Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER 2, 2019
TOGO

Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Togo

Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Togo

Le ƒe 2019 ƒe tsidzaŋɔli le Togo la, tsi sesẽwo dza enuenu eye esia na tsi ɖe Togo ƒe dugã si nye Lomé la ƒe nuto aɖewo. Tsia gblẽ nu le mía nɔvi 257 siwo tso hame vovovo adre me la ŋu. Habɔbɔa wɔ ɖoɖo wole kpekpeɖeŋu nam wo.

Le nuto aɖewo me la, tsia ɖɔ ale gbegbe be eɖo amewo ƒe ali gbɔ ke le woƒe aƒewo me, si wɔe be mía nɔvi 51 ʋu le woƒe aƒewo me. Nɔvi siwo le nuto siwo me tsia megblẽ nu le o la xɔ nɔvi siawo ɖe woƒe aƒewo me hele wo dzi kpɔm.

Tsiɖɔɖɔa gblẽ woƒe vudometsiwo kple tsi bubu siwo wozãna. Benin Alɔdzekɔmitia, si kpɔa dɔa dzi le Togo la, wɔ ɖoɖo nutome sue dzikpɔlawo kple nutoa me hamemetsitsiwo le nuhiahiã veviwo mam na nɔvi siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le. Nuhiahiã vevi mawo dometɔ aɖewoe nye atike siwo ɖea ɖi le tsi me, adzalẽ kple bleach (l’eau de Javel).

Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra mía nɔvi siwo le Togo esime wole lɔlɔ̃ akuakua ɖem fia wo nɔewo.—Yohanes 13:34, 35.