Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

“Madi Esiwo Bu La”

“Madi Esiwo Bu La”

Alẽvi ɖeka aɖee nye ema va tsi afi aɖe hele xɔxlɔ̃m. Esi wonɔ gbe ɖum le gbeɖuƒe aɖe la, eva ɖe ɖe aga le etɔ susɔeawo ŋu le manyamanya me. Fifiaa, megale etɔwo loo alo wo kplɔlaa kpɔm o. Viviti hã le dodom. Bali aɖe si me lãlénuwo bɔ ɖo mee alẽvi sia bu ɖo, eya ta edze abe wɔna vɔ nɛ ene. Kasia ese ame nyanyɛ aɖe ƒe gbe—wo kplɔlaa ƒe gbee. Alẽkplɔlaa ƒu du va alẽvia gbɔ, kɔe ɖe eƒe akɔnu, eye wòxatsa avɔ si le kɔ me nɛ la ɖe eŋu hekɔe yi aƒe me.

YEHOWA tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla sia tɔgbi enuenu. Eka ɖe edzi na mí le eƒe Nya la me be: “Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye malé be na wo.”—Ezekiel 34:11, 12.

“Alẽ Siwo Meléa Be Na”

Ame kawoe nye Yehowa ƒe alẽwo? Kpuie ko la, woawoe nye ame siwo lɔ̃e hedea ta agu nɛ. Biblia gblɔ be: “Mina míabɔbɔ ade ta agu; mina míadze klo ɖe Yehowa mía Wɔla la ŋkume. Elabena eyae nye mía Mawu, míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe, kple alẽwo le eƒe dzikpɔkpɔ te.” (Psalmo 95:6, 7) Abe ale si ko alẽwo nɔa wo kplɔlaa yome ene la, nenema kee Yehowa subɔlawo hã dina vevie be yewoanɔ yewo kplɔla Yehowa ŋu kplikplikpli. Gake ɖe wote ŋu nɔa eŋu alea ɣesiaɣia? Ao. Ete ŋu dzɔna ɖe Mawu subɔla aɖewo dzi be wova zua “alẽ siwo ka hlẽ,” “alẽ búbuwo,” kple “alẽ siwo tra mɔ.” (Ezekiel 34:12; Mateo 15:24; 1 Petro 2:25) Gake ne edzɔ be ame aɖe tra mɔ hã la, Yehowa mebunɛ be wɔna vɔ nɛ o.

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be Yehowa gakpɔtɔ nye Kplɔwòla? Aleke Yehowa ɖenɛ fiana egbea be yenye mía Kplɔla? Na míade ŋugble tso mɔ etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ:

Enyia mí le gbɔgbɔ me. Yehowa gblɔ be: “Manyi wo le lãnyiƒe damawo . . . Afi mae woatsyɔ akɔ ɖo le gbeɖuƒe nyuitɔwo, eye woaɖu nu le lãnyiƒe damawo.” (Ezekiel 34:14) Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu dami vovovowo mí ɣesiaɣi ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ðe nàte ŋu aɖo ŋku nyati aɖe, nuƒo aɖe, alo video aɖe dzi, si ɖo wò gbedodoɖa aɖe ŋu na wò kpɔa? Ðe esia mena nèkpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò oa?

Ekpɔa mía ta eye wòkpena ɖe mía ŋu. Yehowa do ŋugbe be: “Madi esiwo bu la, makplɔ esiwo tra mɔ agbɔe, mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, eye mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ.” (Ezekiel 34:16) Yehowa doa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ alo tsi dzimaɖi vevie. Yehowa blaa abi na eƒe alẽ siwo nu vevi wɔ la hekpena ɖe wo ŋu be abia naku na wo—ne haxɔsetɔ aɖee de abia wo ŋu gɔ̃ hã. Ekplɔa esiwo tra mɔ eye ɖewohĩ woƒe dzitsinya le fu ɖem na wo la gbɔnɛ.

Etsɔ ɖe le míaƒe dedienɔnɔ me. Yehowa gblɔ be: “Makplɔ wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ ɖo,” eye “madi esiwo bu la.” (Ezekiel 34:12, 16) Yehowa mebua alẽ búbu be enye alẽ kuku o. Ne alẽ aɖe bu la, enyana; edia eyome mɔ, eye ne ekpɔe la, ekpɔa dzidzɔ. (Mateo 18:12-14) Mewɔ nuku o be eyɔa esubɔla vavãwo be “nye alẽwo, alẽ siwo meléa be na.” (Ezekiel 34:31) Wò hã enye alẽ mawo dometɔ ɖeka.

Yehowa mebua alẽ búbu be enye alẽ kuku o. Ekpɔa dzidzɔ ne eke ɖe alẽ si bu la ŋu

“Wɔ Míaƒe Ŋkekewo Yeyee Na Mí, Abe Tsã Ene”

Nu ka tae Yehowa le diwòm hele kpewòm be nàtrɔ ava ye gbɔ? Elabena edi be nàkpɔ dzidzɔ. Edo ŋugbe be ‘yeadudu yayra akɔ ɖe yeƒe alẽwo dzi abe tsidzadza ene.’ (Ezekiel 34:26) Menye ŋugbedodo gbɔloe nya mawo nye o. Wò ŋutɔ èkpɔ yayra mawo teƒe kpɔ.

Èɖo ŋku ɣeyiɣi si me nèva nya Yehowa dzia? Le kpɔɖeŋu me, aleke nèse le ɖokuiwò me esi nèva srɔ̃ nyateƒe dodzidzɔname siwo ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo na amegbetɔwo ŋu zi gbãtɔ? Èɖo ŋku dzidzɔ si wònyena na wò ne èwɔ ɖeka kple hati Kristotɔwo le takpekpe suewo kple gãwo me dzia? Ðe medzɔ kpɔ be nèɖe gbeƒã nya nyuia na ame aɖe si tsɔ ɖe le eme vevie eye nètsɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe yi aƒe mee gbe ma gbe oa?

Àte ŋu agakpɔ dzidzɔ mawo ake. Mawu subɔla aɖewo siwo nɔ anyi le blema la do gbe ɖa be: “Oo Yehowa, kplɔ mí gbɔe va ɖokuiwò gbɔ, ekema míalɔ̃ faa atrɔ agbɔ. Wɔ míaƒe ŋkekewo yeyee na mí, abe tsã ene.” (Konyifahawo 5:21) Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu, eye eƒe amewo gbugbɔ trɔ yi wo de ɖasubɔe le dzidzɔ me abe tsã ene. (Nehemiya 8:17) Yehowa awɔ nenema ke na wò hã.

Ke hã, mele bɔbɔe be ame natrɔ ava Yehowa gbɔ o. Na míadzro kuxi siwo nàte ŋu ado goe ne èdi be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ kple ale si nàkpɔ wo gbɔe la me.