Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ele Kpekpem Ðe Sɔhɛwo Ŋu Wole Te Nɔm Ðe Ŋutasẽlawo Nu Le Suku

Ele Kpekpem Ðe Sɔhɛwo Ŋu Wole Te Nɔm Ðe Ŋutasẽlawo Nu Le Suku

Eŋlisiawo ƒe dɔmenyohabɔbɔ aɖe na Diana Nunana ƒe ewo-vi aɖe si ŋkɔe nye Hugo nyitsɔ laa le ale si wòle kpekpem ɖe eƒe sukuhatiwo ŋu wole te nɔm ɖe ŋutasẽlawo nu le suku ta.

Hugo gblɔ be: “Video si nye Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae ye na mexɔ nunana sia. Meva zu ame si kpena ɖe amewo ŋu wonɔa te ɖe anyrawɔwɔ ɖe ame ŋu nu esi mekpɔ video sia le jw.org.”

“Wowɔa anyra le ɖeviwo ŋu le xexea me godoo gbe sia gbe. . . . , gake . . . àte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu.” (Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae me nya aɖewo)

Hugo ɖe Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu ƒe video la na eƒe nufialawo gbã. Video sia wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be woɖoe be yewoafia jw.org nyatakakadzraɖoƒea zazã sukuviawo katã. Fifia ƒe enyi-vi geɖewo ʋua jw.org edziedzi. Wogblɔ be nyatakakadzraɖoƒea kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu le te nɔm ɖe kuxi vovovowo abe ŋutasesẽ le ame ŋu le suku ene nu. Eye gakpe ɖe eŋu la, ele kpekpem ɖe yewo ŋu yewole ŋuɖoɖo kpɔm na nyabiase geɖe siwo dometɔ aɖee nye, Aleke mawɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo?

Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Vi Ðem Na Sɔhɛwo

Le Eŋlisiawo ƒe suku bubu me la, wosẽa ŋuta le ƒe ewo-vi Elijah ŋu. Eya kple eƒe ƒomea me tɔwo kpɔ video si nye Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu nyuie. Wo katã wogblɔ nya siwo wòate ŋu agblɔ ne ame aɖe di be yeasẽ ŋuta le eŋu le suku, eye wowɔ nu siwo wòate ŋu awɔ la hã wòkpɔ. Esia na kakaɖedzi su Elijah si be yeate ŋu anɔ te ɖe kuxi sia nu dzidzedzetɔe. Emegbe le kwasiɖa si woɖo be woatsɔ atsi tsitre ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋuti ŋu me la, Elijah ƒe sukutatɔ ɖe video sia sukuviawo katã kpɔ.

Gake menye Britain koe wosẽa ŋuta le sukuviwo ŋu le o. Wosẽa ŋuta le amewo ŋu le anyigba dzi godoo, eye nutata ƒe video sia le kpekpem ɖe sɔhɛwo ŋu le xexea me godoo.

Le United States (États-Unis) la, ƒe ewo-vi Ivie vɔ̃na na eƒe sukuxɔmehati nyɔnuvi aɖe si sẽa ŋuta le eŋu. Esi Ivie kpɔ Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu ƒe video sia la, dzi ɖo eƒo wòte ŋu nɔ te ɖe nyɔnuvia nu. Eɖo dze tso nɔnɔmea ŋu na eƒe nufiala, eye eya hã kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe nɔnɔme sia nu. Ivie ƒe sukuxɔmehatia va ɖe kuku nɛ eye fifia wo dome va le nyuie.

Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le sɔhɛwo ƒe nyonyo me vevie. Míayi edzi anɔ nyati siwo me aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le, siwo akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woanɔ te ɖe woƒe gbe sia gbe kuxiwo abe ŋutasesẽ le ame ŋu le suku ene nu la tam.