Dzo kpo yi emenuwo dzi

GEORGIA

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Georgia

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Georgia
  1. JANUARY 17, 2017—Esi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ Tsartsidze kple Georgia dukɔa dome nyaa vɔa, wotso afia be ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple setɔwo ɖi fɔ esi womekpɔ Ðasefoawo ta le ŋutasesẽ ƒe amedzidzedzea me o

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  2. DECEMBER 10, 2014—Wode Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-Hamea agbalẽ me le se nu le Georgia eye esia wɔe be bubu va le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ŋu geɖe wu

  3. OCTOBER 7, 2014—Esi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ Begheluri kple Georgia dukɔa dome nyaa vɔa, wotso afia be setɔwo ɖi fɔ esi womekpɔ Ðasefoawo ta le ŋutasesẽ ƒe amedzidzedzea me o

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  4. APRIL 6, 2013—Ðasefowo keke woƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu le Tbilisi

  5. MAY 3, 2007—Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea (Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea) dzro nu si wowɔ ɖe Ðasefowo ŋu le Gldani la me, eye wotso afia be Georgia ƒe setɔwo ɖi fɔ esi womekpɔ Ðasefoawo ta le ŋutasesẽ ƒe amedzidzedze ma me o

  6. NOVEMBER 28, 2003—Wogbugbɔ de míaƒe dɔwɔha si nye Branch of the Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania (USA) in Georgia agbalẽ me le se nu; yometitia dzi ɖe kpɔtɔ le esia megbe kpuie

  7. FEBRUARY 22, 2001—Georgia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia be Ðasefoawo ƒe dɔwɔhawo megale se nu o; yometitia ganyra ɖe edzi

  8. OCTOBER 17, 1999—Woɖo nugbe ɖe Ðasefoawo ŋu hede asi wo yome titi me. Nuvlowɔha aɖee dze wo dzi gbã le Gldani eye yometitia keke ta yi Georgia bliboa

  9. APRIL 27, 1999—Georgia va nye dukɔ 41 lia si ɖo Europa Aɖaŋudehaa me

  10. JUNE 11, 1998—Ðasefoawo de woƒe dɔwɔha aɖe agbalẽ me; eyae nye Branch of the Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania (USA) in Georgia

  11. APRIL 17, 1998—Ðasefoawo de woƒe dɔwɔha si nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Habɔbɔ agbalẽ me le se nu

  12. ƑE 1969—Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gbãtɔ va nɔ ɖoɖo wɔm ɖe woƒe subɔsubɔ ŋu

  13. ƑE 1953—Esime Georgia nɔ Soviet Union dziɖuɖua tea, nyɔnu aɖe si nye ɖukɔ ma me tɔ va zu Yehowa Ðasefo esime wònɔ Nazi fuwɔamesaɖa aɖe me, eye esi wòtrɔ yi wo dea, eva nɔ nu ƒom tso eƒe dzixɔsewo ŋu na amewo