Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?

Nu Ka Tae Wòle Be Míado Gbe Ða Le Yesu Ƒe Ŋkɔ Me?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ele be míado gbe ɖa na Mawu le Yesu ƒe ŋkɔ me elabe mɔ ma ko dzie Mawu be míato ado gbe ɖa na ye hafi yeasee. Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. ” (Yohanes 14:6)Yesu gblɔ hã na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ne miebia nane Fofo la la, atsɔe ana mi le nye ŋkɔ me.”—Yohanes 16:23.

Susu bubu siwo ta míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me

  •   Míedea bubu Yesu kple Fofoa Yehowa Mawu ŋu.—Filipitɔwo 2:9-11.

  •   Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be Yesu ƒe kuae nye mɔ si dzi Mawu to be yeaɖe mí.—Mateo 20:28; Dɔwɔwɔwo 4:12.

  •   Míelɔ̃ ɖe ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le abe Nyaxɔɖeakɔla le Mawu kple amegbetɔwo dome la dzi.—Hebritɔwo 7:25.

  •   Míedea bubu ɖoƒe si le Yesu si abe Nunɔlagã ene ŋu, be enye ame si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ƒomedodo nyui nanɔ mí kple Mawu dome.—Hebritɔwo 4:14-16.