Marko 8:1-38

  • Yesu na nuɖuɖu ŋutsu 4,000 (1-9)

  • Wobia dzesi (10-13)

  • Farisitɔwo kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu (14-21)

  • Dɔdada na ŋkuagbãtɔ aɖe le Betsaida (22-26)

  • Petro kpɔ Kristo la dze sii (27-30)

  • Yesu gblɔ eƒe ku ɖi (31-33)

  • Nusrɔ̃la vavã nyenye (34-38)

8  Le ŋkeke mawo me la, ameha gã aɖe gava ƒo ƒu, eye naneke meli woaɖu o. Eya ta eyɔ nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be:  “Ameha la ƒe nu le nublanui wɔm nam,+ elabena ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ye nye esia wole gbɔnye, eye naneke mele wo si woaɖu o.+  Ne meɖe asi le wo ŋu be woayi woƒe aƒewo me dɔmeɣi la, akpo ava tso wo le mɔ dzi, evɔ wo dometɔ aɖewo hã tso didiƒe.”  Ke eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae ame aɖe ate ŋu akpɔ abolo tsoe le teƒe tsoabo sia na ame siawo woaɖu aɖi ƒo?”  Ebia wo be: “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be: “Adre.”+  Eye wògblɔ na ameha la be woabɔbɔ anɔ anyigba. Etsɔ abolo adreawo, da akpe ɖe wo ta, ŋe wo me, eye wòtsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo ana ameawo, eye wotsɔ wo na ameha la.+  Tɔmelã suesuesue ʋɛ aɖewo hã le wo si; eye esi wòyra ɖe wo dzi la, egblɔ na wo be woatsɔ woawo hã ana ameawo.  Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wofɔ kakɛ siwo susɔ la wòde kusi gã adre.+  Ke ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe ene. Emegbe edo mɔ wo. 10  Enumake Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu va Dalmanuta nutoa me.+ 11  Farisitɔwo va afi sia, eye wode asi nyahehe me kplii hele dzesi biamee tso dziƒo be yewoatsɔ adoe kpɔ.+ 12  Exa nu vevie le dzi me* hegblɔ be: “Nu ka tae dzidzime sia le dzesi dim?+ Vavã mele egblɔm na mi be, womele dzesi aɖeke na ge dzidzime sia o.”+ 13  Ale wòdzo le wo gbɔ gaɖo tɔdziʋu heyi ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi. 14  Ke nusrɔ̃lawo meɖo ŋku edzi tsɔ abolo ɖe asi o, eye naneke mele wo si le ʋua me o, negbe abolo ɖeka ko.+ 15  Exlɔ̃ nu wo vevie be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu la ŋuti.”+ 16  Eye woʋli nya le wo nɔewo dome le abolo si mele wo si o ta. 17  Esi Yesu de dzesii la, ebia wo be: “Nu ka tae miele nya ʋlim le esi abolo aɖeke mele mia si o ta? Ðe miekpɔ dze si nu hese nu gɔme haɖe oa? Miekpɔ se nu gɔme kpɔ oa?* 18  ‘Togbɔ be ŋku li na mi hã, ɖe miekpɔa nu oa; eye to li na mi hã, ɖe miesea nu oa?’ Eye ɖe mieɖo ŋku edzi oa? 19  Esi meŋe abolo atɔ̃awo+ me na ŋutsu akpe atɔ̃awo ɖe, kusi nenie kakɛ siwo miefɔ la de?” Woɖo eŋu nɛ be: “Wuieve.”+ 20  “Esi meŋe abolo adreawo me na ŋutsu akpe eneawo ɖe, kusi gã nenie kakɛ siwo miefɔ la de?” Woɖo eŋu nɛ be: “Adre.”+ 21  Eye wòbia wo be: “Ðe miekpɔ se egɔme haɖe oa?” 22  Azɔ wova ɖo Betsaida. Le afi sia la, wokplɔ ŋkuagbãtɔ aɖe va egbɔ eye woɖe kuku nɛ vevie be wòaka asi eŋu.+ 23  Elé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu kplɔe do goe le kɔƒea me. Esi wòɖe ta ɖe eƒe ŋku dzi+ hetsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae be: “Èle nane kpɔma?” 24  Ŋutsua fɔ kɔ dzi eye wòɖo eŋu be: “Mele amewo kpɔm, gake wole abe atiwoe le zɔzɔm ene.” 25  Egatsɔ eƒe asiwo ɖo ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi, eye ŋutsua kpɔ nu nyuie azɔ. Eƒe ŋkuwo ɖɔ ɖo, eye wòle nu sia nu kpɔm nyuie. 26  Eya ta eɖe asi le eŋu be wòayi aƒe me hegblɔ nɛ be: “Mègayi kɔƒea me o.” 27  Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ta Kaisarea Filipi kɔƒewo me, eye wòbia eƒe nusrɔ̃lawo le mɔa dzi be: “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be menye?”+ 28  Woɖo eŋu nɛ be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela,+ gake bubuwo be, Eliya,+ eye bubuwo hã be, nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.” 29  Egabia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be: “Wòe nye Kristo la.”+ 30  Eye wòde se na wo vevie be womegaƒo nu tso ye ŋu na ame aɖeke o.+ 31  Azɔ ede asi nufiafia wo me be, Amegbetɔvi la akpe fu geɖe, eye dumegãwo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpakple agbalẽfialawo agbee, eye woawui,+ ke afɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe.+ 32  Le nyateƒe me la, egblɔ nya sia naneke maɣlamaɣlae. Ke Petro ɖe kpɔe hede asi nyagbegbe me nɛ.+ 33  Etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòka mo na Petro gblɔ be: “Te yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.”+ 34  Eyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti* la, eye wòadze yonyeme ɖaa.+ 35  Elabena ame sia ame si di be yeaɖe yeƒe agbe* la abui, gake ame sia ame si abu eƒe agbe* le nye kple nya nyui la ta la aɖee.+ 36  Le nyateƒe me la, viɖe kae wòanye na ame be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe?*+ 37  Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe agbe* ta?+ 38  Elabena ame sia ame si akpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi* wɔnuvɔ̃ sia me la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui+ ne eva le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Miaƒe dzi mekpɔ se nu gɔme kpɔ oa?”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “mawɔnuteƒe.”