Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzila Tsitsiwo Dzi Kpɔkpɔ Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzila Tsitsiwo Dzi Kpɔkpɔ Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Vi tsitsiwo ƒe agbanɔamedzi vevi aɖee wònye be woakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖoɖo ɖe yewo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu. Biblia gblɔ be ele be vi tsitsiwo “nanya nu gbãtɔ si dze be woawɔ na woƒe ƒometɔwo abe ale si hiã le mawusubɔsubɔ me la ene. Esiae nye be vi siawo nakpɔ wo dzilawo dzi, elabe nuwɔna siae dzea Mawu ŋu.” (1 Timoteo 5:4, Eʋegbe Biblia) Ne vi tsitsiwo kpɔ egbɔ be yewowɔ ɖoɖo ɖe yewo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu la, ke wole wɔwɔm ɖe Biblia ƒe se si nye be woabu wo dzilawo la hã dzi.—Efesotɔwo 6:2, 3.

 Biblia mena mɔfiamewo tẽe ku ɖe nu si tututu woawɔ atsɔ akpɔ dzila tsitsiwo dzi ŋu o. Ke hã, eƒo ŋu tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo ɖo kpɔɖeŋu ɖi le esia wɔwɔ me ŋu. Azɔ hã, eɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le ame tsitsiwo dzi kpɔm la ŋu.

 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, aleke ƒometɔ aɖewo kpɔ wo dzila tsitsiwo dzi?

 Wowɔ esia le mɔ vovovowo nu le ale si nɔnɔmeawo le nu.

  •   Yosef nɔ adzɔge tso fofoa Yakob si ku amegã la gbɔ. Esi nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, ewɔ ɖoɖo be Yakob naʋu ava teƒe si tsɔ ye gbɔ. Eyome Yosef di nɔƒe na fofoa eye wòkpɔ eƒe nuɖuɖu kple dedienɔnɔ nyawo gbɔ.—1 Mose 45:9-11; 47:11, 12.

  •   Rut kplɔ lɔ̃xoa ɖo yi wo de eye wòku kutri wɔ dɔ sesĩe tsɔ kpɔ edzi.—Rut 1:16; 2:2, 17, 18, 23.

  •   Yesu hã tsɔ dadaa, Maria, si anya zu ahosi ɣemaɣi la, dzi kpɔkpɔ de ame aɖe si ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku.—Yohanes 19:26, 27. a

 Biblia me aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe ame siwo le ame tsitsiwo dzi kpɔm la ŋu?

 Mɔfiamewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le dzila tsitsiwo dzi kpɔm ŋu be woate ŋu atsɔ wo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ƒe agba si tea ɖeɖi ame ŋu henana nu tia kɔ na ame ɣeaɖewoɣi la.

  •   Bu dziwòlawo.

     Nya si Biblia gblɔ: “Bu fofowò kple dawò.”—2 Mose 20:12.

     Aleke nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi? Anye bubudede dziwòlawo ŋu ne èna ablɔɖe wo be woawɔ nu siwo wodi le ale si woƒe nɔnɔmeawo aɖe mɔe nu. Zi ale si wòanya wɔ ko la, ɖe mɔ na wo be woawo ŋutɔwo natso nya me le wo dzi kpɔkpɔ ƒe nyawo ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, de bubu wo ŋu to ale si nàwɔ nu si nàte ŋui atsɔ akpɔ wo dzi me.

  •   Se nu gɔme na wo eye nàtsɔ ake.

     Nya si Biblia gblɔ: “Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o, eye atsyɔ̃ wònye nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.”—Lododowo 19:11.

     Aleke nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi? Ne dziwòla tsitsi aɖe gblɔ nya aɖe si ve wò alo ewɔ nu wòdze abe mekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nam nèlee ŋu o ene la, bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mase le ɖokuinye me ne dzinyee nu te ɖo alo wɔna vɔ le ŋunye nenema?’ Ne èdze agbagba be yease nu gɔme ahatsɔ ake la, awɔe be màna kuxi siwo li xoxo la nagado gã ɖe edzi o.

