Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Miagbɔ Dzi Ði Na Mia Nɔewo

Ale Si Miagbɔ Dzi Ði Na Mia Nɔewo

“Nuwo dzɔna gbe sia gbe siwo ate ŋu ana wòasesẽ na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu be woagbɔ dzi ɖi na wo nɔewo. Ne tre ye nènye la, ɖewohĩ adze abe dzigbɔɖi mele vevie nenema gbegbe o ene, gake dzigbɔɖi le vevie ŋutɔ hafi srɔ̃ɖeɖe nate ŋu akpɔ dzidzedze.”—John.

 Nu ka tae nèhiã na dzigbɔɖi?

  • Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ana nàva de dzesi srɔ̃wò ƒe gbagbãƒe aɖewo siwo mènya tsã o.

    “Ne mieɖe srɔ̃ eye mieva ma ɖe mia nɔewo ko la, ele bɔbɔe be wò susu nava nɔ srɔ̃wò ƒe nɔnɔme manyomanyowo ŋu. Ne susu sia va le asiwò ɖe srɔ̃wò ŋu la, ke asesẽ na wò be nàgbɔ dzi ɖi nɛ.”—Jessena.

  • Ne mègbɔ dzi ɖi o la, esia ate ŋu ana nàƒo nu nuwo ŋu mabumabui.

    “Meɖea nye seselelãmewo gblɔna kabakaba, si wɔnɛ be ɣeaɖewoɣi la, megblɔa nya siwo mele be magblɔ hafi o. Ne ɖe megbɔa dzi ɖi la, anye ne mabu nuwo ŋu nyuie, eye mahiã be maƒo nu tso nanewo ŋu hafi o.”—Carmen.

    Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.” (1 Korintotɔwo 13:4) Edze abe le dzɔdzɔme nu la, anɔ bɔbɔe be ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo la nagbɔ dzi ɖi na wo nɔewo hafi. Gake menye aleae wònɔna ɣesiaɣi o. John, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Nɔnɔme nyui aɖee dzigbɔɖi nye, gake dzimagbɔɖi le bɔbɔe wu dzigbɔɖi, abe ale si ko wòle le nɔnɔme nyui bubuwo gome ene. Ebia agbagbadzedze be ame nayi edzi anɔ dzi gbɔm ɖi.”

 Aleke nàɖee afia be yegbɔa dzi ɖi?

  • Ne nɔnɔme aɖe si mèle mɔ kpɔm na o va tu wò si wɔe be wòsesẽ na wò be nàgbɔ dzi ɖi.

    Kpɔɖeŋu: Srɔ̃wò gblɔ nya aɖe si ve wò. Enumake la, àse le ɖokuiwò me be ele be nàgblɔ nya aɖe si ave eya hã.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsitsi ƒe dzesie wònye.”—Nyagblɔla 7:9, etenuŋɔŋlɔ.

    Ale si nàgbɔ dzi ɖi: Tɔ vie. Hafi nàɖo nyaa ŋu la, dze agbagba nàgblɔ na ɖokuiwò be menye ɖe srɔ̃nyea ɖoe be yeagblɔ nya si avem hafi o. Agbalẽ aɖe si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la gblɔ be: “Le mía dometɔ geɖe gome la, susu si míebu ɖe nya si mía srɔ̃ gblɔ ŋu nue míewɔa nu ɖo, ke menye nya si wògblɔ la ŋutɔŋutɔ nue míewɔa nu ɖo o.”—Fighting for Your Marriage.

    Ne ele eme be ɖe srɔ̃wòa ɖoe be yeawɔ nu si ave wò gɔ̃ hã la, nuwo aka ɖe eme wu ne ègbɔ dzi ɖi eye mèwɔ wɔɖenui o. Biblia gblɔ be: “Ne nake meli o la, dzo tsina.”—Lododowo 26:20.

    “Ne ède dzesii be èva le srɔ̃wò bum wò futɔe la, tɔ sẽe nàde ŋugble le nu si tae nèlɔ̃e ɖo la ŋu, eye enumake nàdze agbagba àwɔ nu nyui aɖe nɛ.”—Ethan.

    Bu nya sia ŋu:

    • Aleke nèwɔa nui ne srɔ̃wò gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si te ɖe dziwò?

    • Aleke nàte ŋu agbɔ dzi ɖi geɖe wu ne nu sia tɔgbi gadzɔ?

  • Ne srɔ̃wò wɔa nane edziedzi si nana wòsesẽna na wò be nàgbɔ dzi ɖi.

    Kpɔɖeŋu: Srɔ̃wò tsia megbe ɣesiaɣi, eye nèva nɔa edzɔm, si wɔnɛ be dzi va kua wò.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.”—Kolosetɔwo 3:13.

    Ale si nàgbɔ dzi ɖi na srɔ̃wò: Nu si ade wò srɔ̃ɖeɖea dzi nenɔ vevie na wò wu nu si ade wò ŋutɔ dziwò. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne medo dziku le nu si dzɔ ta la, ɖe esia ade míaƒe srɔ̃ɖeɖea dzi wu loo, alo agblẽ nu le eŋu?’ Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be “mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yakobo 3:2) Esia fia be nanewo li siwo ŋu wòle be wò ŋutɔ hã nàtrɔ asi le.

    “Ɣeaɖewoɣi la, megbɔa dzi ɖi na xɔ̃nyewo wu nye ŋutɔ srɔ̃nye. Ewɔ nam be nu si gbɔ wòtso ye nye be esi nye kpakple srɔ̃nye ye li ɣesiaɣi ta la, mekpɔa eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Gake ne megbɔ dzi ɖi la, ke efia be melɔ̃ srɔ̃nye eye medea bubu eŋu hã. Eya ta dzigbɔɖi hiã vevie le nye srɔ̃ɖeɖea me.”—Nia.

    Bu nya sia ŋu:

    • Aleke gbegbee nègbɔa dzi ɖi na srɔ̃wò ne eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo le fu ɖem na wò?

    • Ɣebubuɣi la, aleke nàte ŋu agbɔ dzi ɖi na srɔ̃wò geɖe wu?