Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ʋudodo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ʋudodo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia de se be mímegano ʋu alo ana wòage ɖe lã me na mí o. Eya ta mele be míalɔ̃ azã ʋu ŋutɔ alo ʋumenu veviwo le mɔ aɖeke nu o, eɖanye ɖe wotsɔ wo wɔ nuɖuɖui alo ɖe wobe woadoe na mí o. De dzesi mawunyakpukpui siwo gbɔna:

  •   1 Mose 9:4. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu ɖe mɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woate ŋu aɖu lãwo hã azɔ, gake ede se na wo be womegaɖu ʋu o. Mawu gblɔ na Noa be: “Ðeko migaɖu lã si me ʋu, si nye eƒe agbe la, tsi o.” (Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Sedede sia bla amegbetɔƒomea katã tso ɣemaɣi dzi, elabe wo katã wonye Noa ƒe dzidzimeviwo.

  •   3 Mose 17:14. “Migaɖu lã aɖeke ƒe ʋu o, elabena lãwo ƒe ʋu enye woƒe agbe. Ame sia ame, si aɖui la, woatsrɔ̃e ɖa.” Mawu bua agbe la be ele ʋua me, eya ta enye ye tɔ. Togbɔ be Israel-viwo koe wode se sia na le afi sia hã la, eɖe ale si gbegbe se si Mawu de ku ɖe ʋuɖuɖu ŋu la le vevie nɛ la fia.

  •   Dɔwɔwɔwo 15:20. ‘Mitsri ʋu.’ Mawu de se si wòde na Noa la ke na Kristotɔwo hã. Ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖo kpe edzi be Kristotɔ gbãtɔwo gbe be yewomaɖu ʋu alo azãe le atikewɔwɔ me gɔ̃ hã o.

Nu ka tae Mawu de se na mí be míatsri ʋu?

 Atikeŋutinunyalawo ƒe numekukuwo ɖo kpe edzi be ele be woaƒo asa na ʋudodo. Gake susu vevitɔe nye be Mawue de se be míatsri ʋu, elabe nu si ʋu le tsitre ɖi na la nye nu kɔkɔe nɛ.—3 Mose 17:11; Kolosetɔwo 1:20.