  •   Lé nyaa kpɔ kple ame bubuwo.

     Nya si Biblia gblɔ: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi, ke afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.”—Lododowo 15:22.

     Aleke nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi? Ku nu me tso ale si nàte ŋu akpɔ lãmesẽkuxi siwo me tom dziwòlawo le gbɔ la ŋu. Kpɔe ɖa be kpekpeɖeŋunana ƒe ɖoɖo kawoe wowɔ na ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ le miaƒe nutoa me hã. Ðo dze kple ame bubu siwo kpɔ wo dzila tsitsiwo dzi. Ne nɔviwo le asiwò la, anyo be miakpe ta ale be miadzro nu siwo miawɔ atsɔ akpɔ mia dzilawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, ale si mialé be na wo kple ale si miama agbaa atsɔ la me.

    Anyo be ƒomea nakpe ta ale be miadzro nu siwo miawɔ atsɔ akpɔ mia dzila tsitsiwo dzi la me

  •   Nya afi si wò ŋutete se ɖo.

     Nya si Biblia gblɔ: “Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.”—Lododowo 11:2.

     Aleke nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi? Nya afi si wò ŋutete se ɖo. Le kpɔɖeŋu me, vovo meganɔa mía dometɔ akpa gãtɔ ŋu o, eye ɖeɖi tea mí katã mía ŋu. Esiawo ate ŋu awɔe be màte ŋu akpe ɖe dziwòla tsitsiwo ŋu abe ale si nàdi be yeawɔe ene o. Ne èkpɔe be nu siwo dziwòla tsitsiwo dzi kpɔkpɔ bia la va wu tsɔtsɔ na ye la, dae kpɔ be anyo be nàbia kpekpeɖeŋu tso ƒometɔ bubuwo alo ame tsitsiwo dzi kpɔlawo gbɔ hã.

  •   Lé be na ɖokuiwò.

     Nya si Biblia gblɔ: “Ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.”—Efesotɔwo 5:29.

     Aleke nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi? Togbɔ be agba le dziwò be nàkpɔ dziwòlawo dzi hã la, ele be nàkpɔ wò ŋutɔ wò nuhiahiãwo kple wò ƒomea hã tɔ gbɔ, ne srɔ̃tɔe nènye. Ele be nàɖu nu nyuie. Ele be nàdɔ alɔ̃ ahaɖi ɖe eme nyuie. (Nyagblɔla 4:6) Eye ele be nàdi ɣeyiɣi agbɔ ɖe eme ɣeaɖewoɣi hã ne anya wɔ. Ne èwɔ esiawo la, ŋusẽ anɔ ŋuwò, eye wò susu me adze akɔ anyi, si awɔe be nàsu te nyuie wu be nàlé be na dziwòlawo.

 Ðe Biblia gblɔ be aƒe mee wòle be woakpɔ dzila tsitsiwo dzi lea?

 Biblia megblɔe tẽe nenye be ele be vi tsitsiwo nakpɔ wo dzilawo dzi le aƒe me loo alo le afi bubu o. Ƒome aɖewo tsoa nya me be yewoakpɔ yewo dzila tsitsiwo dzi le aƒe me ɣeyiɣi didi si yewoate ŋui. Gake ne eva ɖo afi aɖe la, ɖewohĩ woakpɔe be anyo wu ne yewokplɔe yi ame tsitsiwo dzi kpɔƒe. Ƒomea ate ŋu akpe ta atso nya me ku ɖe nu si ade ƒomea me tɔwo katã dzi ŋu.—Galatiatɔwo 6:4, 5.

a Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nya sia ŋu be: “Anɔ eme be Yosef [Maria srɔ̃] ku xoxo ɣemaɣi, eye Yesue va nɔ edzi kpɔm, ke esi wòle kukum azɔ la, ame kae akpɔ edzi? . . . Kristo to esia dzi fia viwo be ele be woakpɔ wo dzila tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.”—The NIV Matthew Henry Commentary in One Volume, axa 428-429.