Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia-ɖeɖefia Tɔxɛ Aɖe Le France

Biblia-ɖeɖefia Tɔxɛ Aɖe Le France

Ame akpe geɖe siwo ɖi tsa yi Rouen Dukɔwo Dome Adzɔnuwo Ðefiaƒe le France ƒe dziehe le ƒe 2014 me la kpɔ agbadɔ hesusuname aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be: “Biblia La—Etsɔ Si Va Yi, Egbea Kple Etsɔ Si Gbɔna.”

Le agbadɔa ŋgɔ la, wole video kpui aɖe si ku ɖe Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋu la ɖem le kɔmpiuta gbadzawo dzi, eye esia he tsaɖila geɖewo ƒe susu. Ne vavalawo ge ɖe agbadɔa me la, woate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Biblia ɖea vi na ame egbeae, ale si ŋutinya siwo le eme la de pɛpɛpɛ, ale si Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya kple ale si wòle ame akpa gãtɔ sii la ŋu.

Le ɖeɖefia me la, woɖe ale si wokpɔ Biblia ta tso blema va se ɖe egbea kple ale si wòle nɔnɔme vovovowo me ame miliɔn akpe geɖewo ate ŋu axlẽ egbea la fia, eɖanye Biblia tata alo esiwo wolé ɖe mɔ̃ dzi o. Wona Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si Yehowa Ðasefowo tana le gbegbɔgblɔ 120 kple edzivɔwo me la ɖeka vavala ɖe sia ɖe.

Vavala geɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo Ðasefoawo dze be Biblia nasu amewo si la ŋu. Esi nyɔnu aɖe si kplɔa sɔhɛviwo ɖia tsae la kple sɔhɛvi siwo kplɔe ɖo le ɖeɖefia kpɔm la, egblɔ be: “Míaƒe domenyinue Biblia nye. Agbalẽ sia le agbe. Ɣesiaɣi si mexlẽe la, mekpɔa nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo.”

Mama aɖe si xɔ ƒe 60 la ƒe nu ku esi wogblɔ nɛ be ate ŋu axɔ Biblia ɖeka femaxee. Egblɔ be: “Edze be mí katã míagadze exexlẽ gɔme, elabe mí katã míehiã nɛ!