Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Biblia Ate Ŋu Ana Dzidzɔkpɔkpɔ Nanɔ Nye Ƒomea Mea?

Ðe Biblia Ate Ŋu Ana Dzidzɔkpɔkpɔ Nanɔ Nye Ƒomea Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le siwo kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu woƒe ƒomea le dzidzɔ kpɔm la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo:

  1.   De wò srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me alo ɖe srɔ̃ le se nu. Ale si srɔ̃ɖeɖe le se nu biana be woawɔ nuteƒe na ame srɔ̃ le ame ƒe agbe me katã nye gɔmeɖoanyi na ƒome kpɔdzidzɔ.​—Mateo 19:4-6.

  2.   Ðe lɔlɔ̃ kple bubu fia. Esia bia be nàwɔ nu ɖe srɔ̃wòa ŋu abe ale si nàdi be wòawɔ nu ɖe ye ŋu ene.​—Mateo 7:12; Efesotɔwo 5:25, 33.

  3.   Ƒo asa na nya tɔamewo gbɔgblɔ. Ƒo nu tufafatɔe, nenye be srɔ̃wòa gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò hã. (Efesotɔwo 4:31, 32) Biblia gblɔ le Lododowo 15:1 gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.”

  4.   Miwɔ nuteƒe na mia nɔewo. Ðoe be ye srɔ̃ ɖeka ƒe nu koe alé dzi na ye eye eya ɖeka ko ƒe nue adzro ye. (Mateo 5:28) Biblia gblɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.”—Hebritɔwo 13:4.

  5.   He viwòwo le lɔlɔ̃ me. Mègafa akpa o eye wò nya me megasẽ hã akpa.​—Lododowo 29:15; Kolosetɔwo 3:21.