Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Sewo Le Yehowa Ðasefowo Si Ku Ðe Gbeɖoɖoɖi Ŋua?

Ðe Sewo Le Yehowa Ðasefowo Si Ku Ðe Gbeɖoɖoɖi Ŋua?

 Yehowa Ðasefowo xɔe se be se kple mɔfiame siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòawɔ nyametsotso nyui siwo adze Mawu ŋu, eye woaɖe vi na amea hã. (Yesaya 48:17, 18) Menye míawoe de se siawo o, gake míenɔa agbe ɖe wo nu. Na míakpɔ se siawo dometɔ aɖewo siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu ɖa. a

  •   Srɔ̃ɖeɖe nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu si nɔa anyi ɖaa. (Mateo 19:6) Esi Yehowa Ðasefowo nyae be gbeɖoɖoɖi kplɔa ame yia srɔ̃ɖeɖe me ta la, wometsɔnɛ nu tsɛ o.

  •   Ame siwo tsi ate ŋu aɖe srɔ̃ koe kpɔ mɔ aɖo gbe ɖi. Ele be woanye ame siwo ‘to sɔhɛnyenye,’ si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna ɖe ame me la, me do.​— 1 Korintotɔwo 7:36.

  •   Ele be ame siwo le gbe ɖom ɖi nanye ame siwo ŋuti vo woaɖe srɔ̃. Mawu mebua ame siwo gbe wo nɔewo le setɔwo gbɔ la dometɔ aɖewo be wo ŋuti vo woaɖe ame bubu o, elabe eƒe sededee nye be ahasiwɔwɔ ko tae ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖo.​—Mateo 19:9.

  •   Wode se na Kristotɔ siwo di be yewoaɖe srɔ̃ la be woaɖe ame si nye haxɔsetɔ ko. (1 Korintotɔwo 7:39) Yehowa Ðasefowo bua sedede sia be eku ɖe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ siwo ƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu henɔa agbe ɖe wo nu la ŋu, ke menye ame siwo dea bubu míaƒe dzixɔsewo ŋu dzro ko o. (2 Korintotɔwo 6:14) Tso gbe aɖe gbe kee Mawu de se na esubɔlawo be woaɖe woƒe haxɔsetɔwo ko. (1 Mose 24:3; Malaki 2:11) Sedede sia ɖea vi, eye numekulawo hã va de dzesii nenema. b

  •   Ele be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo. (Lododowo 1:8; Kolosetɔwo 3:20) Le ɖevi siwo kpɔtɔ le wo dzilawo gbɔ le aƒe me gome la, ele be woawɔ ɖe se siwo wo dzilawo de ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu hã dzi. Sedede siawo ƒe ɖewo ate ŋu aku ɖe ƒe siwo wo viwo axɔ hafi adze gbeɖoɖoɖi gɔme kple nuwɔna siwo ŋu woaɖe mɔ ɖo la ŋu.

  •   Le Ŋɔŋlɔawo nu la, Ðasefo ɖe sia ɖe kpɔ mɔ atiae be yeaɖo gbe ɖi loo alo yemaɖo gbe ɖi o, eye eya ŋutɔ kpɔ mɔ atia ame si wòaɖo gbe ɖi kple hã. Esia wɔ ɖeka kple mɔfiame si nye be: “Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã, Ðasefo siwo di be yewoaɖo gbe ɖi la dometɔ geɖe wɔa nu le nunya me hebia nuxlɔ̃ame tso Ðasefo tsitsi siwo tsɔ ɖe le eme na wo la gbɔ.​—Lododowo 1:5.

  •   Le nyateƒe me la, nuwɔna geɖe siwo yia edzi le ame siwo le gbe ɖom ɖi la dometɔ geɖewo dome la nye nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de se na mí be míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu. Menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ koe se sia lɔ ɖe eme o, ke elɔ nuwɔna makɔmakɔ bubu siwo yia edzi le ame siwo meɖe wo nɔewo o dome hã ɖe eme. Nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye asilili ame nɔewo ƒe vidzinuwo ŋu alo gbɔdɔdɔ to meƒi me alo to nu me. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Ne ame eve siwo meɖe wo nɔewo o wɔa nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe wo me la, enye “makɔmakɔnyenye,” eye medzea Mawu ŋu o, togbɔ be womedɔ ŋutɔŋutɔ o hã. (Galatiatɔwo 5:19-21) Biblia ƒo nu tsi tre ɖe “yakanyawo,” si fia gbegblẽnyawo gbɔgblɔ la ŋu.​—Kolosetɔwo 3:8.

  •   Alakpatɔe míaƒe dzi, si nye ame si míenye le ememe la nye. (Yeremiya 17:9) Ame ƒe dzi ate ŋu ana be wòawɔ nu si eya ŋutɔ nya be menyo o gɔ̃ hã. Ne ame siwo ɖo gbe ɖi medi be yewoƒe dzi nakplɔ yewo atrae o la, mele be woawo ɖeɖe nanɔ teƒe si ana wòanɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nu gbegblẽ o. Ame siwo le gbe ɖom ɖi la ate ŋu atiae be yewoaɖe afɔ siwo akpɔ yewo ta. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be woanɔ xɔlɔ̃ nyuiwo dome alo ana ame aɖe si sɔ la nanɔ wo ŋu. (Lododowo 28:26) Tre Kristotɔ siwo le srɔ̃ dim be yewoaɖe la dea dzesii be afɔku le ame si woaɖe la didi to internet dzi me, vevietɔ gbeɖoɖoɖi kple ame si ŋu womenya nu boo aɖeke tso o.​—Psalmo 26:4.

a Dukɔ aɖewo me tɔwo ɖoa gbe ɖi, gake dukɔ bubu aɖewo hã me tɔwo meɖoa gbe ɖi o. Biblia megblɔ be ehiã be woaɖo gbe ɖi alo be ele be woaɖo gbe ɖi godoo hafi aɖe srɔ̃ o.

b Le kpɔɖeŋu me, nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Marriage & Family Review) me gblɔ be “numekuku etɔ̃ aɖewo siwo wowɔ tso srɔ̃ɖeɖe siwo nɔ anyi eteƒe didi ŋu la ɖee fia be nu vevi siwo nana be srɔ̃ɖeɖe nɔa anyi eteƒe didina (ƒe 25 va se ɖe​50 kple edzivɔ) lae nye ale si srɔ̃tɔawo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo, xɔse kple dzixɔsewo wɔ ɖeka.”​—Babla 38, nyati 1, axa 88 (ƒe 2005).