Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Kolosetɔwo 3:23—“Nu Sia Nu, Si Ke Miewɔna La, Miwɔe Tso Dzi Me”

Kolosetɔwo 3:23—“Nu Sia Nu, Si Ke Miewɔna La, Miwɔe Tso Dzi Me”

 “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Nu sia nu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23, Eʋegbe Biblia.

Nu si Kolosetɔwo 3:23 fia

 Ele be Kristotɔ nadze agbagba anye ame si ado vevie dɔ, elabe kadodo le ale si wòwɔa dɔ kple eƒe Mawu subɔsubɔ dome.

 “Nu sia nu si wɔm miele.” Ame siwo di be yewoasubɔ Yehowa la dzea agbagba wɔna ɖe nu siwo Biblia gblɔa dzi le nu sia nu si wowɔna me. Woɖale aƒe me, dɔ me, alo suku o, wodzea agbagba nyea ame siwo doa vevie dɔ, anukwareɖilawo kple ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo le woƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me.—Lododowo 11:13; Romatɔwo 12:11; Hebritɔwo 13:18.

 “Miwɔe tso dzi me.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tso dzi me” la fia be “ame naɖoe kplikpaa be yeazã yeƒe ŋusẽ katã atsɔ awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.” a

 Esia fia be dɔwɔla sia zãa eƒe ŋusẽ katã eye wòwɔa eƒe nuŋububuŋutete ŋu dɔ bliboe ne ele dɔ aɖe wɔm. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe nya “tso dzi me” gɔme be “dzi fãa” (Eʋegbe Biblia, yeyetɔ) alo “kutrikuku kple dzidzɔ” (Agbenya La).—Kpɔ “ Ale Si Woɖe Kolosetɔwo 3:23 Gɔme Le Biblia Bubuwo Me.”

 ‘Yehowa ye miele ewɔm na, ke menye na amewo o.’ Dɔ ka ke wɔm Kristotɔwo le o, woléa fɔ ɖe eŋu elabe wonyae be ale si yewowɔa dɔe la ate ŋu ana woƒe nu nadze Yehowa Mawu ŋu loo alo madze eŋu o. Ale si woawɔ adze Mawu ŋu koŋue nɔa vevie na wo, ke menye be woadze woƒe dɔtɔ alo ame bubu aɖe ŋu o. Ne Kristotɔ aɖe doa vevie dɔ eye wòɖea nɔnɔme nyuiwo fiana la, menye ɖeko esia aƒo nu nyui tso eŋu o, ke aƒo nu nyui tso Mawu si subɔm wòlea hã ŋu. Ekema ele etɔ sinua wɔm be “woagagblɔ nya vɔ̃ tso Mawu ƒe ŋkɔ” ŋu o.—1 Timoteo 6:1; Kolosetɔwo 3:22.

Nya siwo ƒo xlã Kolosetɔwo 3:23

 Kristotɔ siwo nɔ blemadu si nye Kolose mee apostolo Paulo ŋlɔ Biblia-gbalẽ si nye Kolosetɔwo na. b Anɔ eme be eŋlɔ agbalẽa le ƒe 60-61 K.Ŋ. lɔƒo esi wolée de gaxɔ me zi gbãtɔ le Roma eye wòsusɔ vie woaɖe asi le eŋu.

 Aɖaŋuɖoɖo siwo le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa mea ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo katã ŋu be woasubɔ Mawu le ɖekawɔwɔ me, afi ka kee wotso alo nɔnɔme ka ke mee wole o. (Kolosetɔwo 3:11) Agbalẽa me nyawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo abe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ ene. (Kolosetɔwo 3:12-14) Azɔ hã, egblɔ ale si míaɖee afia le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa be míenye Mawu subɔlawo.—Kolosetɔwo 3:18–4:1.

 Ale Si Woɖe Kolosetɔwo 3:23 Gɔme Le Biblia Bubuwo Me

 “Nu sia nu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Eʋegbe Biblia.

 “Dɔ sia dɔ si wɔm miele la, miwɔe kple dzi faa. Miwɔe abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na, eye menye na amegbetɔwo o ene.”—Eʋegbe Biblia, yeyetɔ.

 “Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o.”—Agbenya La.

 Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu Kolosetɔwo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Etso Exegetical Dictionary of the New Testament, 1993 tɔ me, Babla 3 lia, axa 502.

b Ele afi si woyɔna egbea be Turkey.