Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa Dzra Mɔ Dzi Ðo

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa Dzra Mɔ Dzi Ðo

MATEO 3:1-12 MARKO 1:1-8 LUKA 3:1-18 YOHANES 1:6-8, 15-28

  • YOHANES VA LE GBEƑÃ ÐEM HELE AMEWO NYRƆM

  • WONYRƆ AME GEÐE, GAKE MENYE AME SIA AME O

Ƒe 17 aɖewo va yi tso esime Yesu, si xɔ ƒe 12 la nɔ nya biam nufialawo le gbedoxɔa me. Ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe adame ɖo azɔ. Ame geɖe le nu ƒom tso Yesu ƒe ƒometɔ Yohanes, ame si le gbeƒã ɖem le nuto siwo katã le Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome la ŋuti.

Yohanes nye ame si ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi le eƒe dzedzeme kple eƒe nuƒoƒo siaa me. Edoa kposɔfuwu eye wòtsɔa lãgbalẽlidziblanu blaa ali dzi. Ʋetsuviwo kple gbemenyitsie nye eƒe nuɖuɖu. Nu kae nye eƒe gbedeasia? “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.”—Mateo 3:2.

Yohanes ƒe gbedeasia ʋã ame siwo va egbɔ be yewoaɖo toe. Ame geɖe kpɔ hiahiã si li be yewoatrɔ dzi me la dze sii, eye ema fia be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ kple woƒe mɔwo, eye woaɖe asi le woƒe tsãgbenɔnɔ si menyo o la ŋu. Ame siwo va egbɔ la tso “Yerusalem kple Yudea blibo la kpakple Yordan nuto blibo la me.” (Mateo 3:5) Ame siwo va se Yohanes ƒe nyawo la dometɔ geɖe trɔ dzi me. Enyrɔ wo ɖe Yordan-tɔsisi la me. Nu ka tae?

Enyrɔ amewo wònye dzesi be wotrɔ dzi me vavã helɔ̃ ɖe edzi be yewowɔ nu vɔ̃, le esi woda le Mawu ƒe Se ƒe nubabla la dzi ta. (Dɔwɔwɔwo 19:4) Gake menye ame sia amee dze be woanyrɔe o. Esi subɔsubɔhakplɔla siwo nye Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va Yohanes gbɔ la, eyɔ wo be “dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo.” Egblɔ na wo be: “Mitse ku si dze dzimetɔtrɔ. Miganɔ gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo me be, ‘Abraham ye nye mía fofo’ o. Elabena mele egblɔm na mi be, Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham. Wotsɔ fía ɖo atiawo ƒe ke dzi xoxo. Eya ta ati sia ati si metsea ku nyui o la, woalãe ade dzo me.”—Mateo 3:7-10.

Esi ame geɖe nɔ to ɖom Yohanes, eye ŋusẽ le eƒe gbedeasia ŋu, eye wòle ame geɖe nyrɔm ta la, wodɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖe egbɔ be woabiae be: “Ame kae nènye?”

Yohanes ʋu eme be: “Menye nyee nye Kristo la o.”

Wobiae be: “Ekema ame kae nènye? Wòe nye Eliya?”

Eɖo eŋu be: “Menye nyee o.”

Wobiae be: “Wòe nye Nyagblɔɖila la?” Nyagblɔɖila vevitɔ si ƒe vava ŋu nya Mose gblɔ ɖi lae wowɔnɛ.—5 Mose 18:15, 18.

Yohanes ɖo eŋu be: “Ao!”

Eya ta wobiae tẽe be: “Ame ka gɔ̃e nènye? Gblɔe na mí ale be míana ŋuɖoɖo ame siwo dɔ mí ɖa. Nya ka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu?” Yohanes gblɔ be: “Ame si le ɣli dom le gbedzi be, ‘Mina Yehowa ƒe mɔ nadzɔ,’ lae menye, abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ene.”—Yohanes 1:19-23.

Wobiae be: “Ne menye wòe nye Kristo la alo Eliya alo Nyagblɔɖila la o la, ekema nu ka tae nèle amewo nyrɔm?” Eɖo eŋu na wo nyuie ale: “Nye la, mele amewo nyrɔm ɖe tsi me. Ame aɖe le tsitre ɖe mia dome, si mienya o, ame si le megbenye gbɔna.”—Yohanes 1:25-27.

Ɛ̃, Yohanes ɖe eme be ɖe yele mɔa dzi dzram ɖo esi wòna dzi nyui le amewo si sum be woaxɔ Mesia, ame si ŋu nya wogblɔ ɖi, si ava nye Fia la. Yohanes gblɔ le ame sia ŋu be: “Ame si le megbenye gbɔna la tri akɔ wum, ame si ƒe afɔkpawo nyemedze aɖe o.” (Mateo 3:11) Le nyateƒe me la, Yohanes gblɔ gɔ̃ hã be: “Ame si le megbenye gbɔna la nye gã wum, elabena eli hafi meva dzɔ.”—Yohanes 1:15.

Eya ta Yohanes ƒe gbedeasi si nye be, “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo” la sɔ ŋutɔ. (Mateo 3:2) Enye gbeƒãɖeɖe na amewo le gaglãgbe be Yesu Kristo, si nye Fia si gbɔna, si Yehowa tia la ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzeɣi ɖo.