Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzotɔtɔ Ame Kukuwo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzotɔtɔ Ame Kukuwo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia mena mɔfiame aɖeke kã tso dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu o. Biblia mede se aɖeke ku ɖe ame kukuwo ɖiɖi alo dzotɔtɔ wo ŋu o.

 Biblia ƒo nu tso go vovovo siwo me Mawu subɔla wɔnuteƒewo ɖi woƒe ame kukuwo le ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Abraham dze agbagba ƒle anyigba aɖe be wòanye ameɖiƒe, eye wòɖi srɔ̃a, Sara ɖe afi ma.—1 Mose 23:2-20; 49:29-32.

 Azɔ hã, Biblia na míenya be nuteƒewɔla aɖewo tɔ dzo woƒe ame kukuwo. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel Fia Saul kple viaŋutsu etɔ̃ ku le aʋagbedzi la, woƒe kukuawo nɔ futɔawo ƒe anyigba dzi le gɔmedzedzea me, eye woɖi gbɔ woƒe kukuawo. Esi Israel-vi wɔnuteƒe siwo nye aʋawɔlawo se nu tso eŋu la, woyi ɖatsɔ Saul kple viaŋutsuawo ƒe kukuawo, wotɔ dzo wo, eye woɖi woƒe ƒuwo. (1 Samuel 31:8-13) Biblia ɖee fia be ale si Israel-vi mawo wɔ woƒe kukuawoe la sɔ.—2 Samuel 2:4-6.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu

 Susu totro: Dzotɔtɔ ame kuku nye bubumademade eƒe ŋutilã ŋu.

 Nyateƒenya: Biblia gblɔ be ne ame ku la, egatrɔna zua anyi, eye le dzɔdzɔme nu la, nu siae dzɔna ɖe ŋutilã kuku dzi ne enyunyɔ. (1 Mose 3:19) Ne wotɔ dzo ŋutilã kuku wòzu afi la, enana be wòzua anyi kaba.

 Susu totro: Le blema la, ame siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o koe wotɔa dzoe le woƒe ku megbe.

 Nyateƒenya: Wotɔ dzo ame mawɔnuteƒe aɖewo, abe Akan kple eƒe ƒomea ene, ƒe kukuawo. (Yosua 7:25) Ke hã, le go akpa gãtɔ me la, menye nenemae wònɔna o. (5 Mose 21:22, 23) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, wotɔ dzo nuteƒewɔla aɖewo, abe Fia Saul viŋutsu Yonatan ene, ƒe kukuawo.

 Susu totro: Ne wotɔ dzo ame la, awɔe be Mawu mate ŋu afɔe ɖe tsitre o.

 Nyateƒenya: Ku ɖe ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre ŋu la, woɖaɖi ame si ku o, woɖatɔ dzoe o, atsiaƒu mee wòtsi o, lã wɔadã aɖee vuvui o, Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre. (Nyaɖeɖefia 20:13) Ŋusẽkatãtɔ la ate ŋu agawɔ ŋutilã bubu na amea bɔbɔe.—1 Korintotɔwo 15:35, 38.