Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Ŋkeke Ade Siwo Wotsɔ Wɔ Anyigbadzinuwo La Dometɔ Ðe Sia Ðe Nye Gaƒoƒo 24 Mahã?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Ŋkeke Ade Siwo Wotsɔ Wɔ Anyigbadzinuwo La Dometɔ Ðe Sia Ðe Nye Gaƒoƒo 24 Mahã?

 Ao. Togbɔ be mí Yehowa Ðasefowo míexɔe se be Mawue wɔ nuwo katã hã la, mímeda asi ɖe ame siwo fiaa nu be ŋkeke ade siwo wotsɔ wɔ anyigbadzinuwo la dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 ƒe nufiafia dzi o. Nu ka tae? Elabe ame siwo fiaa nu sia ƒe susuwo dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple Biblia o. Eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewoe nye esi:

  1.   Ŋkeke ade siwo wotsɔ wɔ anyigbadzinuwo ƒe didime. Ame siawo dometɔ aɖewo fiaa nu be ŋkeke ade siwo wotsɔ wɔ anyigbadzinuwo la dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24. Gake ne wozã nya “ŋkeke” le Biblia me la, etea ŋu fiaa ɣeyiɣi didi aɖe.​—1 Mose 2:4; Psalmo 90:4

  2.   Ɣeyiɣi didi si va yi tso esime wowɔ anyigba. Nufiala siawo dometɔ aɖewo fiaa nu be wowɔ anyigba la ƒe akpe ʋɛ aɖewo koe nye esia. Gake le Biblia ƒe nya nu la, anyigba la kple xexea siaa li xoxoxo hafi wova wɔ anyigbadzinuwo le ŋkeke adeawo me. (1 Mose 1:1) Susu sia tae Yehowa Ðasefowo daa asi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku siwo ɖo kpe edzi be wowɔ anyigba anye ƒe miliɔn akpe geɖewoe nye esia la dzi.

 Togbɔ be mí Yehowa Ðasefowo míexɔe se be ɖe wowɔ nuwo hã la, míetsi tsitre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu o. Míexɔe se be dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ wɔ ɖeka kple Biblia.