Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

WATCHTOWER LIBRARY

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Watchtower Library Ŋu

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Watchtower Library Ŋu
NEƲU   NETU

Hafi nàte ŋu azã Watchtower Library la, nu siwo wòhiã be woanɔ wò kɔmpiuta ŋue nye Pentium-compatible processor (alo Processeur compatible Pentium) alo esi de ŋgɔ wu ema, Microsoft Windows 7 alo esi de ŋgɔ wu. Ne mede ɖeke o la, dɔwɔnua hiã RAM si ƒe lolome nye 48 MB, eye ele be mɔ nanɔ wò C: drive la dzi wòade 3 GB.

De dzesii: Ne Microsoft Windows 7 ye le wò kɔmpiutaa dzi la, ke gbã la, ehiã be nàyi Internet dzi ahadi kɔmpiuta dzi dɔwɔnu si aɖe mɔ na wò be nàda ISO faɛl ɖe wò kɔmpiutaa dzi eye nàwɔ eƒe kɔpi. Àte ŋu akpɔ dɔwɔnu sia ƒe ɖe ne èyi Microsoft ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea.

 

Ne èle nyatakakawo xɔm be Watchtower Library mete ŋu le nu yeyewo dam ɖi o la, zɔ ɖe afɔɖoƒe siwo gbɔna dzi ale be wò ŋutɔ nàda nu yeyewo ɖi:

  1. Ʋu jw.org eye nàdi nyati si nye Ale Si Nàda Nu Yeyewo Ðe Watchtower Library Dzi.

  2. Watchtower Library Update Package ƒe kɔpi si le mia degbe me.

  3. Zɔ ɖe mɔfiame siwo le tanya sue si nye “Da Nu Yeyewo Ði” dzi.

Ne èwɔ esiawo katã vɔ gake medze edzi oa, ke zɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi:

  1. Le File Explorer mea, ʋu “C:\ProgramData\Watchtower\WTLibrary.”

  2. Tutu faɛl eve siawo ɖa:

    • a. ca-bundle.zip

    • b. cert.pem

Ne esiawo hã wɔwɔ gale sesẽm na wòa, ke bia ame aɖe si nya nu tso Watchtower Library ŋu nyuie wòakpe ɖe ŋuwò, alo ƒo ka na míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe ŋuwò.

 

Bia ame aɖe si nya nu tso Watchtower Library ŋu nyuie wòakpe ɖe ŋuwò, alo ƒo ka na míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe ŋuwò.