwo nono vivia nuwò, eye woawo boŋ nenɔ asitsɔƒe na wò.

Amerikatɔwo Ƒe Aha Tsu Nono Kple Ahamumu Ŋuti Dɔwɔƒe gblɔ be: “Ne tɔtrɔ vivivi aɖewo koe nèwɔ le wò ahanono ŋu hãa, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ be aha nagava zu kuxi na wò o.”

3. Lé wò nyametsotsoa me ɖe asi.

Nya si Biblia gblɔ: “Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao.”—Yakobo 5:12.

Te esia kpɔ: Nɔ klalo be ne ame aɖe be yeadze aha na wò eye ema agblẽ ɖoɖo si nèwɔ ɖe aha ŋu mea, nàgbe bubutɔe gake eme nakɔ nɛ nyuie be medii o.

Amerikatɔwo Ƒe Aha Tsu Nono Kple Ahamumu Ŋuti Dɔwɔƒe gblɔ be: “Ne àte ŋu agbe kaba ne ame aɖe do aha ɖe gbɔwòa, ke asesẽ ŋutɔ hafi woaƒo nya ɖe nuwò be nànoe.”

4. Wò susu nenɔ vi siwo wò nyametsotsoa aɖe na wò ŋu.

Nya si Biblia gblɔ: “Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze.”—Nyagblɔla 7:8.

Te esia kpɔ: Ŋlɔ susu siwo ta mèdi be yeano aha fũu akpa o ɖi. Wo dometɔ aɖewo nanye ale si nàdɔ alɔ̃ nyuie, nànɔ lãmesẽ me, nàgagblẽ ga dome o, eye mia kple amewo dome nanɔ nyuie. Ne èle wò nyametsotsoa gblɔm na ame aɖea, he susu yi vi siwo wòaɖe na wò dzi wu kuxi siwo le eme.

5. Na Mawu nakpe ɖe ŋuwò.

Nya si Biblia gblɔ: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.”—Filipitɔwo 4:13.

Te esia kpɔ: Ne ewɔ na wò be yele aha nom fũu akpaa, ke do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò. Biae be wòado ŋusẽ ye yeaɖu ye ɖokui dzi. * Eye di ɣeyiɣi nàxlẽ eƒe Nya, Biblia, ne nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ŋuwò. Ɛ̃, Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu ɖokuiwò dzi le ahanono me.

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, Amerikatɔwo ƒe Lamẽsẽnyawo Gbɔ Kpɔha gblɔ be ahanono fũu akpa “le nyɔnuwo gome fia be woano kɔŋkɔ 4 alo esi wu ema gbe ɖeka, alo kɔŋkɔ 8 le kwasiɖa ɖeka me; eye le ŋutsuwo gomea, efia be woano kɔŋkɔ 5 alo esi wu ema gbe ɖeka, alo kɔŋkɔ 15 le kwasiɖa ɖeka me.” Dukɔ ɖe sia ɖe kple eƒe dzidzenuwoe, eya ta bia wò ɖɔkta ne wòagblɔ esi wobuna le mia gbɔ be megbɔ eme o na wò.

^ mm. 43 Ne mète ŋu le ɖokuiwò dzi ɖum le ahanono me oa, ɖewohĩ ahiã be nàde kɔdzi ne woakpe ɖe ŋuwò.