Marko 1:1-45

  • Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe gbeƒã (1-8)

  • Wonyrɔ Yesu (9-11)

  • Satana te Yesu kpɔ (12, 13)

  • Yesu dze gbeƒãɖeɖe gɔme le Galilea (14, 15)

  • Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo (16-20)

  • Enya gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do goe (21-28)

  • Yesu da dɔ na ame geɖewo le Kapernaum (29-34)

  • Edo gbe ɖa le afi si ame aɖeke mele o (35-39)

  • Eda gbe le anyidɔléla aɖe ŋu (40-45)

1  Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, ŋuti nya nyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi:  Abe ale si woŋlɔe ɖe nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ mee ene be: “(Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra mɔ dzi ɖo na wò.)+  Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.’”+  Yohanes Amenyrɔɖetsimela va gbedzi, eye wòle gbeƒã ɖem nyɔnyrɔxɔxɔ, si nye dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke ƒe dzesi.+  Eye Yudea-nyigba blibo la dzi nɔlawo kple Yerusalem nɔlawo katã vaa egbɔ, eye woʋua woƒe nu vɔ̃wo me, eye wònyrɔa wo ɖe Yordan-tɔsisia me.+  Yohanes do kposɔfuwu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblanu bla ali dzi,+ eye wòɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi.+  Eɖea gbeƒã be: “Ame aɖe si tri akɔ wum la le megbenye gbɔna, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe afɔkpakawo o.+  Metsɔ tsi nyrɔ mi, ke eya atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ mi.”+  Le ŋkeke mawo me la, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes nyrɔe ɖe Yordan-tɔsisia me.+ 10  Esi wònya do go le tsia me teti ko la, ekpɔ dziƒowo nu ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.+ 11  Eye gbe aɖe ɖi tso dziƒowo be: “Wòe nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.”+ 12  Enumake gbɔgbɔ la ƒoe ɖe enu wòyi gbedadaƒo. 13  Enɔ gbedadaƒo ŋkeke blaene, eye Satana tee kpɔ.+ Enɔ gbemelãwo dome, eye mawudɔlawo nɔ esubɔm.+ 14  Ke esi wolé Yohanes megbe la, Yesu yi Galilea+ hele gbeƒã ɖem Mawu ƒe nya nyui la+ 15  le gbɔgblɔm be: “Ɣeyiɣi ɖoɖi la de, eye Mawu Fiaɖuƒe la gogo. Mitrɔ dzi me,+ eye mixɔ nya nyui la dzi se.” 16  Esi wòto Galilea-ƒua nu yina la, ekpɔ Simon kple nɔvia Andrea+ wole woƒe asabu dam,+ elabena tɔƒodelawoe wonye.+ 17  Eye Yesu gblɔ na wo be: “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawo.”+ 18  Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi hedze eyome.+ 19  Esi wòzɔ yi ŋgɔ vie la, ekpɔ Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes wole woƒe tɔdziʋu me le woƒe ɖɔ vuvuwo sam,+ 20  eye wòyɔ wo enumake. Ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hedze eyome. 21  Eye wodzo yi Kapernaum. Esi Sabat ŋkekea nya ɖo ko la, eyi ƒuƒoƒe la, eye wòde asi nufiafia me.+ 22  Eye ameawo ƒe nu ku le ale si wòfia nui ta, elabena ele nu fiam wo abe ame si si ŋusẽ le ene, ke menye abe agbalẽfialawo ene o.+ 23  Ɣemaɣi tututu la, ŋutsu aɖe si dzi gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe kpɔ ŋusẽ ɖo la le woƒe ƒuƒoƒe la, eye wòdo ɣli be: 24  “Nya kae le mí kpli wò dome, wò, Yesu Nazaretetɔ?+ Ðe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si tututu nènye, Mawu ƒe Kɔkɔetɔ lae nènye!”+ 25  Ke Yesu ka mo nɛ be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme!” 26  Esi gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae vɔ la, gbɔgbɔ la do ɣli sesĩe eye wòdo go le eme. 27  Eye ameawo katã ƒe mo wɔ yaa ale gbegbe be wote gbɔgblɔ le wo nɔewo dome be: “Nu ka gɔ̃e nye esia? Nufiafia yeyee nye esia! Ŋusẽ le esi wòɖea gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔwo gɔ̃ hã, eye woɖoa toe.” 28  Ale eŋuti nya kaka enumake ɖe afi sia afi le Galilea nutoa katã me. 29  Ale wodzo le ƒuƒoƒea yi Simon kple Andrea ƒe me, eye Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu.+ 30  Ke asrã lé Simon lɔ̃xo+ wòle anyimlɔƒe, eye enumake wogblɔ nyɔnua ŋu nya nɛ. 31  Eyi egbɔ, eye wòlé eƒe alɔnu wòfɔ, ale asrã la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo. 32  Esi fiẽ ɖo, eye ɣe ɖo to la, amewo kplɔ dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ;+ 33  eye du bliboa va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu tututu. 34  Eda dɔ na ame geɖe siwo ŋu dɔléle vovovowo le,+ eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo do goe, ke meɖea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya be eyae nye Kristo.* 35  Le ŋdi kanya, esi xexea me mekpɔ kɔ nyuie haɖe o la, efɔ do go yi afi si ame aɖeke mele o, eye wòde asi gbedodoɖa me le afi ma.+ 36  Ke Simon kple ame siwo kpe ɖe eŋu la dii, 37  eye esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ be: “Ame sia ame le diwòm.” 38  Ke egblɔ na wo be: “Mina míayi teƒe bubu le du siwo gogo afi sia me, ne maɖe gbeƒã le afi mawo hã, elabena esia tae meva ɖo.”+ 39  Ale wòyi ɖale gbeƒã ɖem le woƒe ƒuƒoƒewo le Galilea blibo la, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe.+ 40  Anyidɔléla* aɖe hã va egbɔ, eye wòdze klo hele kuku ɖem nɛ vevie be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”+ 41  Ale eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ nɛ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.”+ 42  Enumake anyidɔ* la vɔ nɛ, eye eŋuti kɔ. 43  Ede se nɛ vevie, eye wòdo mɔe enumake 44  hegblɔ nɛ be: “Mègagblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla, eye nàna nu siwo Mose ƒe se la bia+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”+ 45  Ke esi ŋutsua dzo la, ede asi gbeƒãɖeɖe tso nya la ŋu me, eye wòkakae ale gbegbe be Yesu megatea ŋu gena ɖe du aɖeke me gaglãa o, ke boŋ duawo godo koe wònɔna le afi si amewo mele o. Gake amewo gatsoa goawo katã me vaa egbɔ kokoko.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “wodze si ame si wònye.”
Alo, “Kpodɔléla.”
Alo, “kpodɔ.”